Wokpɔ Ŋudzedze Ðe Biblia-srɔ̃gbalẽwo Ŋu Le Hungary
Nufiala aɖe si le Balmazújváros ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Hungary be: “Mekpɔ agbalẽ aɖe si he nye susu. Taflatse ne anya wɔ la, miɖo ɖeka ɖem. Eƒe ŋkɔe nye Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo.” Esi sukudzikpɔla aɖe si le Budapest va nya nu tso agbalẽ sia ŋu megbe la, ebia be: “Míedi be míadɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo 20 na Gɔmedzesuku Xɔ 6 lia me tɔwo.”
Ame aɖe si tso Balatonboglár si xlẽ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ŋlɔ be: “Agbalẽa na mebu tame, eye Biblia me ŋuɖoɖo siwo le eme la le eteƒe. Agbalẽa kpe ɖe ŋunye ŋutɔ, eye mekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo nɔ asinye. Medi be magatu nye xɔse ɖe edzi wu. Eyata, taflatse ne anya wɔ la, miɖo agbalẽ siwo gblɔ Biblia me nyawo ɖem.”
Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe amesiwo di be yewoatsi le Biblia ŋuti sidzedze me la ŋu. Ne èdi be yeaxɔ agbalẽ eve siwo míeyɔ ɖe etame la dometɔ ɖeka alo èdi be ame aɖe nava ye gbɔ le ye ƒeme ne wòadzro Biblia me kpli ye la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo adrɛs siwo sɔ le axa 5.