Etsɔme Nyui aɖe Li na Anyigba La
TORONTO ƒe Globe and Mail ka nya ta be: “Numekuku ɖee fia be fifia Anyigba dzi xɔ dzo wu alesi wònɔ le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me le ƒe 600 siwo va yi me.” Le ƒe 1995 me la, ya xɔdzo aɖe si ƒo to United States ƒe titina la wu ame siwo wu 500 le Chicago. Nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbe ɖe kpe na India kple Australia, eye England hã to “dzomeŋɔli ƒuƒuitɔ kekeake si nye etɔ̃lia le ƒe 200 me” la me.
Nuka gbɔe esia tso? Henry Hengeveld si nye yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyala si le Canada-dukɔa ƒe Nutomedzikpɔƒe la gblɔ be: “Kpeɖodziwo ƒe akpa gãtɔ fia be wokpɔe be amegbetɔ ƒe asi le alesi xexeame katã ƒe yame ƒe nɔnɔme le la me.” Globe and Mail ƒe nyatakaka gblɔ be, “yame ƒe nɔnɔme madeamedzi la sɔ ɖe kɔmpuita siwo wɔa nu ɖe nusiwo dona tsoa xexeame katã ƒe dzoxɔxɔ, si wobu be dzotɔtɔ tomemiwo gbɔ koŋ wòtso la, me nu la nu.”
Wogahea glãka le xexeame katã ƒe dzoxɔxɔ ƒe anyinɔnɔ ŋu kokoko le dzɔdzɔmeŋutinunya me. Gake The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Amegbetɔƒomea le yamenutome ƒe nɔnɔme gblẽm kabakaba wu alesi wole nu nyam tso eŋu.”
Dzidzɔtɔe la, Biblia gblɔ na mí be anyigba la “li tegbee.” (Nyagblɔla 1:4) Esia le nenema elabena Yehowa Mawu si nye Wɔla la maɖe mɔ amegbetɔ alo dzɔdzɔmeŋusẽwo natsrɔ̃e o. Ke boŋ ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’—Nyaɖeɖefia 11:17, 18.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ka ɖe edzi na mí be etsɔme nyui aɖe le Yehowa Mawu si na míaƒe Anyigba la kple ameƒomea me tɔ toɖolawo katã. “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Aleke gbegbe míate ŋu akpɔ dzidzɔe nye si be Mawu si mee anyigba ƒe etsɔme le, ke menye amegbetɔ si me o!—Psalmo 37:11; 72:16; Yesaya 65:17-25; Petro II, 3:13.
Ne èdi be yeaxɔ Nyɔ! ƒe tata siwo agava la, ke taflatse kpɔ Yehowa Ðasefo siwo le wò nutoa me alo nàŋlɔ lɛta aɖo ɖe adrɛs siwo woɖo ɖe axa 5 la dometɔ si tsɔ ɖe gbɔwò wu.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]
NASA foto