“Xexeame ƒe Bometsitsi Adreawo”
WOGBLƆ be Mohandas Gandhi to nya aɖewo vɛ siwo wòyɔ be “Xexeame ƒe Bometsitsi Adreawo.” Woawoe nye:
• Hotsuikpɔkpɔ dɔ aɖeke mawɔ mawɔe
• Agbeɖuɖu dzitsinya ŋudɔmawɔ mawɔe
• Nunyanya evɔ womaɖo ta o
• Asitsatsa agbenyuimanɔmanɔe
• Dzɔdzɔmeŋutinunya si ŋu ame ŋububu mekpe ɖo o
• Tadedeagu si ŋu ɖokuitsɔtsɔna mekpe ɖo o
• Dunyahehe gɔmeɖosemanɔŋui
Wogblɔ be eƒe tɔgbuiyɔvi Arun Gandhi tsɔ enyilia kpee be:
• Gomenɔamesi agbanɔamedzi matsɔmatsɔe.
Ðewohĩ àte ŋu ayɔ ʋee aɖewo akpee, gake nya siawo ana woabu tame ŋutɔ. Wotsɔ nya si Biblia gblɔ be akpɔ “bometsitsi” siawo gbɔ la wɔ se kpui eve be: “‘Lɔ̃ [Yehowa, NW] wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia enye se gbãtɔ si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.”—Mateo 22:37-40.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]
UPI/Corbis-Bettmann