Agbenɔnɔ Siwo Medea Lãmesẽ Dzi O Aleke Gbegbee Wogblẽa Nui?
DENMARKTƆWO doa lo be: “Dɔléle ɖua aƒetɔ ɖe amesiame dzi.” Amesiame si ŋu dɔmavɔleameŋu aɖe le la alɔ̃ ɖe edzi bɔbɔe be “aƒetɔ” sia ƒe tame sẽ nyateƒe! Gake awɔ nuku na wò be nàse be zi geɖe la, dɔléle le abe amedzro si wona wòva dze ame ene tsɔ wu be wòanye aƒetɔ si ɖua ame dzi. United States ƒe Dɔdada Kple Enutsitsi Dɔwɔƒewo gblɔ be ŋkeke siwo katã dɔnɔwo tsɔ nɔa kɔdzi ƒe alafa memamã 30 tsoa dɔléle kple nuveviwɔame siwo woate ŋu aƒo asa na hafi la gbɔ. Nuka gbɔe wòtso? Agbenɔnɔ siwo menaa lãmesẽ ame o eye afɔku le wo me gbɔe wòtsona. De ŋugble le ɖewo ŋu kpɔ.
ATAMANONO. Ya ɖo Ira si xɔ ƒe 53 ƒe dzitodzito me—atamanono ƒe blane sɔŋ gbɔe wòtso. Be woada dɔa nɛ la, ehiã be wòanɔ oxygen si wode atukpa me si axɔ $400 ɣleti sia ɣleti la zãm ɣesiaɣi. Eƒe dɔlélea na woxɔe ɖe kɔdzi ŋkeke asieke le ƒe 1994 me si na wònyi fe $18,000, ale be Ira ƒe kɔdzifewo va wu $20,000 le ƒe ma me. Gake Ira mekpɔ be ehiã kpata be yeadzudzɔ atamanono o. Egblɔ be: “Ðeko dzodzro manyatalenu sia le menye ko.”
Menye Ira koe le nɔnɔme sia me o. Togbɔ be wonya afɔku siwo le atamanono me nyuie hã la, amewo noa atama si ade ɖekaɖeka biliɔn 15 gbesiagbe le xexeame godoo. Wobu akɔnta be ga home si wogblẽna le United States tsɔ daa atamanonodɔwo ade dɔlar biliɔn 50. Efia be le ƒe 1993 me, ne wobui le mamã dedie nu la, wogblẽ $2.06 ɖe atamanonodɔwo dada ŋu ɖe sigarɛtgo ɖeka ɖesiaɖe si woƒle la ta.
Ne wodzi vi ko la, tso edziɣi kee ga si wogblẽna ɖe atamanonodɔwo dada ŋu te ŋu dzea kɔlili gɔme. Míagblɔ kpɔɖeŋu ɖeka pɛ ko si nye be, wokpɔe le numekuku aɖe si wowɔ le United States me be ate ŋu adzɔ zi gbɔ zi eve be vi ɖesiaɖe si vidada atamanola dzi la ƒe nuyi alo nyème afe wu ɖevi bubuwo tɔ, eye enye dɔ si abia be woako wo zi gbɔ zi ene hafi woaxɔ ƒe eve. Kɔdzife kple ga bubu siwo woagblẽ ɖe ame ɖeka ŋu le dɔ sia dada me le eƒe agbenɔɣi le mamã dedie nu nye $100,000. Gake ga home aɖeke mate ŋu ana woakpɔ alesi gbegbe woxaa nui le nuwɔametɔnyenye tso ame dziɣi la ta o.
Ame geɖe gblɔna be alesi atamanola geɖe menɔa agbe didi xɔa woƒe Tsitsime ƒe Dedienɔnɔgawo o la va xɔna ɖe ga gbogbo si wogblẽ tsɔ da dɔ na wo le atamanono ta teƒe. Gake abe alesi The New England Journal of Medicine gblɔe ene la, “nya ku ɖe nyataƒoƒo sia ŋu; gawu la, ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be kuku kpata le atamanono ta menye mɔ nyuitɔ si dzi woato aɖe kɔdzifewo ƒe dziyiyi dzi akpɔtɔ o.”
AHAMUMU. Wobe ahamumu gbɔe dɔléle geɖe tsona, siwo dometɔ aɖewoe nye aklã ƒe lialia, dzidɔ, dɔme ƒe dzoʋuʋu ame, dɔmebi, kple ƒomeɖe ƒe tete. Ate ŋu ana be ame naxɔ dɔxɔleameŋu abe axamedɔ ene. Ƒe sia ƒe le United States le Ðk. Stanton Peele ƒe nya nu la, “wozãa dɔlar biliɔn 10 tsɔ daa dɔ na amesiwo mete ŋu ɖua woƒe ahanono dzi o.”
Zi geɖe la, aha gblẽa nu le fugboe si le vidzidɔ me ŋu. Nane gblẽna le ɖevi akpe geɖe siwo wodzina le United States ƒe sia ƒe ŋu le esi wo nɔwo nɔ aha nom esime wofɔ woƒe fu ta. Wokpɔnɛ ne wodo vidzĩ siawo kpɔ be ahanono gblẽ nu le wo ŋu esime wofɔ woƒe fu, eye zi geɖe la, lãmedɔ kple tagbɔdɔ nɔa ɖevi siawo ŋu. Wobu akɔnta be ga home si wogblẽna ɖe ɖevi siawo ŋu le woƒe agbenɔɣi katã la dea dɔlar miliɔn 1.4.
Le esi aha nana womegate ŋu ɖua ame ƒe seselelãme dzi o ta la, aha fũ nono te ŋu nana wowɔa ʋunyaʋunya eye wòana woaxɔ abi siwo ahiã na atikewɔwɔ. Nuvevi manyatalenu si ʋukula siwo mu aha wɔa amewo hã li. De ŋugble le nuvevi si wowɔ Lindsey si nye nyɔnuvi ƒe enyi vi si wòle be woahe le dadaa ƒe ʋu ƒe megbezikpui me sesẽe esime ʋukula aɖe si mu aha va lɔ woƒe ʋua ɖe eme la ŋu kpɔ. Lindsey nɔ kɔdzi kwasiɖa adre eye wòle be woakoe zi gbɔ zi geɖe. Eƒe kɔdzifewo wu $300,000. Mawue ɖi nɛ be etsi agbe.
ATIKEVƆ̃ÐIZAZÃ. Numekula aɖe bu akɔnta be ga home si wogblẽna ɖe atikevɔ̃ɖizazã ŋu ƒe sia ƒe le Amerika la nye dɔlar biliɔn 67. Joseph A. Califano, Jr. si nye tatɔ le Numuamewo Kple Woƒe Amemamã Dɔwɔƒe le New York ƒe Columbia Yunivɛsiti gblɔ kuxia ƒe akpa bubu si na wogblẽa ga be: “Cocaine-viwo si mebɔ le ƒe ewo siwo va yi me o la, yɔ vidzĩkɔdzi siwo xɔa $2,000 ŋkeke ɖeka la tititi. . . . Ate ŋu axɔ dɔlar miliɔn ɖeka hafi woakpɔ wo dometɔ ɖesiaɖe si tsi agbe dzi wòatsi.” Califano gblɔ kpee be: “Funɔwo ƒe kɔdzi mademade le woƒe fufɔɣi kple alesi womedzudzɔ atike vɔ̃ɖiwo zazã o tae Kɔdzifewo ƒe Kpekpeɖeŋunaha gblẽ dɔlar biliɔn etɔ̃ kloe ƒe akpa gãtɔ le ƒe 1994 me ɖe dɔnɔ siwo woxɔ ɖe kɔdzi le atikevɔ̃ɖiwo zazã ta.”
Nɔnɔmea gawɔa nublanui wu ne míebu ame gbogbo siwo ŋu agbe vlo sia nɔnɔ gblẽa nu le la ŋu. Ƒome siwo gbã le atikevɔ̃ɖizazã ta ƒe kuxi siwo bɔ dometɔ aɖewoe nye srɔ̃tɔwo ƒe dzrewɔwɔ, ɖevi siwo wogblẽ ɖi, kple gavɔleamesi.
AME VOVOVO GBƆDƆDƆ. Ame miliɔn 12 kple edzivɔ xɔa nulɔdɔwo ƒe sia ƒe le United States si wɔe be United States ye woxɔa nulɔdɔ le wu le dukɔ deŋgɔwo dome. David Celentano si le Johns Hopkins Yunivɛsiti ƒe Dzadzɛnyenye Kple Dumeviwo ƒe Lãmesẽtakpɔkpɔ Srɔ̃ƒe gblɔ be enye “dukɔa ƒe ŋukpenya.” Ga si wogblẽna ɖe dɔléle siawo ŋu ne woɖe AIDS le emee nye dɔlar biliɔn 10 ƒe sia ƒe. Ƒewuiviwo koŋ ye wònye afɔku na wu. Eye esia mewɔ nuku o! Nyatakaka aɖe gblɔ be kaka ɖeviawo naɖo woƒe sukudede ƒe ƒe 12 lia me la, woƒe alafa memamã 70 kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me eye wo memamã 40 kloe le alafa me dɔa kple ahiãvi ene ya teti.
Viɖe gobi aɖeke mele AIDS-dɔ dada me tsom o. Le ƒe 1996 ƒe gɔmedzedze la, ga home si wogblẽ ɖe ame ɖeka ŋu le ƒe ɖeka me esi wozã dɔdamɔnu nyuitɔ kekeake si nɔ anyi—enye lãmetsi si nye protease nutsitikewo zazã kpe ɖe atike siwo wonya xoxo ŋu—la de $12,000 va ɖo $18,000. Gake ga home sia nye nu gbogbo makpɔmakpɔ si yia nugbe le AIDS ta ƒe akpa sue aɖe ko, esiwo dometɔ aɖewoe nye dɔnɔa kple amesiwo meyia dɔme o ƒe dɔmawɔmawɔ alo amesiwo meyia suku o ƒe nu masrɔ̃masrɔ̃ le egbɔkpɔkpɔ ta. Wobu akɔnta be kaka ƒe 2000 lia naɖo la, woagblẽ dɔlar si ade biliɔn 356 va ɖo biliɔn 514 ɖe HIV kple AIDS ŋu le xexeame godoo—esɔ kple be woagblẽ Australia alo India ƒe ga katã dome.
ƲUNYAƲUNYAWƆWƆ. Esime Joycelyn Elders nye United States ƒe amekolagã la, eka nya ta be ga si wogblẽ le dɔdada me le ʋunyaʋunyawɔwɔ ta le ƒe 1992 mee nye dɔlar biliɔn 13.5. United States Dukplɔla Bill Clinton gblɔ be: “Susu siwo ta Amerikatɔwo ƒe ga si wogblẽna ɖe lãmesẽ gbɔkpɔkpɔ ŋu yi dzi bobobo dometɔ ɖekae nye be amesiwo wodza kple amesiwo woda tui la sɔ gbɔ le míaƒe kɔdzixɔ siwo me wokpɔa ame gbɔ le kpata la me.” Esɔ be The Journal of the American Medical Association yɔ ʋunyaʋunyawɔwɔ le United States be enye “dumeviwo ƒe lãmesẽnya si gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata.” Nyatakaka la yi edzi be: “Togbɔ be ʋunyaʋunyawɔwɔ menye dɔléle si woabu ɖe ‘ha’ mawo tɔgbe me o hã la, nusi wògblẽna le ame ɖekaɖekawo kple amehawo ƒe lãmesẽ ŋu la nu sẽ de lãmedɔ geɖe tɔ nu—ɖewohĩ ewu gɔ̃ hã.”
Nyatakaka aɖe si tso kɔdzi 40 gbɔ le Colorado gblɔ be ga si wogblẽ le mamã dedie nu ɖe amesi xɔ abi le ʋunyaʋunyawɔwɔ me le ƒe 1993 ƒe ɣleti asieke gbãtɔwo mee nye $9,600. Amesiwo woxɔ ɖe kɔdzi ƒe memamã afã kple edzivɔ mele nugblẽfexeha aɖeke me o, eye amesiawo dometɔ geɖe mete ŋu xe woƒe kɔdzifewo o alo womenɔ lɔlɔ̃m be yewoaxee o. Nusiawo nana adzɔwo yia dzi, nugblẽfewo xexe yia dzi, eye kɔdzifewo hã yia dzi. Colorado Kɔdziha gblɔ be: “Mí katã míexea eŋuti fe.”
Agbenɔnɔ Tɔtrɔ
Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, mɔkpɔkpɔ aɖeke meli be woate ŋu atrɔ agbenɔnɔ siwo medea lãmesẽ dzi o la o. Columbia Yunivɛsiti ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Amerika menye Eden Bɔ me o eye míate ŋu aɖe nu muamewo zazã ɖa le mía dome o. Gake ne míedze agbagba tsi nu mawo zazã nu se ɖe afi aɖe la, aɖe vi geɖe na mí si ƒe ɖewoe nye be míadzi vi siwo ƒe lãme sesẽ, ʋunyaʋunyawɔwɔ kple hlɔ̃dodo dzi aɖe akpɔtɔ, adzɔxexe aɖiɖi, míagagblẽ ga geɖe ɖe dɔdada ŋu o, dɔwɔwɔ me viɖekpɔkpɔwo adzi ɖe edzi, sukuviwo axɔ hehe nyui wu eye AIDS-dɔlélawo magabɔ o.”
Yehowa Ðasefowo kpɔe be Bibliae nye kpekpeɖeŋunu gãtɔ kekeake le taɖodzinu ma gbɔ ɖoɖo me. Menye agbalẽ gbɔlo aɖe koe Biblia nye o. Amegbetɔ Wɔla, Yehowa Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔe. (Timoteo II, 3:16, 17) Eyae nye “Amesi fia nusi nyo na wò la wò, [Eyae] akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” (Yesaya 48:17) Gɔmeɖose siwo le Biblia me ŋudɔwɔwɔ dea ame ƒe lãmesẽ dzi, eye amesiwo zɔna ɖe eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la kpɔa viɖe geɖe.
Le kpɔɖeŋu me, Esther nye atama geɖe nola tsã.a Esi wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo vɔ la, eƒe Biblia-fiala kpee be yewoatsɔ ŋkeke ɖeka ayi aɖaɖi tsa le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã, si le Brooklyn, New York. Esther menɔ lɔlɔ̃m gbã o. Esi wònya be Yehowa Ðasefowo menoa atama o ta la, ebu alesi wòanɔ wo dome ŋkeke blibo ɖeka la ŋu. Eyata Esther tsɔ sigaret ɖeka de eƒe gakotoku me, kple susu be ne enono dzro ye ko la, yeage ɖe afɔdzixɔ aɖe me anoe. Esi wotsa le teƒe aɖe vɔ la, abe alesi Esther ɖoe tututu be yeawɔ ene la, ege ɖe nyɔnuwo ƒe afɔdzixɔ aɖe me eye wòɖe eƒe sigaret la do goe. Gake kasia ede dzesi nane. Xɔa me nɔ dzadzɛ ale gbegbe, eye ya ʋeʋẽ aɖeke menɔ eme o. Esther gblɔ be: “Manya wɔ nam be mano sigaret aƒo ɖi teƒea o, eyata medee afɔdzidoa me hena tsi kplɔe dzoe. Eye emae nye sigaret mamlɛtɔ si ŋu meka asii!”
Ame miliɔn geɖe siwo le abe Esther ene le xexeame godoo la va le alesi woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu srɔ̃m. Eɖea vi na wo, eye wova zua amesiwo ŋu viɖe le na nuto si me wole me tɔwo. Vevietɔ wue nye be enye bubu na wo Wɔla, Yehowa Mawu.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 27:11.
Togbɔ be amegbetɔ ƒe agbagbadzedze nyuitɔwo kekeake mate ŋu atrɔ anyigba wòazu “Eden Bɔ” o hã la, Biblia gblɔ be Mawu awɔe. Petro II, 3:13 gblɔ be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.” (Tsɔe sɔ kple Yesaya 51:3.) Womagatsi dzi ɖe dɔdada ŋu le anyigba yeye ma dzi o, elabena ameƒomea anɔ lãmesẽ deblibo me—abe alesi Mawu ɖoe tso gɔmedzezea me ene. (Yesaya 33:24) Àdi be yeasrɔ̃ nu bubu geɖe tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋua? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔe o.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
© 1985 P. F. Bentley/Black Star