INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 21-29
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dodokpɔa ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1999
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1997
  • Ènyaa?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 21-29

Ènyaa?

(Àte ŋu akpɔ dodokpɔ sia ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia kpukpui siwo woyɔ la me, eye woŋlɔ ŋuɖoɖoawo katã ɖe axa 29. Hena nyatakaka bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye “Insight on the Scriptures,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.)

1. Nuka dzie Mawu to hafi wɔ xexeame godoo si míekpɔna? (Mose I, 1:2)

2. Nuka gɔmee Yehowa ɖo anyi to nu keklẽ siwo le dziƒolilia ŋu la dzi? (Kpɔ Mose I, 1:14.)

3. Nukae Sanxerib ƒe dɔlawo di be nedzɔ tae woƒo nu sesĩe le Yuda-gbe me na Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem ƒe gli dzi? (Kronika II, 32:18)

4. Agbledenu kae wotsɔ ŋlɔa gbe le blema? (Yesaya 7:25)

5. Aleke woyɔ kotoku si dzi wolɔ̃ nu ɖo si me Urim kple Tumim nɔ, si nunɔlagã la dona ɖe eƒe dzi dzi ne eyina ɖe Kɔkɔeƒea? (Mose II, 28:29, 30)

6. Ame nenie Mawu ƒe se la gblɔ be woawoe aɖi ɖase le nya ŋu hafi woaɖo kpe edzi? (Hebritɔwo 10:28)

7. Israel-ʋawɔla si wu Lami, Goliat nɔvi la, ƒe ŋkɔ ɖe? (Kronika I, 20:5)

8. Nunɔlagã kae na wowu Fianyɔnu vɔ̃ɖi Atalya? (Fiawo II, 11:15, 16)

9. Nukae Biblia gblɔ be ame ate ŋu awɔ na Yehowa ne ele nublanuikpɔkpɔ biam? (Mose II, 32:11)

10. Yakob viŋutsu ka ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Nye Mawu ɖi,” si wotsɔ nɛ le nya si Lea gblɔ le edziɣi ta? (Mose I, 30:11)

11. To kɔkɔ ka dzie Salomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖo? (Kronika II, 3:1)

12. Yesu ƒe dzesideŋkɔ “Kristo” gɔme ɖe? (Dɔwɔwɔwo 4:26, NW)

13. Nukae Yesu gblɔ be ele be ame nawɔ hafi ate ŋu ‘ayi ɖe agbo bii la me’? (Luka 13:24)

14. Aleke woyɔ Mawu ƒe nuwɔwɔ mamlɛtɔ si ŋu nya wogblɔ le Biblia me? (Mose I, 3:20)

15. Nukae Mawu kpɔ le ameƒomea ƒe dzi ŋu tso gɔmedzedzea me ke? (Mose I, 8:21)

16. Midian-fia ka ƒe vinyɔnue Pinehas wu, si na dɔvɔ̃ si Mawu he va Israel dzi la nu tso? (Mose IV, 25:15)

17. Nukae Dawid srɔ̃ Mixal tsɔ flu amesiwo Saul dɔ be woawu Dawid? (Samuel I, 19:11-16)

18. Nuka dzie mawudɔla adrelia trɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu la kɔ ɖo? (Nyaɖeɖefia 16:17)

19. Nya kae wozãna le Biblia me na amesiwo menye Israel vidzidziwo o? (Ezra 10:2)

20. Yuda ƒe dzidzimevi kae medzi viŋutsuvi aɖeke o eye wòtsɔ vianyɔnu na eƒe kluvi Yarxa wòɖe bene dzidzimeviwo nanɔ ye si? (Kronika I, 2:34, 35)

21. Esime wotsɔ nubablaɖaka la le keke dzi yinae la, nukae ʋã Uza wòka asi eŋu? (Kronika I, 13:9, 10)

22. Biblia me nuŋlɔɖi ka koe ƒo nu tso dɔ si wode asi na nyagblɔɖila aɖe be wòagblɔ tsɔtsrɔ̃gbedasi na dugã si menye Israel-du o la ŋu?

23. Nukae Mawu mate ŋu awɔ o? (Hebritɔwo 6:18)

24. Ne Yehowa yra ame la, nukae metsɔna kpena ɖe eŋu o? (Lododowo 10:22)

25. Esime Saul dɔ alɔ̃ la, nukawoe Dawid va tsɔ le eƒe ta gbɔ tsɔ ɖo kpe edzi be yemawɔ vɔ̃ Saul o? (Samuel I, 26:12)

26. Nukae Yesu wɔ bene woagaƒu kpee o? (Yohanes 8:59)

Dodokpɔa ƒe Ŋuɖoɖowo

1. Eƒe dɔwɔŋusẽ (NW)

2. Ɣletigbalẽ

3. Bene woavɔ̃ eye ŋɔdzi nalé wo

4. Agblenu

5. Akɔtaɖonu

6. Eve

7. Elxanan

8. Yehoyada

9. Ƒo koko nɛ

10. Gad

11. Moriya-to

12. Amesiamina

13. “Miʋli mia ɖokui sesĩe” (NW)

14. Xawa

15. “Enye vɔ̃ tso ɖevime ke”

16. Zur

17. Aklama kpakpɛ kple gbɔ̃fuvɔ

18. Ya

19. Ame tutɔwo

20. Sesan

21. Nyiawo dze ɖe aga

22. Yona ƒe agbalẽ

23. Aka aʋatso o

24. Vevesese

25. Akplɔ kple tsize

26. Eɣla eɖokui

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe