INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 6/8 axa 29-30
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Le Sesẽm Ðe Edzi
  • Nyɔnuwo Wɔa Dɔ Geɖe Wu
  • Mawusubɔsubɔ le “Mɔ̃ɖaŋununya” Me
  • Seƒoƒo Gã si Ʋẽna Kũ
  • Italia ƒe Lourdes Wònyea?
  • Brazil ƒe “Aʋa Kɔkɔe”
  • Nuvlowɔwɔnutsihawo ƒe Amewuwu
  • Akagã Fẽwo ƒe Fuɖename
  • Tɔʋu ƒe Nya Ɣaɣla la Ŋuti Numeɖeɖe
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yerusalem le Biblia Ɣeyiɣiwo Me—Nukae Blematomenukuku Ðe Fia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Nyɔ!—1996
g96 6/8 axa 29-30

Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu

Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Le Sesẽm Ðe Edzi

United States lãmesẽfefeɖoɖowɔlawo gato kɔdada yeye aɖe si woyɔna be “kɔdada si gbɔ eme,” alo “kɔdada sesẽtɔ kekeake,” vɛ na amesiwo gblɔna be kamedefefewo abe kɔdada alo ɖokuitaʋlikametete hoʋiʋliwo ene menye ŋutasesẽ tututu o la. Nyatakaka aɖe si dze le The New York Times me gblɔ be nusi wònye la gɔmeɖeɖe le bɔbɔe: “Ŋutsu eve nɔa kɔ tum wo nɔewo sesĩe vaseɖe esime ɖeka nana ta alo woaƒoe wòaku ƒenyi.” Womedoa asiwui be wòana kɔa nu nabɔbɔ vie o; gbɔɖemeɣiwo mele eŋu o; se ʋee aɖewo ko wode kpe ɖe ameɖuɖu alo ŋku hoho le tome na ame ŋu sewo ŋuti. Hoʋlilaawo zãa kɔdada, judo, karate, kametete, alo gbɔmevuwɔwɔ ƒe aɖaŋuwo—woxɔa abi vevie alo kuna zi geɖe. Nukpɔla gbogbo siwo nɔa ɣli dom sesĩe ƒe ŋkumee wodaa kɔa le, eye wotsɔa $200 gbegbe ƒlea tikitwoe; woɖenɛ le amesiwo di be yewoakpɔe ƒe television dzi eye wonɔa kasɛtwo hã dzi wohayana. Gake wode se ɖe nuwɔna siawo nu le nuto geɖe me xoxo.

Nyɔnuwo Wɔa Dɔ Geɖe Wu

Ðe ŋutsuwo kple nyɔnuwo wɔa dɔ le aƒeme sɔsɔea? Numekuku si Germania Dziɖuɖu ƒe Akɔntabubu Dɔwɔƒe wɔ mefia nenema o. Gaŋutiɖoɖowɔlawo Norbert Schwarz kple Dieter Schäfer bia tso ƒome 7,200 si be woalé ŋku ɖe ɣeyiɣi si wotsɔ wɔa dɔ le aƒeme ŋu ahaŋlɔe ɖi. Dɔ siwo le numekukua me ƒe ɖewoe nye agbakɔklɔ, asiƒeƒle, beléle na ƒometɔ siwo dze dɔ, kple ʋu ŋu dɔ viviviwo wɔwɔ. Süddeutsche Zeitung ka nya ta be: “Nyɔnuwo ɖale dɔwɔɖuiwo wɔm o, ɣeyiɣi si wotsɔ wɔa dɔe fetumaxɔe la wu ŋutsuwo tɔ anye zi gbɔ zi eve.”

Mawusubɔsubɔ le “Mɔ̃ɖaŋununya” Me

Mawusubɔsubɔ ŋu nya geɖe li egbea amesiwo tsɔa kɔmpiuta dia nyawo le “mɔ̃ɖaŋununya” si nye kɔmpiuta dzi nyatakaka siwo wotsiã me la nawɔ tiatia le. Fifia wotsɔ Akpa si ku ɖe Maria ŋu de Xexeame Katã ƒe Mɔ̃ sia me, afisi numedilawo ate ŋu akpɔ biabia ewo siwo wobiana wu le Maria Ðetugbi Nɔaƒea ŋu, abe nusita wotanɛ wòdoa awu blɔtɔ ɣesiaɣi ene, ƒe ŋuɖoɖowo le. Wowɔa wɔna si woyɔna be Bia Ammantɔwo ɖe Ammantɔ siwo gbe mɔ̃ɖaŋununya aɖewo, abe elektrisiti ene, la ŋu. Wotaa nyabiabiawo ɖe agbalẽ dzi ɖona ɖe wo, wotsɔa asi ŋlɔa ŋuɖoɖoawo, eye wotsɔa kɔmpiuta ɖoa ŋuɖoɖoawo ɖa—to domenɔla aɖe dzi. The Christian Century de dzesii be fifia “kɔmpiuta dzi nyatakaka” le Mɔ̃a ƒe akpa si woyɔna be Nuvɔ̃meʋugbadɔ me, afisi amesi wota abe nunɔla ene biana le be, “Ke nuvɔ̃ ka mee nèbe yeaʋu?” Nyaŋuɖoɖo gbogbo aɖewo kplɔnɛ ɖo nàkpɔ eme ayɔ. “Mewɔ nuvɔ̃ siwo yɔ ge mala: (Amewuwu) (Ahasiwɔwɔ) (Kuviawɔwɔ) (Nudzodzro) (Ŋukeklẽ) (Amebeble) (Nutsuɖuɖu) (Dada) (Dzikudodo) (Ŋubiabiã) (Nusiwo Medze O Tsɔtsɔ Ðo Nɔƒe Gbãtɔ).”

Seƒoƒo Gã si Ʋẽna Kũ

Seƒoƒo si lolo wu ɖesiaɖe le xexeame nye nu wɔnuku nyateƒe. Woyɔnɛ be rafflesia, eƒe lolome ade bɔs ƒe afɔti nu eye ɣeyiɣi si wòxɔna hafi ƒoa se la sɔ kple esi amegbetɔ tsɔ tsinae tso eƒe fufɔɣi vaseɖe edziɣi. Eye menye alesi seƒoƒo sia loloe ta koe womalɔ̃ aŋee atsɔ aɖo atsyɔ̃ na xɔ me o. Eʋẽna. Rafflesia ʋẽna abe lã ƒaƒã ene ale be wòahe nudzodzoewo woava de vi eƒe seƒoƒowo me. Tsã la, Malaysia-kɔƒemetɔ siwo le avetsu si me rafflesia wɔna le la yɔnɛ be gbɔgbɔvɔ̃gba eye wolãnɛ enumake ne wokpɔe. Gake South China Morning Post gblɔ be Malaysia-dukɔa ƒe modzakaɖebɔ si le Kinabalu tso ɖe eŋu be woakpɔ seƒoƒo sia si mebɔ o la ta bene dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nagasrɔ̃ nu geɖe le eŋu. Fifia kɔƒemetɔ siwo le afima wɔa ga geɖe ne wokplɔ modzakaɖetsaɖilawo yi avea me be woaɖaɖe foto rafflesia. Ðikeke mele eme o be ame akpa gãtɔ nɔa adzɔge ke tso egbɔ.

Italia ƒe Lourdes Wònyea?

Wogblɔ nyitsɔ laa be Madonna (Maria Ðetugbi Nɔaƒe) ƒe kpetata fa ʋu le Italia-dugã Civitavecchia me, si na nukpɔla kple mawusubɔsubɔtsaɖila numedila akpe nanewo lɔ hoo yi. Esia ta dudzikpɔla Pietro Tidei si bua eɖokui dzimaxɔsetɔe la kple Katoliko-bisiɔp aɖe zɔ mɔ yi France. Wode Lourdes-du xɔŋkɔ si de du le Katoliko-gbedoxɔ si me wogblɔ be “nukunuwo” dzɔna le si le afima la ta. Menye mawusubɔsubɔmɔzɔzɔe o. Ke eƒe taɖodzinue nye be yeasrɔ̃ nu le Lourdes ƒe “nukunu gakpɔmɔnu” la ŋu kple susu si dze ƒã be yeakpɔ alesi yeawɔ Civitavecchia wòazu gakpɔmɔnu ƒe Mecca ma tɔgbe na modzakaɖetsaɖilawo kple mawusubɔsubɔtsaɖilawo.

Brazil ƒe “Aʋa Kɔkɔe”

Pentekosttɔwo ƒe osɔfo aɖe si le Brazil dze nusi dukɔa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ yɔ be aʋa kɔkɔe la gɔme nyitsɔ laa. Osɔfo Sergio von Helde ƒo nu le dukɔa ƒe television dzi tsɔ ɖi gbɔ Katoliko-ha ƒe nɔnɔmetata subɔsubɔe. Be wòana nusi wòwɔnɛ me nakɔ la, eɖe Míaƒe Aƒenɔ si tso Aparecida, Ðetugbi Nɔaƒe Maria, si nye ametakpɔla kɔkɔe na Brazil Katolikotɔ 110,000,000 ƒe kpetata si le yibɔɔ ɖe go. Von Helde ƒo tome na kpetata la eye wòtu afɔkpoe zi geɖe heyɔe be “atividzĩ dziŋɔ ɖigbɔ.” Katolikotɔ akpe geɖe he nya eye wotsɔ ametakpɔla kɔkɔe la ƒe nɔnɔmetatawo lɔ gbɔe. Nuvlowɔha siwo nɔ ɣli dom henɔ kpewo dam la ɖe to ɖe Von Helde ƒe Pentekost-kɔmamã si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒe ƒe Xexeame Katã ƒe Ha ƒe gbedoxɔ aɖewo. Von Helde si si ha sia ƒe nunɔlawo xɔ dɔ le gbɔ la bu fɔ nyadzɔdzɔgblɔlawo be woɖe yeƒe amedzidzedzea ƒe sinimawo akpa. Osɔfoa gblɔ be: “TV Globo [dukɔa ƒe television dɔwɔƒe gãtɔ] na mezu lã ɖivɔvɔ̃ aɖe.”

Nuvlowɔwɔnutsihawo ƒe Amewuwu

Le South Africa la, ameha aɖewo siwo do dziku va kplɔ ƒuƒoƒo aɖe si wobu be wonye ʋufilawo la le woƒe aƒewo me, wodza wo woku eye wokɔ aŋɔ ɖe wo dzi. Saturday Star nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be nudzɔdzɔ siawo ƒe dzidziɖedzi nye “amesiwo megaxɔ woƒe kpovitɔwo dzi se o siwo me hlɔ̃dodo xɔ aƒe ɖo eye wowɔnɛ ŋɔdzitɔe la ƒe nuwɔna.” Togbɔ be menye ɖe hlɔ̃dodoŋutinunyalawo da asi ɖe nuwɔna sia dzi o hã la, wobui be susu aɖe tae wowu wo vɔ gakɔ aŋɔ ɖe wo dzi ɖo. Ðe wowɔe be wòanye nuxlɔ̃ame na hlɔ̃dola bubuwo. Hlɔ̃dodoŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Edze ƒã be nɔnɔmea nu menya le lélem o eye be ameawo megate ŋu le te nɔm ɖe hlɔ̃dolawo ƒe fuɖenamewo nu o.”

Akagã Fẽwo ƒe Fuɖename

California ƒe akaga [Gymnogyps californianus]—xe gã nukukuɖula si tsrɔ̃ keŋkeŋ kloe le ƒe alafa sia me—la le fu ɖem na nutakpɔla siwo le agbagba dzem be yewoaɖe asi le akaga siwo woƒo le wo nyiƒe ŋu ɖo ɖe gbe me la vevie. Nutakpɔla ɖeka si ƒe nya wogblɔ ɖe New Scientist me gblɔ be ne woɖe asi le xeawo ŋu le woƒe ɖevime la, ke “wole ŋusẽmenɔɣi si me wodina be yewoawɔ nusianu le me.” Esi womesia amewo alo vɔ̃a elektrikawo o ta la, ena geɖe bu woƒe agbe alo ablɔɖe. Esia ta nutakpɔlawo to ayemɔnu yeyewo vɛ le akagaviwo nyinyi me. Wotsɔa elektrikŋusẽ si nu mesẽ o nɔa xeawo ƒom vivivi be woafia wo be woavɔ̃ elektrikawo. Be woana xeawo nasi amewo ta la, womedzena wokpɔna o negbe ne ɣeaɖeɣi ame gbogbo aɖewo lũ ɖe xevia dzi zi ɖeka, dze edzi helée te ɖi ko hafi. New Scientist de dzesii be: “Nusia mevivia akagawo nu kura o,” eye esia na wosia amewo. Vaseɖe fifia la, ayemɔ sia le edzi dzem vie.

Tɔʋu ƒe Nya Ɣaɣla la Ŋuti Numeɖeɖe

Tomenukulawo nɔ nusitae Xizkiya ƒe tɔʋu si woɖe le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me be tsi nanɔ Yerusalem ne Asiria-ʋakɔwo ɖe to ɖee la wɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃ nenema la ŋu bum xoxoxo. Ðe woɖee wòdzɔ tẽ wu la, anye ne do meta 320 koe woaku ɖe meta 533 si nye tɔʋua ƒe didime teƒe. Wokpɔ nuŋɔŋlɔ aɖe si le blema Hebrigbe me le tɔʋua ƒe gli ŋu le ƒe 1880 me. Egblɔ alesi dɔwɔlawo ƒe hatsotso eve dze dɔ gɔme tso tɔʋu si woɖe to kpe tome ƒe nugbɔ eveawo heva kpe dome. Ne míekpɔ alesi tɔʋua zɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃e la, efɔ biabia bubu ɖe te le alesi wowɔ hafi va kpe ŋu. Anyigbaŋutinunyalawo kpɔe be yewoate ŋu agblɔ nusitae azɔ. Dan Gill si le Israel ƒe Anyigba Ŋuti Numekuƒe gblɔ be dɔwɔlaawo dze dzɔdzɔmetsimɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃e siwo to kpeawo me, siwo ka le anyigbaʋuʋu ta alo afisi kpe vovovowo kpe le la dzi eye wokekee ɖe enu. Doa ƒe teƒe aɖewo ate ŋu akeke ɖe edzi le ɣeyiɣi aɖe megbe eye esia na nusita tɔʋua ƒe kɔkɔme to vovo tso meta 1.7 va ɖo keke meta 5, kple alesi ya wɔ ɖo dɔwɔla siwo nɔ gomekaɖiwo zãm gbɔ la me kɔ. Azɔ hã aɖaŋu nɔ tagbɔ na dɔwɔlaawo elabena ele be woaɖe tɔʋua wòaɖi abu vie—sentimeta 31.75 pɛ ko to doa katã me va kpe hafi wòanyo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe