Àvaa?
Le ƒe si va yi me la, amesiwo wu 8,700,000 le xexeame katã de Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu Kafula Kpɔdzidzɔwo” Nutome Gã Takpekpea. Àyi “Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo” Nutome Gã Takpekpeawo dometɔ aɖea? Míele kpewòm tso dzime be nàva.
Le teƒe geɖe la, takpekpea adze egɔme kple haƒoƒo le Fiɖa ŋdi ga 9:30. Woaƒo nuƒo dedziƒoname si nye “Nukae Mawu Di tso Mía Si?” le takpekpea ƒe gɔmedzedze. Nya siwo míate ŋu atsɔ akpe ɖe ame miliɔn bubuwo ŋu be woawɔ nusi Mawu di tso mía si hã anɔ eme.
Ŋdɔ me nuƒo si nye “Kpekpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woasrɔ̃ Mawu ƒe Nudidiwo” adzra takpekpea valawo ɖo be woagawɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa nyuie wu. Emegbe nuƒo kpui eve siwo ƒe tanyae nye “Nɔ Ŋudzɔ ɖe Modzakaɖeɖe ƒe Mɔ̃ Ɣaɣlawo Ŋu” axlɔ̃ nu le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe mɔ̃tetre siwo míaƒo asa na ŋu. Fiɖa ƒe ɖoɖowɔɖia awu enu kple nuƒo vevi si nye “Mawu ƒe Nya la ƒe Nyateƒenyenye Taʋiʋli Nuteƒewɔwɔtɔe.”
Memleɖa ŋdi me nuƒoawo ate gbe ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ƒe vevienyenye dzi le nuƒo kpui etɔ̃ siwo ƒe tanyae nye “Dɔla Siwo Gblɔa Ŋutifafa Nyanyui La” me. Nuƒo mamlɛ si woaƒo le ŋdia me aku ɖe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu, emegbe nusrɔ̃la yeyewo axɔ nyɔnyrɔ.
Memleɖa ŋdɔ me nuƒo si nye “Bu Yehowa ƒe Susu Ŋu le Nyawo Ŋu” la aɖo biabia siwo ame geɖe bia le nyati siwo do nyitsɔ laa ŋu la ŋuti. Àse nuƒo kpui dodzidzɔname eve siwo ƒe tanyae nye “Ŋutifafa Mawu la Tsɔ Ðe Le Mewò.” Emegbe nu tɔxɛ aɖe asu mía si le ŋkekea ƒe nuƒo mamlɛa si nye “Di Mawu me Ŋutifafa le Ƒomegbenɔnɔ Me” la me.
Kwasiɖagbe ŋdi me nuƒo kpui etɔ̃ siwo ƒe tanyae nye “Sidzedze Dɔla Nyuitɔwo” ahe susu ayi Biblia me nyagblɔɖilawo ƒe kpɔɖeŋuwo dzi atsɔ ate gbe ɖe takpekpea ƒe tanya dzii. Ŋdi me nuƒo siwo awu enu kple drama si me woadzra ɖo le abe blematɔwo ene la agblɔ nufiame vevi siwo le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ŋu.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 6:11–8:28.
Woaƒo dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Ŋutifafa Vavãtɔ Mlɔeba!—Afikae Wòatso Ava?” le takpekpea ƒe akpa mamlɛa me le Kwasiɖagbe ŋdɔ me. Mlɔeba la, nuƒo ʋãme si nye “Ŋgɔyiyi le Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Nyenye Me” ahe takpekpea ava nuwuwui.
Esi woawɔ takpekpe 52 le Ɣetoɖoƒe Afrika dukɔ siwo nye Benin, Burkina Faso, Côte d’Ivoire, Ghana, Niger, kple Togo, eye woawɔ geɖe hã le Nigeria ta la, anɔ eme be woawɔ ɖe si atsɔ gbɔwò. Bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ ne woayɔ afisi woawɔ takpekpe si tsɔ gbɔwò wu la le kple gamea na wò. June 8 ƒe Nyɔ! yɔ takpekpea wɔƒe geɖe le dukɔ siwo míeyɔ ɖe etame la me.