Ŋku Léle Ðe Xexeame ŋu
Ga si Nuvlowɔwɔ Gblẽna
Le The Washington Post ƒe nya nu la, United States zãa ga dɔlar biliɔn 163 alo gblẽnɛ ɖe nuvlowɔwɔ ta ƒe sia ƒe. Nyadzɔdzɔgbalẽa ka nya ta be esi wobu ga home sia ɖe nuwo ƒe asixɔxɔ ŋu megbe gɔ̃ hã la, ede ga si wogblẽ le ƒe 1965 me ƒe teƒe ene. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be nuvlowɔwɔ ƒe gagbegblẽ dometɔ aɖewoe nye “dɔlar biliɔn 31.8 si wogblẽna ɖe dukɔa kple kpovitɔwo ƒe ha bliboa ŋu, dɔlar biliɔn 24.9 ɖe fexexe na amesiwo ƒe nu dome wogblẽ ŋu, dɔlar biliɔn 36.9 le agbaɖuɖu le nudzadzra me, dɔlar biliɔn 20 le ametafatafa le nugblẽfexexe me, kple dɔlar biliɔn 17.6 ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe nu bubúwo kple atikewɔga me. Wogagblẽa dɔlar biliɔn 15 bubu ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe dedienɔnɔ ŋu, dɔlar biliɔn 9.3 ɖe ʋunudrɔ̃nyawo ŋu kple dɔlar biliɔn 7.2 ɖe nutsotsowo kple dukɔa ƒe ametaʋiʋli ŋu.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Post gblɔ be ne woda tu ame le Washington, D.C. ƒe nutoa me la, atikewɔwɔ na amesi woda tui le tudada megbe gaƒoƒo ʋee gbãtɔwo me xɔa dɔlar 7,000 le mamã dedie nu. Ne amea tsi agbe la, gazazã la dea dɔlar 22,000. Ne dziɖuɖua di amewula hedee gaxɔ me la, eƒe gaxɔmenɔnɔ xɔa abe dɔlar 22,000 ene ƒe sia ƒe.
Ʋu Gbegblẽ le Philippines
Numekuku yeye aɖe si Philippine-ɖɔktawo wɔ la na woƒo nya ta be ʋudodo na ame le Philippines “mele dedie o, meɖɔ ʋu o eye wònye nu gbegblẽ.” Le nusiwo ŋu woke ɖo si dukɔa ƒe lãmesẽdɔdzikpɔla, Juan Flavier, yɔ be “edo voɖi na ame ŋutɔ” me la, numekukua ɖee fia be dukɔa ƒe ʋudzraɖoƒewo ƒe afã kloe ko sie ɖɔkta siwo ate ado ʋu kpɔ le mɔ̃ me akpɔ AIDS, agbadza, aklãdɔléle, kple asrã la le. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wowɔ numekuku hedo ʋu vovovo 136 siwo le ʋudzraɖoƒeawo kpɔ eye wokpɔe be dɔlékuiwo le ʋu siwo wodo kpɔ gɔ̃ hã dometɔ 4 le alafa me la me.
Gbeɖuɖɔ le Nyaɖoɖoɖa Kaba ƒe Mɔnu la Me
Wokafu nyaɖoɖoɖa kaba ƒe mɔnu si nye kɔmpiuta vovovo siwo dome kadodo le si wotsɔ ɖoa nya ɖe kɔmpiuta-zãlawo la be enye nukunu le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya me. Gake nu madeamedziwo hã le eme. Nyadzɔdzɔŋlɔla Sean Silcoff ŋlɔ nu tso ɣleti eve si wòzã “nyaɖoɖoɖa kaba ƒe mɔnu” tsɔ wɔ numekuku aɖewoe ŋu ɖe Canada-nyadzɔdzɔgbalẽ Globe and Mail me. Eƒo nya ta be enye “nu tsɛ” kple “nusi me Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe nuwɔna ƒe gbeɖuɖɔ yɔ fũ.” Ede dzesii be “dzeɖolawo ƒe ƒuƒoƒo” siwo wu 3,500 ye le mɔ̃ si wòzã ƒe kadomɔnuwo dzi, eye nyawo abe lãmesẽfefewɔlawo kple modzakaɖenamelawo, nukokoedoname nyɔŋuwo, kple television dzi nukpɔkpɔ ŋu nya maɖinyawo koŋue wo dometɔ akpa gãtɔ ƒoa nu tsonɛ. Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã ƒo nu tso ameɖokuiwumɔnuwo ŋu. Silcoff gblɔ be: “Amesiwo edze abe tsukunɔ gbogbo aɖewoe wonye ene la le dɔwɔnu vevi aɖe gblẽm.”
Anyitsi Nyo na Dɔmebia?
Ðk. Basil J. S. Grogono ŋlɔ ɖe Canada-nyadzɔdzɔgbalẽ Medical Post me be anyi sue ma ate ŋu akpe ɖe amesiwo ŋu dɔmebi le ŋu geɖe wu nusi ɖɔktawo te ŋu wɔ le ƒe 10 siwo va yi me esi wotrɔna ɖe amekoko ŋu zi geɖe. Ede dzesii be eŋutinunyala geɖe va de dzesi akpa si nu gbagbe Helicobacter pylori si wotsɔa nukpɔmɔ̃ kpɔna la wɔna le dɔmebiwo me. Togbɔ be ame aɖewo kafu atike zazã atsɔ awu nu gbagbe sue siawoe hã la, Grogono de dzesii be atike siawo gblẽa nu le ame ŋu vevie eye be nu gbagbeawo ate ŋu atu wo ɖokui ɖo anɔ te ɖe wo nu. Gake ede dzesi numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa si me wodo anyitsi ƒe nugbagbewuŋutete kpɔ le si wota ɖe Journal of the Royal Society of Medicine me. Ðeka aɖe si to vovo si New Zealand ƒe anyi siwo ɖua ati si woyɔna be manuka wɔ la nyo na nu gbagbe siwo hea dɔmebi vɛ la wuwu.
Tsumikpe Kple Wein
Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo le Belgium kple France de dzesi nusi ate ŋu anye afɔku le Francetɔwo ƒe ahawo me—tsumi. Tsumi si tsoa tsumikpluwo kple wein-tukpanutunuwo me ate ŋu age ɖe aha me. Gake wokpɔe le numekuku yeye si ŋu nya wogblɔ le Science News me be gasoline me koŋue tsumi gbogbo siwo nɔa Francetɔwo ƒe wein me la tsona. Le afisi wode wein-gblewo ɖe ʋumɔwo to la, tsumi siwo le ʋudzudzɔ me gena ɖe wein-tsetseawo me. Tsumi si nɔa wein siawo me sɔa gbɔ wu esiwo le tsi nono me teƒe 10 vaseɖe 100. Richard Lobinski si le Antwerp Yunivɛsiti le Belgium la kafui be woatsri wein siwo wowɔ le ƒe 1975 vaseɖe 1980 la ko nono, le esi aɖiya si me tsumi le zazã dzi ɖe kpɔtɔ le France le ƒe 1970 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo ta. Gake egblɔ hã be wogale gasoline si me tsumi le zazã dzi, vevietɔ le Titina Europa kple tsã Soviet Union. Egblɔ be afɔku le nusiwo me tsumi le la me wu tsumikpe ŋutɔ elabena woate ŋu “age ɖe lãme bɔbɔe, vevietɔ ahɔhɔ̃ la me.”
Ðevi Siwo le Ƒukpo si Dzi Womekpɔa Television le O Dzi
London nyadzɔdzɔgbalẽ The Times ƒo nu tso nyatakaka aɖe si le Support for Learning si nye nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ si ƒoa nu tso agbalẽsrɔ̃nyawo ŋu me ŋu hegblɔ be ɖevi siwo le St. Helena si nye ƒukpo sue aɖe si ƒe lolome anye mɔ si le Ɣetoɖoƒe Afrika kple Dziehe Amerika dome ƒe akpa etɔ̃lia dzi la le “ɖevi siwo da sɔ nyuie wu le xexeame katã” dome. Ðk. Tony Charlton si nye nya la ŋlɔla kpɔe be ɖevi siwo xɔ ƒe 9 vaseɖe ƒe 12 dometɔ 3.4 le alafa me ŋu koe nutsiamesi ƒe kuxi veviwo nɔ. The Times la gblɔ be esiae nye akɔntabubu si “le sue wu ɖesiaɖe si woŋlɔ ɖi kpɔ na ƒe ɖesiaɖe me tɔwo le xexeame katã.” Nuka gbɔe ɖeviawo ƒe dadasɔ nyuie tso? Nusiwo gbɔ wòatso dometɔ ɖekae nye agbalẽsɔsrɔ ƒe ɖoɖo nyui si li na ɖeviwo. Gake Charlton ɖoe be yeagaku nu me le nu bubu si hã gbɔ wòate ŋu atso ŋu. Television-dɔwɔƒe menɔ ƒukpoa dzi o vaseɖe nyitsɔ laa si woɖi yamenutomemɔ̃ ɖe afima. Wokpɔ mɔ be kaka ƒe etɔ̃ naɖo la, television anɔ aƒe 1,500 siwo le ƒukpoa dzi la dometɔ 1,300 me. Eteƒe madidi o Charlton awɔ numekuku le tɔtrɔ ɖesiaɖe si esia ahe va ɖevi siwo le ƒukpoa dzi dome ŋu.
Ne Mèxe Vidzikpɔga O la, Woaxɔ Ʋukuŋusẽgbalẽvi le Asiwò
Maine-dukɔ si le United, States la bla ali dzi ɖe dzila siwo gbea vidzikpɔga siwo ʋunudrɔ̃ƒe ka na wo xexe ŋu. Exɔ vifofo dzeaglã siawo dometɔ enyi ƒe ʋukuŋusẽgbalẽvi le wo si. The New York Times gblɔ be Jane Sheehan si nye Maine Dɔwɔƒe si Naa Kpekpeɖeŋu Amewo ƒe amegã la gblɔ be dɔlar 150,000 ye le vifofo enyiawo ŋu woaxe eye woxlɔ̃ nu wo dometɔ ɖesiaɖe be ne womenya wɔwɔ o la, womagatrɔ woƒe ʋukuŋusẽgbalẽviawo na wo o. Times la yɔ nyɔnua ƒe nyawo gblɔ be: “Mele be esia nawɔ nuku na ame aɖeke o. Míele nuxɔxlɔ̃ amewo dzi tso keke August si va yi me ke be aleae wòava dzɔe.” Eƒe dɔwɔƒea ɖo nuxlɔ̃amenya mawo tɔgbe ke ɖe dzila 17,400 siwo tsi megbe ŋkeke 90 kple edzivɔ le vidzikpɔgaxexe me. Vaseɖe fifia la, woxe ga si ade dɔlar miliɔn 11.5 ɖe esia ta gbɔ.
Agbledela Nyanuwo, Akpaviã Dzeaɖaŋuwo
Wole avu wɔm le Japan ɖe amesi axa agblemenuwo ta. Akpaviãawo kple agbledelawo le avuwɔwɔ dzi ɖaa, eye akpaviã dzeaɖaŋuwo dzea si agbledelawo ƒe aɖaŋumɔnuwo kaba. Gake Asahi Evening News gblɔ be fifia la, agbaledela nyanu siwo le Nagano Dɔdzikpɔƒea le xeviawo ƒe lãmenusese vɔ̃ɖitɔ ŋudɔ wɔm tsɔ le wo lém. Wowɔ xadza si keke afɔ 30 togodo hekɔkɔ afɔ 10 ɖe woƒe agblewo gbɔ hede akpaviã siwo tso teƒe bubu eme. Wo gbɔ akpaviã ŋuklẽlawo lũna ɖe esiwo tso teƒe bubu va woƒe nutoa me la dzi, eye wodzona yia xadza la me be woadze akpaviã si nye “amedzro” la dzi, gake eléa woa ŋutɔwo hã. Woɖu dzi mlɔebaa? Agbledelawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Le nyateƒe me la, akpaviã siwo xadza la flu la nye tsaglãlatsalawo. Mía gbɔ akpaviãwo nya nu ale gbegbe be fifia ɖeko wodoa lã mí hedzona yina.” Eyata aʋa la gale edzi.
Atamanolawo Wu Ame Biliɔn Ðeka
Le Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ƒe akɔntabubu nu la, amesiwo noa atama le xexeame katã ƒe xexlẽme ɖo ame biliɔn 1.1. Habɔbɔa xlɔ̃ nu be ne nɔnɔmea yi edzi alea la, “atama awu amesiwo le agbe fifia la dometɔ biliɔn afã, eye ame mawo ƒe afã si nye ame miliɔn 250 aku le woƒe ƒe 40 vaseɖe 60 xɔxɔ me.” Tso ƒe 1980 me ke la, atamanono dzi ɖe kpɔtɔ le mɔ̃ɖaŋuwɔdukɔwo me, gake edzi ɖe edzi le dukɔ madeŋgɔwo me. Eyata ati 1,650 si ame tsitsi ɖeka nona ƒe sia ƒe le xexeame katã la kpɔtɔ le nenema. Hans Emblad si nye Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si kpɔa Atike Vɔ̃ɖiwo Zazã ƒe nyawo gbɔ ƒe tatɔ la gblɔ be: “Vaseɖe fifia la, nusi do tso atamasitsatsa dzidzedzetɔe me le dukɔ madeŋgɔwo mee nye be woana nuto siwo me wonoa atama le le dukɔ deŋgɔwo me la dzi naɖe akpɔtɔ ahana dukɔ madeŋgɔwo tɔ nadzi ɖe edzi. Womete ŋu lé atamanono nu le xexeame katã haɖe o.”
Nuƒoƒo me Kuxi Siwo me Afɔku Mele O
Dɔdada na Amesiwo Kɔkɔna ƒe Hehenahabɔbɔ me tɔwo xlɔ̃ nu dzilawo le takpekpe aɖe si wowɔ le Darmstadt, Germania, me be womegatsi dzi ɖe ɖevi suewo ƒe nuƒoƒo me kuxi siwo me afɔku mele o ŋu la ŋu akpa o. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: “Nuƒoƒo me kuxi sue siwo ɖi kɔkɔ la le ɖevi atɔ̃ siwo xɔ tso ƒe ene vaseɖe ƒe ade la dometɔ ene ŋu, gake zi geɖe la, ema ŋutɔ buna le wo ɖokui si.” Aleke wòle be dzilawo nawɔ nu ne wo vi sue mete ŋu yɔa nyawo nyuie o? Nyadzɔdzɔgbalẽ la gblɔ be: “Be dzilawo nagana nuƒoƒo ƒe nɔnɔme si le ɖevia si le dzɔdzɔme nu nabu o la, ele be woatsri nyaƒoƒo ɖe ɖevia nu be wòaƒo nu nyuie, ele be woana ɣeyiɣi geɖe ɖevia, eye woatu eƒe kaka ɖe eɖokui dzi ɖo.”