Alesi Woawɔ Nu Ðe Sitsoƒedilawo Ŋu ƒe Kpɔɖeŋu
LE SE si Yehowa Mawu de na Israel-dukɔa me la, woɖo ŋku alesi nuwo nɔ na Israel-viwo esime wonye sitsoƒedilawo le Egipte dzi na wo. (Mose II, 22:21; 23:9; Mose V, 10:19) Eyata wode se na wo be woanyo dɔme na amedzro siwo le wo dome, abe wo nɔviwo ene.
Mawu ƒe Sea gblɔ be: “Ne amedzro aɖe [si nyea sitsoƒedila zi geɖe ɣemaɣi] dze gbɔwò le wò anyigba dzi la, migatee ɖe anyi o. Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.”—Mose III, 19:33, 34.
Esi Yehowa kpɔ be wowɔa nuvevi amedzrowo eye womenɔa dedie o zi geɖe ta la, ede se tɔxɛ aɖewo be wòana gbɔdzɔe wo ahakpɔ wo ta. De ŋugble le mɔnukpɔkpɔ siwo gbɔna siwo wona wo ŋu kpɔ.
MƆNUKPƆKPƆ BE WOADRƆ̃ NYA DZƆDZƆE NA WO: “Se ɖeka nanɔ mia si na amedzro kple duamevi siaa.” “Megate amedzro . . . ƒe nya ɖe to o.”—Mose III, 24:22; Mose V, 24:17.
MƆNUKPƆKPƆ BE WOAÐU NU EWOLIA ƑE ÐE: “Ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ megbe la naɖe wò agblemenu, siwo nèxa le ƒe ma me la, ƒe ewolia agblẽ ɖe wò du me, hena Lewi-tɔwo—elabena womexɔ gome alo domenyinu aɖeke kpe ɖe ŋuwò o—kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo.”—Mose V, 14:28, 29.
MƆNUKPƆKPƆ BE WOAXE FETU NYUI NA WO: “Megate fetu ame dahe kple hiãtɔwo o, eɖanye nɔviwò alo amedzro, si le wò anyigba dzi duwo me la dometɔ aɖe o.”—Mose V, 24:14.
MƆNUKPƆKPƆ LE AMESIWO MEBUA WU AME O ƑE SITSOƑE ŊU: “Du ade siawo nanye sitsoƒe na Israel-viwo kple amedzrowo kpakple wo gbɔ mewo, bena ne ame aɖe mebua wu ame o la ne wòasi ayi afima.”—Mose IV, 35:15.
MƆNUKPƆKPƆ BE WOAFƆ NUKU SIWO TSI AGBLE ME: “Ne mieŋe nukuwo le miaƒe agble me la, ekema megaŋe wo vaseɖe boto ke o, eye megafɔ nusiwo dudu la o. Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o; ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!”—Mose III, 19:9, 10.
Ẽ, mía Wɔla Yehowa Mawu ƒe dɔme trɔna ɖe sitsoƒedilawo ŋu, eye akpɔ dzidzɔ ne míawo hã míewɔe nenema. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ be: “Mizu mawusrɔ̃lawo . . . eye mizɔ le lɔlɔ̃ me.”—Efesotɔwo 5:1, 2.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]
Ŋutsuvi si le miame: UN PHOTO 159243/J. Isaac