Nusi Dim Wònɔ Enye Anukwareɖiɖi
Ðetugbi aɖe si le Ecuador yi dɔdidi ƒe gbebiamewo ŋu ɖo ge. Esi wòɖo dze kple dɔdila bubuwo vɔ—ame 36 sɔŋ ye—la, ekpɔe be asesẽ ŋutɔ hafi woaxɔ ye. Wonya dɔ nyuie eye wode yunivɛsiti hã, evɔ nusiawo ƒe ɖeke mele eya si o. Eye le nya ade siwo wobia me la, meɖo eve ŋu nyuie o. Gake biabia ɖeka ya ku ɖe ame ŋutɔ ŋu: “Nukae nyateƒe nye na wò?”
Nyɔnua ɖo eŋu be: “Nyateƒe menye susu dzro aɖe si ŋu gɔmesese mele o, ke enye nusi nu wòle be míanɔ agbe ɖo. Ele be míato nyateƒe eye míagaka aʋatso o, elabena ne míeka aʋatso la, ke míekplɔ Satana Abosam ɖo. Ne míeto nyateƒe la, adze Mawu ŋu eye míakpɔ viɖe geɖe.”
Esi dɔdzikpɔla la bia nyɔnua be ha ka mee wòle hã la, eɖo eŋu be Yehowa Ðasefoe yenye. Wona wònya esi ŋu ke be wotiae be wòava wɔ dɔa. Ɣleti ɖeka megbe la, nyɔnua bia dɔdzikpɔla la be nukata wòtia ye hã, eye wògblɔ be eƒe anukwareɖiɖi tae.
Ðe menye nyateƒe be ame geɖe meɖia anukware egbea oa? Gake wonya amesiwo dea bubu Biblia ŋu be woɖia anukware. July 1, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ magazine la gblɔ be: “Le Biblia me la, ‘nyateƒe’ menye susu dzro aɖe si ŋu gɔmesese mele o, esi ŋu xexemenunyalawo nɔa nya ʋlim le kura o.”