INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 9/8 axa 32
  • “Eyae Nye Agbalẽ Gbãtɔ Si Wòxlẽ Kpɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Eyae Nye Agbalẽ Gbãtɔ Si Wòxlẽ Kpɔ”
  • Nyɔ!—1997
Nyɔ!—1997
g97 9/8 axa 32

“Eyae Nye Agbalẽ Gbãtɔ Si Wòxlẽ Kpɔ”

Zi geɖe la, Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine ƒoa nu kple amesiwo le keteke dzɔm. Wotsɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo si nye agbalẽ si me nɔnɔmetata geɖe le si wotsɔ gblɔ Biblia me ŋutinya ɖe ɖoɖo siwo nu wodzɔ le la na nyɔnu aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Biblia ŋu.

Emegbe nyɔnua gado go Ðasefoa le ketekedzeƒea ake eye wòda akpe nɛ ɖe agbalẽa ta gblɔ be: “Vinyeŋutsuvia medina kura be yeaxlẽ yeƒe sukugbalẽwo o. Ƒã hafi wòxlẽa wo. Gake esi metsɔ Biblia Ŋutinya gbalẽa nɛ la, ekpɔ nɔnɔmetataawo eye edzroe vevie be yeaxlẽe. Exlẽ agbalẽ bliboa le kwasiɖa eve me. Eyae nye agbalẽ gbãtɔ si wòxlẽ kpɔ. Gake vevietɔ wu la, edzɔ dzi nɛ be yenya Mawu. Eye ele dzi dzɔm na nye ŋutɔ be ewɔ tɔtrɔ siawo. Taflatse gana agbalẽ bubum maxlẽ.”

Nyɔnu aɖe hã tɔ ɖe afima lɔƒo eye wòse nyaa. Ebia be woate ŋu akpɔ Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo ƒe ɖe na ye hã. Axa 256-gbalẽ sia ate ŋu aka wò hã si alo àte ŋu ana ame aɖe nava gbɔwò le aƒewò me ava dzro Biblia me nusɔsrɔ̃ ƒe viɖewo me kpli wò ne èŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Watch Tower, Box 760, Accra, Ghana, alo nèzã adrɛs si tsɔ ɖe gbɔwò si le axa 5 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe