Wò Nuɖuɖu Ðe Wòate Ŋu Awu Wòa?
“Ʋuka siwo le wò dzi ŋu me xe ale gbegbe, woƒe xexe ade alafa memamã 95 . . . Fifia la, dzidɔ ate ŋu adze dziwò ɣesiaɣi.”
JOE, amesi xɔ ƒe 32 la mexɔ nya siawo si dziŋutinunyala aɖe si doe kpɔ be yeanya nusi na akɔta nɔ evem la gblɔ nɛ dzi se o. Amesiwo dzidɔ awu la ƒe afã kloe menya be dɔa le yewo ŋu gɔ̃ hã o.
Gake nukae kplɔ Joe de nɔnɔme ma me? Joe fa konyi be: ‘“Lã kple nyinotsi” si Amerikatɔwo lɔ̃a ɖuɖu ye meɖuna ƒe 32 sɔŋ enye sia. Gake eva dzɔ be meŋe aɖaba ƒu Amerikatɔwo ƒe nuɖuɖua ƒe nugbegblẽ le ŋunye dzi.’
Wò Nuɖuɖu Kple Dzidɔ
Nukae gblẽ le Joe ƒe nuɖuɖu ŋu? Kpuie ko la, ʋumemi kple lãmi sɔ gbɔ ɖe eƒe nuɖuɖu me akpa, vevietɔ lãmi toto. Nuɖuɖu gaflo ɖeka ɖesiaɖe si Joe ɖuna tso eƒe ɖekakpui me kee na wòva zu amesi dzidɔ ate ŋu alé bɔbɔe. Le nyateƒe me la, wobe nu ƒomevi ewo siwo wua ame le United States wu la dometɔ atɔ̃ tso nuɖuɖu si me lãmi sɔ gbɔ ɖo gbɔ. Dzidɔe nye gbãtɔ le wo dome.
Wokpɔe be dzidɔ te ŋu tsoa nuɖuɖu gbɔ esi wowɔ numekuku le dukɔ adre me le ŋutsu 12,000 siwo xɔ tso ƒe 40 va ɖo 49 ŋu. Vovototo si le woƒe dzidɔléle dome dze ƒã. Numekukua ɖee fia be ami sɔ gbɔ ɖe ʋu me na Finland-ŋutsuwo wu—nuɖuɖumeŋusẽ alafa memamã 20 siwo katã woɖuna la tso lãmi toto me, gake ami mesɔ gbɔ ɖe ʋu me na Japan-ŋutsuwo o—nuɖuɖumeŋusẽ alafa memamã 5 pɛ ko si woɖuna la tso lãmi toto me. Eye dzidɔ dzea Finland-ŋutsuwo dzi zi gbɔ zi ade wu Japan-ŋutsuwo!
Gake dziŋuʋukamedɔ meganye nu mabɔmabɔ le Japan o. Le ƒe geɖe siwo va yi me la, esi Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe nuɖuɖu siwo ɖaɖa tsɔna va bɔ ɖe afima la, lãmi ɖuɖu va dzi ɖe edzi zi gbɔ zi 800 ɖe alafa dzi. Ami sɔ gbɔ le ʋu me na Japan-ŋutsuviwo sã wu Amerika-ŋutsuvi siwo wo kpli wo le ƒe me gɔ̃ hã! Edze ƒã be nuɖuɖumemi kple ʋumemi hea dɔléle siwo ate ŋu awu ame la vɛ, vevietɔ dzidɔ.
Nusi Ʋumemi Wɔna
Cholesterol alo ʋumemi nye ami ɣi aɖe si hiã hafi woate ŋu anɔ agbe. Ele amegbetɔwo kple lãwo katã ƒe lãmenugbagbeviwo me. Míaƒe aklã ye wɔnɛ, eye wokpɔa eƒe agbɔsɔsɔ vovovo tso nusiwo míeɖuna hã me. Ʋua tsɔa ʋumemi yina na lãmenugbagbeviwo to lãmenu suesue siwo woyɔ be lipoproteins siwo me ʋumemi, lãmi, kple protein le la dzi. Lipoprotein ƒomevi eve siwo tsɔa ʋumemi akpa gãtɔe nye low-density lipoprotein, esi nye matomatoa (LDL), kple high-density lipoprotein, esi nye totoa (HDL).
Ʋumemi sɔ gbɔ ɖe LDL me ŋutɔ. Ne wole tsatsam to ʋua me la, wogena ɖe lãmenugbagbeviwo me to LDL-lénu siwo le lãmenugbagbeviawo ŋu me eye wogbãna be lãmenugbagbevia nawɔ wo ŋudɔ. Nulénu siawo tɔgbe le lãmenugbagbevi akpa gãtɔ ŋu, eye woléa LDL agbɔsɔsɔ aɖe. Gake wowɔ aklã la ale gbegbe be LDL alafa memamã 70 siwo wòle be LDL-lénuawo naɖe ɖa le ʋua me la yia edzi le aklã la me.
Gake ʋumemi mesɔ gbɔ ɖe HDL me o. Ne wole tsatsam to ʋua me la, ʋumemi siwo susɔ ɖe ʋua me gena ɖe wo me wotsɔ yina ɖe aklã la mee. Aklã la gbãa ʋumemia eye wòɖenɛ ɖa le ŋutilãa me. Eyata wowɔ ametia nukutɔe be wòawɔ ʋumemi si hiã nɛ la ŋudɔ eye wòatsɔ kpɔtɔea aƒu gbe.
Eva zua kuxi ne LDL sɔ gbɔ ɖe ʋua me akpa. Nusia nana wònɔa bɔbɔe be ʋukawo me nate ŋu ade akpa. Ne ʋukawo me de akpa la, ʋukawo me xena eye ʋu si me oxygen le ƒe agbɔsɔsɔ si ate ŋu ato wo me dzi ɖena kpɔtɔna. Woyɔa dɔ sia be ʋukawo me ƒe akpadede. Nusia yia edzi blewu eye womenyana o, eye exɔa ƒe geɖe hafi eƒe dzesiwo dzena wonyana. Dzesiawo dometɔ ɖekae nye angina pectoris, alo akɔtavee si tɔgbe nɔ Joe ŋu.
Zi geɖe ne ʋubabla xe ʋuka si le dzia ŋu me keŋ la, dzia ƒe akpa si xɔa ʋu to ʋuka ma me kuna. Nusi dzɔna enumake, si wua ame zi geɖee nye be ʋuka si le dzia me axe kpata—esi woyɔna be dzitsoame. Ne dziŋuʋuka aɖe me xe vie hã la, ate ŋu ana dzia ƒe akpa aɖe naku, eye mana ame ƒe lãme nagblẽ woakpɔ bene woanya o. Ne ʋukawo me xe le ŋutilã ƒe akpa bubuwo la, ate ŋu ana woatu, afɔ naku ɖe ame ŋu, eye ayiku gɔ̃ hã nadzudzɔ dɔwɔwɔ.
Eyata mewɔ nuku o be woyɔa LDL be ʋumemi manyomanyo, eye woyɔa HDL be ʋumemi nyui. Ne wodo ame kpɔ eye wòfia be LDL sɔ gbɔ alo HDL mesɔ gbɔ o la, ekema woate ŋu alé dzidɔ bɔbɔe.a Zi geɖe la, ʋudodokpɔ dzro ko ate ŋu afia do ŋgɔ kura be nya aɖe ate ŋu adzɔ hafi dzesi siwo wote ŋu kpɔna abe akɔtavee ene nava dze amea dzi. Eyata ele vevie be nànɔ ŋku lém ɖe ami agbɔsɔsɔme si le ʋua me ŋu. Azɔ na míakpɔ alesi wò nuɖuɖu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ʋumemi ƒe agbɔsɔsɔme sia dzii ɖa.
Ʋumemi Kple Nuɖuɖu
Nuɖuɖu siwo wokpɔna tso lãwo me ƒe akpa aɖee ʋumemi nye. Ʋumemi le ʋulɛ̃, koklozi, tɔmelã, aƒexewo ƒe lã, kple nyinotsinuwo siaa me. Gake ʋumemi mele nuɖuɖu siwo tso agblemenukuwo me o.
Ŋutilã la ŋutɔ wɔa ʋumemi si hiã nɛ, eyata ami si woɖuna le nuɖuɖu me la tsi dzi. Ami si míeɖuna le nuɖuɖu me ƒe akpa gãtɔ yia aklã la me. Le dzɔdzɔme nu ne nuɖuɖumemi ge ɖe aklã me la, aklã la wɔa eŋudɔ ale be wòɖea eƒe ʋumemi wɔwɔ dzi kpɔtɔna. Nusia nana be ami ƒe agbɔsɔsɔme si le ʋua me la nɔa ɖoɖo nu.
Ke ne ami sɔ gbɔ le nuɖuɖua me ale gbegbe be aklã la magate ŋu atrɔ asi le eŋu o ɖe, nukae adzɔ? Ate ŋu adzɔ bɔbɔe be ʋumemi nage ɖe lãmenugbagbevi siwo le ʋuka la me tẽ. Ne ege ɖe eme la, ʋukawo me ade akpa. Nya la avloe ɖe edzi wu ne ŋutilã la gayi edzi le ʋumemi agbɔsɔsɔme si wòwɔna la wɔm kokoko togbɔ be ɖewo gatsoa nuɖuɖu me hã. Kuxi sia le ame 1 le ame 5 ɖesiaɖe dome ŋu le United States.
Eyata nunya anɔ eme be nàɖe nuɖuɖumemi ɖuɖu dzi akpɔtɔ. Gake nu bubu le míaƒe nuɖuɖu me si kpɔa ŋusẽ gã ɖe ami agbɔsɔsɔme si le lãme na mí dzi wu—enye lãmi totowo.
Lãmi Kple Ʋumemi
Lãmiwo le ha eve me: totoawo kple matomatoawo. Lãmi matomatowo ate ŋu anye kpeketɔwo alo tsrolotɔwo. Lãmi matomatowo nyo na wò wu esiwo to, elabena lãmi totowo ɖuɖu ana ami nasɔ gbɔ ɖe wò ʋu me. Mɔ eve nue lãmi totowo wɔa nusia toe: Wonaa ʋumemi sɔa gbɔ ɖe aklã la me, eye woxɔa ŋusẽ le LDL-nulénu siwo le aklãmenugbagbeviwo ŋu si, ale be LDL ɖeɖeɖa le ʋua me megatsɔna o.
Nuɖuɖu siwo tso lãwo koŋ mee lãmi totowo le, abe bɔta, koklozi ƒe eme nu dzẽa, hami, nyinotsi, ice cream, ʋulɛ̃, kple aƒexewo ƒe lã ene. Wole tsokolet, yevune kple yevunemiwo, kutsetse bubuwo ƒe ami, kple amidzẽ me. Lãmi totowo te ŋu blana ne wodae ɖe xɔme.
Gake lãmi matomatowo meblana ne wole xɔme o. Ne èɖu lãmi matomato kpeketɔwo kple tsrolotɔwo ɖe lãmi totowo teƒe la, ana ami si le wò ʋu me la dzi naɖe akpɔtɔ.b Togbɔ be lãmi matomato tsrolotɔ siwo bɔ ɖe bli ƒe ami kple sunflower ku ƒe ami me ɖuɖu ate ŋu aɖe ʋumemi manyomanyowo kple nyuiawo dzi akpɔtɔ hã la, ʋumemi manyomanyo siwo bɔ ɖe amiti ƒe ami kple canola-mi me dzi koe lãmi matomato kpeketɔwo te ŋu ɖena kpɔtɔna eye womewɔa naneke le nyuiawo ŋu o.
Gake lãmi hiã le míaƒe nuɖuɖu me. Woawo manɔmee la, míate ŋu akpɔ vitamin siwo nye A, D, E, kple K o. Gake lãmi agbɔsɔsɔme sue aɖe koe ŋutilã la hiã. Míate ŋu akpɔ wo bɔbɔe ne míeɖua amagbewo, ayiwo, bliwo, kple atikutsetsewo. Eyata míate naneke míaƒe ŋutilã la ne míeɖe lãmi totowo ɖuɖu dzi kpɔtɔ o.
Nusita Woatso Lãmi Kple Ʋumemi Dzi
Ðe nuɖuɖu si me lãmi kple ʋumemi sɔ gbɔ ɖo la ana ami nasɔ gbɔ le ʋu mea? Menye nenema kokoko o. Esi Nyɔ! ƒe nuŋlɔla bia gbe Thomas, amesi míeyɔ le nyati gbãtɔa me vɔ la, eɖoe be yeana woado yeƒe ʋu akpɔ. Dodokpɔa fia be ami si le ʋu me nɛ la sɔ alesi dze. Edze ƒã be eƒe aklã te ŋu trɔ asi le ʋumemia ŋu wòle ɖoɖo nu.
Gake esia mefia be nya aɖeke mate ŋu adzɔ ɖe Thomas dzi o. Numekuku siwo wowɔ nyitsɔ laa fia be ami agbɔsɔsɔme si le nuɖuɖu me la ate ŋu ana woalé dzidɔ metsɔ le ami si le ʋua me la me o. Ðk. Jeremiah Stamler si le Dzieheɣetoɖoƒe Yunivɛsiti gblɔ be: “Nuɖuɖu si me ami sɔ gbɔ ɖo la ate ŋu ana amesiwo ami mesɔ gbɔ le woƒe ʋu me o gɔ̃ hã nalé dzidɔ. Susu ma tae wòle be amesiame natso ɖe ʋumemi ɖuɖu dzi tsotso ŋu, metsɔ le ami agbɔsɔsɔme si le woƒe ʋu me xoxo me o.”
Nya bubu enye lãmi si le nuɖuɖua me. Eɖanye lãmi toto alo matomatoa si le nuɖuɖu me gbɔe ami tso o, ne esɔ gbɔ ɖe ʋua me akpa ko la, ana ʋumenugbagbevi dzĩwo nabla ɖe wo nɔewo ŋu. Ʋu babla mawo tɔgbe mete ŋu toa ʋuka suewo me o, eye ewɔnɛ be ŋutilã la mekpɔa nunyiame o. Ne ʋumenugbagbevi babla mawo le ʋukawo me tom la, wotɔtɔa oxygen ƒe mamã ɖe ʋukawo me, ekukoa ʋukawo ŋu ale be teƒea te ŋu dzea akpadede gɔme bɔbɔe. Gake afɔku bubu hã le lãmi sɔgbɔ ɖuɖu me.
Dɔdzẽ Kple Nuɖuɖu
Ðk. John A. McDougall gblɔ be: “Lãmiwo katã—totoawo kple matomatoawo siaa—nana lãmenugbagbevi ƒomevi siwo xɔa dɔdzẽ bɔbɔe aɖewo dzina.” Numekuku aɖe si wowɔ le dɔkavi gãtɔ kple meƒi me dɔdzẽ kpakple no me dɔdzẽ léle ŋu le dukɔwo dome la ɖe vovototo tsodzikaƒoname aɖe fia le Ɣetoɖoƒedukɔwo, afisi lãmi sɔ gbɔ ɖe nuɖuɖu me le, kple dukɔ madeŋgɔwo me la dome. Le kpɔɖeŋu me le United States la, dɔkavi gãtɔ kple meƒi me dɔdzẽ ye nye dɔdzẽ ƒomevi evelia si bɔ ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dome, eye no me dɔdzẽ bɔ ɖe nyɔnuwo dome.
Le Amerika ƒe Dɔdzẽ Habɔbɔ ƒe nya nu la, amesiwo ʋuna yia dukɔ siwo me dɔdzẽ léle bɔ ɖo me la va xɔa alesi dɔdzẽ léle bɔ ɖe dukɔ ma mee, eye enɔ te ɖe ɣeyiɣi si wòxɔ hafi wotrɔ ɖe agbenɔnɔ yeyea kple nuɖuɖua ŋu dzi. Dɔdzẽ habɔbɔa ƒe nuɖaɖagbalẽ gblɔ be: “Japantɔ siwo ʋu yi Hawaii va le alesi Ɣetoɖoƒetɔwo léa dɔdzẽ la xɔm: wote ŋu léa dɔkavi gã kple no me dɔdzẽ wu, eye ƒodo me dɔdzẽ léle mebɔ o—enye nusi to vovo tso alesi wòle le Japan gbɔ.” Edze ƒã be nusi ame ɖuna naa woléa dɔdzẽ.
Ne lãmi ƒomeviwo katã, lãmi toto, ʋumemi, kple nuɖuɖumeŋusẽ sɔ gbɔ le wò nuɖuɖu me la, ke ele be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo. Nuɖuɖu nyui ate ŋu ana wò lãme nasesẽ eye ate ŋu atrɔ nusiwo nuɖuɖu manyomanyo ɖuɖu ate ŋu agblẽ le ame ŋu gɔ̃ hã. Ne ède ŋugble le nusi nàte ŋu awɔ abe amekoko si me wotrɔa ʋusiƒea si vena, eye wòxɔa $40,000 alo ga home si wu nenema ŋu la, àkpɔe be nu nyui ɖuɖu nyo wu.
Ne èɖɔ ŋu ɖo tia nusi nàɖu la, àte ŋu aɖe wò lolo dzi akpɔtɔ, àkpɔe be yeƒe lãme ka ɖe eme wu, eye ana nàƒo asa na dɔléle aɖewo alo aɖe wo ɖa. Woƒo nu tso aɖaŋuɖoɖo siawo tɔgbe ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ʋumemi miligram agbɔsɔsɔme si le dzidzenu desilita ɖeka ɖesiaɖe me nue wodzidzea ʋumemi ɖo. Ʋumemi ƒe agbɔsɔsɔme si nyo—LDL, HDL, kple ʋumemi si le lipoprotein bubu siwo le ʋua me katã ƒe ƒuƒoƒo—mede miligram 200 le desilita ɖeka me o. Wobui be ne HDL miligram 45 le desilita ɖeka me alo esi wu nenema la ke enyo.
b Ƒe 1995 ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Mɔfiamewo na Amerikatɔwo ɖo aɖaŋu be lãmi agbɔsɔsɔme si katã woaɖu la nagasɔ gbɔ wu gbesiagbe nuɖuɖumeŋusẽ ƒe alafa memamã 30 o eye eɖo aɖaŋu be woaɖe lãmi toto ɖuɖu dzi akpɔtɔ wòanɔ ʋee wu nuɖuɖumeŋusẽ ƒe alafa memamã 10. Ne woɖe lãmi toto ƒe nuɖuɖumeŋusẽ ɖuɖu dzi kpɔtɔ alafa memamã ɖeka pɛ hã la, aɖe ami si le ʋua me miligram 3 le desilita ɖeka me ɖa.
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 8]
Dzi ŋu ʋukawo me: (1) wo me ʋu nyuie, (2) wo me xe vie, (3) esusɔ vie wo me naxe keŋ