Nuɖuɖu Nusi Ŋu Nàtsi Dzi Ðoe Wònye
BIBLIA gblɔ le Nyagblɔla 9:7 be: “Yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ.” Le nyateƒe me la, menye ɖe nuɖuɖu hiã ko o, ke enye agbemedzidzɔdonu gãtɔwo dometɔ ɖeka hã.
De ŋugble le Thomas si xɔ ƒe 34 ŋu kpɔ. Lãɖuɖu dzɔa dzi nɛ. Eye eɖunɛ gbesiagbe—eɖunɛ zi gbɔ zi geɖe gbesiagbe. Nusiwo wòlɔ̃a ɖuɖu le ŋdi mee nye nyinotsi, koklozi geɖe, yevubolo alo esi wome eye wosisi bɔta ɖe eme, kple lãtutu alo halã memee. Eƒlea nyilãtutu ƒoƒoe si dzi nyinotsibablɛ le, yevute lalɛ̃ tɔtɔe, kple nyinotsi si wotsaka kple nu vivi bubuwo la le nusiwo ɖaɖa tsɔna dzraƒewo. Nusi wòlɔ̃a ɖuɖu le nuɖuɖudzraƒe enye nyilãyiyi. Wodzraa nyilãyiyi si ƒe kpekpeme nye gram 680 kple yevute memee si dzi wokɔ nyinotsi kpeke ƒomevi gbogbo aɖe ɖo alesinu nyo nɛ la le nuɖuɖudzraƒe si wòɖua nu le. Tsokolet kpɔnɔ si dzi wokɔ tsokoletmi fafɛ ɖoe wòtsɔ ɖea nu mee.
Thomas kɔkɔ sentimeta 178 eye eƒe kpekpeme nye kilogram 89; le United States dziɖuɖua ƒe ƒe 1995 ƒe nuɖuɖu ŋuti mɔfiamewo nu la, ekpena kilogram 9 wu alesi dze. Thomas be: “Nye lolome meɖea fu nam o. Nye lãme sẽ. Nyemegbe dɔmeyiyi ŋkeke ɖeka hɔ̃ hã kpɔ le ƒe 12 siwo va yi me o. Zi geɖe la, mekpɔnɛ be nye lãme kɔ eye ŋusẽ le ŋunye—gake negbe ne meɖu nyilãyiyi si ƒe kpekpeme nye gram 680 vɔ koe nyemevona o.”
Gake ɖe Thomas ƒe nuɖuɖu le nu gblẽm le eŋu ale be ʋeʋeʋe la, dzidɔ nate ŋu adze edzi bɔbɔea? Ðk. Sherwin Nuland ƒo nu tso ‘agbenɔnɔ ƒomevi aɖewo siwo ate ŋu awu ame’ ŋu le eƒe agbalẽ si nye How We Die me, eye nuɖuɖu siwo wòyɔ dometɔ aɖewoe nye ‘ʋulɛ̃, halã yiyi kɔ gãwo, kple bɔta.’
Aleke nuɖuɖu aɖewo naa dzidɔ ame geɖe? Nukae le wo me si nye afɔku? Hafi míadzro biabia siawo me la, mina míalé ŋku ɖe nusi agblẽ le ame ƒe lãmesẽ ŋu ne elolo akpa la ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Nukata nàtsi dzi ɖe nuɖuɖu siawo tɔgbe ŋu?