Tsi Kple Wò Lãmesẽ
MAGAZINE si nye Health (Lãmesẽ) gblɔ be: “Màte ŋu alala be tsikɔwuame nafia tsi agbɔsɔsɔme si wò ŋutilã hiã la wò o.” Ke hã be míanɔ sesĩe le ŋutilã kple seselelãme gome la, tsi geɖe nono hiã, ehiã na míaƒe dzedzeme kura gɔ̃ hã. Tsi nona le lãme na mí edziedzi to fifia, aɖatsi, kple aɖuɖɔ kpakple míaƒe gbɔgbɔ hã me. Ele be míano tsi ɖe tsi sia si no le míaƒe lãme la teƒe. Agbɔsɔsɔme kae míehiã? Eŋutinunyala geɖe kafui be tsinokplu enyi ya teti hiã—lita eve gbesiagbe.
Nukatae? Ehiã be tsi natsɔ nunyiamewo ayi míaƒe ŋutilã ƒe afisiafii, eye be wòaɖe nu gbegblẽwo ɖa le lãme na mí. Ehiã be wòana dzoxɔxɔ si sɔ nanɔ míaƒe lãme, eye wòana be míaƒe kpeƒewo nate ŋu awɔ dɔ bɔbɔe. Health magazine la gblɔ be: “Ne tsi vi aɖe koe vɔ le lãme na wò kura gɔ̃ hã la, ate ŋu ana ɖeɖi nate ŋuwò . . . alo nàdze dɔ. Tsivɔlelãme nye nusi hea ɖeɖiteameŋu vanɛ si ŋu míaƒe susu menɔna o.” Magazinea kafui be: “Mègana alesi kɔfi kple tii, aha vivi siwo me caffein le kple aha sesẽ nye tsii la naflu wò o; le nyateƒe me, woawo hã le nusiwo noa tsi le lãme na ame dome.” Caffein kple aha sesẽ wɔa dɔ abe atike siwo naa woɖɔa aɖuɖɔ kabakaba ene eye wonoa tsi le lãme na ame.
Gakpe ɖe eŋu la, “èhiã tsi be wòana wò ŋutigbalẽ nabɔbɔ eye malé ayi o.” Àte ŋu azã amisisi siwo naa tsi nɔa lãme na ame hã na esia. Gake womedzia tsi si le lãme na ame ɖe edzi o. Ke boŋ woxea ŋutigbalẽa ƒe ɖadoewo nu be tsi si le lãme na ame xoxo la magano o. Ne míele tsitsim la, nana be ame ƒe lãmetsi magano o va hiãna wu, elabena míaƒe ŋutigbalẽ ƒe ŋutete be wòana tsi nagano le lãme na mí o la dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ.
Nublanuitɔe la, le xexea ƒe teƒe geɖe la, agbagbadzedze geɖe hiã hafi woate ŋu akpɔ tsi nyui si le dzadzɛ wòade amewo nu. Gake ne èdze agbagba le eŋu la viɖe le eŋu. Dze agbagba ɖesiaɖe be nano tsi sɔ gbɔ, eye to mɔ tsɛ sia dzi nàkpɔe be yeƒe ŋutilã le nɔnɔme nyuitɔa me!