INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 9/8 axa 24-25
  • Nukae Akpɔ Egbɔ?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Akpɔ Egbɔ?
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexe si me Sitsoƒedilawo Manɔ O
  • Kpe Ðe “Amedzroviwo” Ŋu ‘Woasubɔ Yehowa Kple Dzidzɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Xexe si me Amesiame Akpɔ Teƒe Anɔ
    Nyɔ!—2002
  • Sitsoƒedilawo Le Agbɔ Sɔm Ðe Edzi
    Nyɔ!—1996
  • Ame Akpeakpewo Le Sisim Le Ukraine
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 9/8 axa 24-25

Nukae Akpɔ Egbɔ?

MƆKPƆKPƆ mebu ɖe sitsoƒedilawo ƒe nɔnɔmea keŋkeŋ o. Le xexeame katã la, dɔmenyohabɔbɔwo dzea agbagba be yewoakpe ɖe amesiwo aʋawɔwɔ kple kuxi bubuwo nyã de gbe la ŋu. Kpekpeɖeŋu gãtɔ si wonanae nye be woakpe ɖe sitsoƒedilawo ŋu woatrɔ ayi wo dedukɔwo me.

Sitsoƒedilawo dzona le aƒe, nutoa me, kple dukɔa me elabena wovɔ̃na be woava wu yewo, awɔ fu yewo, adɔ yewo gbɔ sesẽe, ade yewo gaxɔ me, awɔ yewo kluviwoe, ada adzo yewo, alo dɔ awu yewo. Eyata hafi sitsoƒedilawo natrɔ yi aƒe dedie la, ele be woakpɔ kuxi siwo na wosi la gbɔ. Ne aʋaa ke gɔ̃ hã la, se kple ɖoɖo ƒe anyimanɔmanɔ wɔnɛ be amewo medina be yewoatrɔ ayi aƒe o. Agnes si nye Rwandantɔ sitsoƒedila si si vi ade le gblɔ be: “Ne wokplɔ mí [trɔ] yi Rwanda la, asɔ kple mía kpɔkplɔ yi míaƒe yɔdowo me.”

Gake tso ƒe 1989 me la, sitsoƒedila siwo wu miliɔn asieke trɔ yi wo de. Amesiawo dometɔ siwo ade miliɔn 3.6 tso Iran kple Pakistan trɔ yi Afghanistan. Sitsoƒedila miliɔn 1.6 bubu tso dukɔ ade me trɔ yi Mozambique, dukɔ si ƒe 16 ƒe dukɔmeviʋa gbã gudugudu la.

Tɔtrɔ yi aƒe mele bɔbɔe o. Zi geɖe la, nuwo gblẽna le dukɔ siwo me sitsoƒedilawo trɔ yina me keŋkeŋ—wogbãa kɔƒewo gudugudu, wokakaa tɔdzisasrãwo, eye woɖia tomebɔmbwo ɖe mɔdodowo dzi kple agblewo me. Eyata ele be sitsoƒedila gbɔgbɔlawo nagbugbɔ nusianu gɔme adze, menye woƒe agbenɔnɔ ɖeɖeko o, ke ele be woagbugbɔ woƒe aƒewo, sukuwo, kɔdziwo, kple nu bubu ɖesiaɖe atu.

Gake ne aʋa ke le teƒe aɖe eye sitsoƒedilawo trɔ dzo hã la, efea ati le teƒe bubu eye sitsoƒedila yeye gbogbo aɖewo gasina. Eyata sitsoƒedilawo ƒe kuxia gbɔ kpɔkpɔ fia be ele be woakpɔ kuxi siwo henɛ vɛ, aʋawɔwɔ, ameteteɖeanyi, fuléle, yometiti, kple nu bubu siwo nana amewo sina ɖe woƒe agbe ta hã gbɔ.

The State of the World’s Refugees 1995 lɔ̃ ɖe edzi be: “Nyateƒe matrɔmatrɔ . . . lae nye be dunyahehe, asrafowo kple ganyawo dzi koŋue nusiwo akpɔ [sitsoƒedilawo ƒe kuxia] gbɔ nɔ te ɖo, evɔ nusiawo wɔwɔ ƒe ŋutete mele dɔmenyohabɔbɔ aɖeke ŋu o.” Le Biblia ƒe nya nu la, nenema ke ŋutete mele anyigba dzi habɔbɔ aɖeke, eɖanye dɔmenyohabɔbɔ alo habɔbɔ bubu aɖe o, ŋu be wòakpɔ egbɔ o.

Xexe si me Sitsoƒedilawo Manɔ O

Gake egbɔkpɔnu aɖe li. Biblia ɖee fia be Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na amesiwo wonyã le wo de kple woƒe ƒometɔwo gbɔ. Mele abe anyigba dzi dziɖuɖuwo ene o, ŋusẽ kple nunya le eya si be wòakpɔ kuxi sesẽ siwo le ameƒomea dzi vam gbɔ. Eƒe Fiaɖuƒea dzie wòato awɔe—dziƒodziɖuɖu si axɔ anyigba dzi nyawo katã aƒu akɔ kpuie.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea axɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo katã teƒe. Le esi teƒe be dziɖuɖu geɖe nanɔ anyigba dzi abe alesi wòle fifia ene la, dziɖuɖu ɖeka koe anɔ anyi, si aɖu ɣletinyigba bliboa dzi. Biblia gblɔe ɖi be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o, agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Ðewohĩ ènya kpɔɖeŋugbedodoɖa si le Biblia me le Mateo 6:9-13. Gbedodoɖa ma ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” Le ɖekawɔwɔ me kple gbedodoɖa ma la, eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘ava’ eye wòana Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba nava eme.

Ŋutifafa kple dedienɔnɔ anɔ xexeame katã le Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si me lɔlɔ̃ le la te. Fuléle kple aʋawɔwɔ maganɔ amewo kple anyigba dzi dukɔwo dome o. (Psalmo 46:10) Magadzɔ gbeɖe be sitsoƒedila miliɔn geɖe nasi ɖe woƒe agbe ta alo anɔ fu kpem le asaɖawo me o.

Mawu ƒe Nya do ŋugbe be Yesu Kristo si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia la “aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12-14.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Eteƒe madidi o amesiame awɔ nu ɖe ehavi ŋu abe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu vavãwo ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe