INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 9/8 axa 30-31
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kuku le Ðevime
  • Nuɖuɖu me Dɔlélewo
  • Fĩe ‘Kɔkɔewo’—Fuɖenamenuwoe
  • Ðe Wòmiã Akpa?
  • “Futɔ Siwo Womenya O” Didi
  • Abolo Ŋu Dzɔlawo
  • Ŋkuɖoɖo Video Nukpɔkpɔ Dzi
  • Atiglinyimĩ ƒe Pepa
  • Nuɖuɖu Kɔnuwo
  • Mĩŋɔŋɔdɔ Nutsitsi Gamagblẽmagblẽe
  • Amerika ƒe Tu Lɔlɔ̃
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
    Nyɔ!—1995
  • TV​—“Ayemenufiala” La
    Nyɔ!—2006
  • Ðe Wò Nuɖuɖu Le Dediea?
    Nyɔ!—2012
Nyɔ!—1997
g97 9/8 axa 30-31

Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Kuku le Ðevime

The Dallas Morning News gblɔ be ne wotsɔ ɖevi siwo le United States sɔ kple esiwo le dukɔ 25 siwo me mɔ̃ɖaŋununya de ŋgɔ le me la, ate ŋu adzɔ zi gbɔ zi 12 be woada tu awu ɖevi siwo le United States, zi gbɔ zi 5 be wo havi nawu wo, eye zi gbɔ zi eve be woawu wo ɖokui. Etienne Krug si nye nyatakakaxɔla na Dɔlélenutsitsi Dɔwɔƒewo le Atlanta, Georgia, gblɔ be: “Míenɔ mɔ kpɔm be United States tɔ ayi dzi wu ya, gake vovototoa ƒe lolome wɔ nuku na mí ale gbegbe.” Nusiwo gbɔ ɖeviwo ƒe ku ŋutasesẽtɔe tso dometɔ aɖewoe nye atikevɔ̃ɖiwo zazã, hiãkame, ƒomewo ƒe gbagbã, kple sukudede mɔnukpɔkpɔwo ƒe agbɔmasɔmasɔ.

Nuɖuɖu me Dɔlélewo

JAMA (The Journal of the American Medical Association) ka nya ta be alesi wòle dzidzim ɖe edzi be nuƒlelawo dia “nuɖuɖu mumu vovovowo ɣesiaɣi le ƒea katã me” hekpe ɖe alesi “asiƒeƒle le xexeame godoo si wɔe be wote ŋu tsɔa nuwo yia xexeame katã kaba la” na be nuɖuɖu me dɔléle yeyewo le dodom le United States. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nɔ te ɖe numekuku si wowɔ le ƒe ewo siwo va yi me dzi bu akɔnta be nuɖuɖu me dɔlékuiwo “dea dɔ lãme na ame miliɔn 6.5 va ɖo miliɔn 81 eye wowua ame 9000 le United States ƒe sia ƒe.” Eŋutinunyala aɖewo hã xɔ se be kuxia ate ŋu atso alesi wova le agblemenu siwo wotsɔ lã ŋutinuwo ƒe anyigbanyonuwo dee hafi wotsi (nuɖuɖu siwo wotsɔ lãmĩ doe) ɖum geɖe wu hã gbɔ. Le JAMA ƒe nyatakakaa nu la, “E coli te ŋu nɔa agbe ŋkeke 70 le nyimĩ me eye ate ŋu adzi ɖe edzi le nuɖuɖu siwo wotsɔ mĩ sia dee hafi wotsi me, negbe ɖe wozã dzoxɔxɔ alo wode nuwo abe dze alo nutakpɔnuwo ene tsɔ wu dɔlékuiawo.”

Fĩe ‘Kɔkɔewo’—Fuɖenamenuwoe

Keseŋutinusrɔ̃la Iqbal Malik gblɔ be rhesus-fĩewo le Vrindavan, India, ɣeyiɣi didi aɖee nye sia. Ame geɖe bua fĩe siawo be wole kɔkɔe eye wote ŋu tsana le Hindu-du kɔkɔea me faa eye womevɔ̃na be woalé yewo o—vaseɖe fifia. New Scientist magazine gblɔ be, rhesus-fĩewo dzi ɖe edzi le afima le ƒe siawo me ale gbegbe le esi tsaɖila siwo naa nu wo va sɔ gbɔ ɖe edzi ta. Wosusu be nuɖuɖu nana fĩewo na nu dzea edzi na ame. Le ƒe siawo me la, nunanawo koŋ dzie fĩewo nɔa agbe ɖo le esi gbedamawo megabɔ o ta. “Wodze akplowo fifi gɔme eye wogena ɖe aƒewo me nɔa nuɖuɖu dim.” Afimanɔlawo lɔ̃ be ele be woalé fĩewo ƒe alafa memamã 60 akplɔ ayi kɔƒe nutowo me. Malik gblɔ be: “Mawuawo zu lã gblẽnuwo.”

Ðe Wòmiã Akpa?

Togbɔ be míaƒe ƒuwo dzudzɔa tsitsi le ƒewuiwo ƒe nuwuwu hã la, míaƒe afɔwo nɔa tɔtrɔm le míaƒe agbenɔɣi katã. Neil Koven si nye dɔnunɔla na Canadatɔwo ƒe Afɔdɔwo ƒe Atikewɔha gblɔ be: “Ne míele tsitsim la, míaƒe afɔwo wɔna gbadzɛ vie eye wo me ʋuna ale be wodidina eye wokekena. Esi míaƒe ƒutsiakawo me gbɔdzɔna alo wo me doa agblɔ vie tae.” Afɔkpaŋutinunyalawo bu akɔnta be ame tsitsiwo ƒe afã kloe doa afɔkpa si mesɔ kple woƒe afɔwo o—kekeme ƒe kuxiwo koŋue bɔ wu—eye ewɔnɛ be afɔkuiwo, ƒunukpeƒewo, kple afɔtamewo toa kɔ, eye afɔkuiwo glɔ̃na. Ðe wò afɔkpawo miã wò akpa? Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Toronto Star gblɔ be: “Tsɔ afɔ ƒuƒlu ɖo pepa kakɛ dzi eye nàte fli ƒo xlã afɔ evea. Azɔ tsɔ wò afɔkpawo da ɖe pepaa dzi eye nàte fli ƒo xlã wo. Ne ètsɔ nutatawo sɔ kple wo nɔewo la, àkpɔ alesi gbegbe nèle afɔwòwo miãm de afɔkpa mee.” Be nàkpɔ afɔkpa si asɔ wò pɛpɛpɛ la, dzidze wò afɔ ɣesiaɣi si nèyina afɔkpa ƒle ge, eye nàƒlee le ŋdɔ me alo fiẽ me esime nèzɔ afɔawo dzi nyuie vɔ.

“Futɔ Siwo Womenya O” Didi

Corriere della Sera gblɔ be le ƒe 1997 me la, numanyonamedɔ alo kpeƒoame ho na amesiwo le Rome, Italy, ɣleti eve do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wòvana na wo. Numanyonamedɔ ŋuti nunyala aɖe gblɔ be anye “alesi ɣletinyigba la gaxɔ dzo ɖe edzi eye wòna be vuvɔŋɔli megadidi kura o” gbɔe wòatso be seƒoƒowɔ gbogbo aɖewo do kaba do ŋgɔ. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be “ŋkeke siwo dzi yame nyo la kplɔ seƒoƒowɔ aɖewo siwo womenya o vɛ, eye eŋutinunyalawo mete ŋu le mɔ xem ɖe wo nu o.” Wodze egɔme xoxo le “etsoƒe si womenya o dim,” gake fifia la, “numanyonamedɔ ho na dɔnɔwo eye womenya nusi gbɔ wotso o.”

Abolo Ŋu Dzɔlawo

Charles Kɔkɔe ƒe Katoliko Sɔleme si le Picayune, Mississippi, dze egɔme le dzɔlawo ɖom ɖi be woakpɔ egbɔ be ame aɖeke nagado go le gbedoxɔa me Nuɖuɖu Kɔkɔe boloa maɖumaɖu o. Woɖe afɔ sia esi wose be edzɔ zi geɖe be ame aɖewo tsɔ aboloa alo Abolo Kɔkɔe si Katolikotɔwo bua nu kɔkɔe la doa goe le sɔlemexɔa me. The Dallas Morning News ka nya ta be nunɔla John Noone gblɔ be “Satana-subɔlawo di be yewoƒe asi nasu abolo kɔkɔea dzi” ale be ‘yewoado gui.’ Nuɖuɖu Kɔkɔe ŋu dzɔlawo ƒe dɔe nye be woalé ŋku ɖe hameviawo ŋu be womii ŋutɔŋutɔ hã. Ne womemii o la, wogblɔna na sɔlemedelaawo kpoo be woami Abolo Kɔkɔea alo woatrɔe vɛ.

Ŋkuɖoɖo Video Nukpɔkpɔ Dzi

Nya aɖe si wota ɖe magazine si nye Pediatrics me gblɔ be, “numekuku aɖewo siwo wowɔ fia be hadzidzi videowo kpɔkpɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe ekpɔlawo ƒe agbenɔnɔ dzi ahawɔe be ŋutasesẽ magable fu lãme na wo o eye awɔe be gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe adze ƒewuiviwo ŋu bɔbɔe.” Hagbe siwo le heavy metal kple gangsta rap hadzidziwo me koŋ ŋue dzilawo tsi dzi ɖo vevie. “Ha siwo ƒewuiviwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe tiana la na wodzea si nɔnɔme si le wo si kɔte. Nusɔsrɔ̃ geɖe fia be heavy metal hadzidzi siwo wolɔ̃na la afia be amea le eɖokui ɖem ɖe aga, ezãa atike vɔ̃ɖiwo, tagbɔdɔwo le fu ɖem nɛ, ate ŋu awu eɖokui, ele nyɔnu alo ŋutsu ŋkuta aɖewo srɔ̃m, alo anɔ agbe si me afɔku le le ƒewuiwo me.” Nyatakaka sia si atikewɔla enyi di vɛ le ƒe 1995 kple 1996 dome gblɔ be: “Ne nukpɔlawo se hadzidzi aɖe si ƒe video wokpɔ kpɔ la, ‘woɖoa ŋku’ nɔnɔme si wokpɔ le videoa me ‘dzi’ enumake.”

Atiglinyimĩ ƒe Pepa

Esime Mike Bugara ƒe aƒelikawo kpɔ be enɔ atiglinyimĩ ɖam le eƒe xɔxɔnu la, eme kɔ be ete ɖe wo dzi. Wo dometɔ aɖewo susu be ele adze wɔm, gake le nyateƒe me la, pepa wɔm wònɔ. Akɔɖu, bli, kple aŋeti ƒomevi si nye eucalyptus ƒe aŋgbawoe Aƒetɔ Bugara tsɔ wɔ pepa gbã. Gake alesi ka sɔ gbɔ le Kenya ƒe atiglinyimĩ gbogbo siwo wòkpɔ me la na nutakpɔla dovevienu sia bu tame be ɖe yeazãe atsɔ awɔ pepa hã. New Scientist magazine ka nya ta be, ekpɔe be enye mɔ nyuitɔ si dzi yeato ana “amewo nanya alesi wòle vevie be woakpɔ lã siawo tae.” Fifia la, eƒe atiglinyimĩ pepa zãm wole na Kenya Gbemelãwo Dɔwɔƒe ƒe ƒe 50 ƒe azã ƒe amekpegbalẽviwo le ƒe sia me.

Nuɖuɖu Kɔnuwo

The New York Times gblɔ be television va zu “nusi ŋu egbegbe gbenɔnɔ geɖe si zu kɔnu la ku ɖo.” Kpɔɖeŋu ɖekae nye alesi wòzu numãme be wonɔa nu ɖum ganɔa television kpɔm—ezu kɔnu le dukɔ geɖe me le xexeame godoo fifia. Le kpɔɖeŋu me le Mexico la, ƒome geɖe nɔa fiẽnu ɖum ganɔa television dzi fefewo kpɔm. Numekuku aɖe si wowɔ le France nyitsɔ laa fia be “television ŋgɔe woɖua nu alafa memamã 62 le.” Le China la, amewo nɔa television dzi ɖeɖefia tɔxɛwo kpɔm ganɔa adzamatreku tɔtɔe ɖum. Ku yibɔ siawo kpakple sunflower kple pistachio kuwo ɖuɖu bɔ ɖe televisionkpɔlawo dome le Israel hã. Numeɖenu siwo woɖuna ganɔa television kpɔm le Philippines dometɔ aɖewoe nye koklofɔyiyi, ha ƒe to, kple koklodɔ memee. Times gblɔ be balut—si nye “kpakpazi si me vi le woɖa eye wowu dzekɔ ɖe edzi heɖuna le tsroa me”—ye nye numeɖenu si vivia wo nu wu.

Mĩŋɔŋɔdɔ Nutsitsi Gamagblẽmagblẽe

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ka ɖe edzi be yewoke ɖe mɔ si dzi woato axe mɔ ɖe miŋɔŋɔ kple xeɖeɖedɔ nu gamagblẽmagblẽe ŋu—enye takuvɔ zazã atsɔ atsyɔ tsii! Numekula siwo le Maryland ƒe Yunivɛsiti, le United States, kple Dukɔwo Dome Kpetadedɔ Ŋuti Numekuƒe, le Dacca, Bangladesh, kpɔe be nugbagbevi siwo naa miŋɔŋɔ kple xeɖeɖedɔ la nɔa bɔlu sue ƒomevi aɖe si nye copepod si nɔa tsi me la ƒe ƒodo me. Ne wotsyɔ tsia to takuvɔ ƒokpli ene me la, woate ŋu atsyɔ nugbagbevi siwo naa miŋɔŋɔ kple xeɖeɖedɔa ƒe alafa memamã 99 ɖa. Emegbe ne wosia takuvɔa ɖe ŋdɔgbe gaƒoƒo ene, alo le tsidzaɣi ne wodee dɔlékuiwutike si mexɔ asi o me la, woate ŋu awu nugbagbeviawo le eme. London-nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent gblɔ be woayi gbeadzi atee akpɔ tso ƒe sia me, eye woafia mɔnua zazã amesiwo le nuto siwo me dɔlélea le.

Amerika ƒe Tu Lɔlɔ̃

New York ƒe Daily News ka nya ta be: “Numekuku si wowɔ le dukɔ bliboa me fia be aƒe siwo me tu le mee Amerikatɔ tsitsi 10 dometɔ 4 tso, eye tu eve le aƒe mawo dometɔ ɖesiaɖe me le mamã dedie nu. Ameawo ƒe alafa mememã 25 gblɔ le numekukua me be kotokumetu le yewo si, 27 le alafa me be tukpui le yewo si eye 29 le alafa me be tu didi le yewo si.” Tu ƒomevi siwo wu ɖekae le aƒe geɖe me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe