April 11, 1998—Ŋkeke si Dzi Woaɖo Ŋkui
Le fiẽ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, etsɔ abolo maʋãmaʋã kple wein na eƒe apostolowo eye wògblɔ na wo be woaɖu aboloa ano wein la. Egagblɔ na wo be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.”—Luka 22:19, NW.
Ƒe sia me wɔna sia ƒe ƒezã dze Memleɖa, April 11 lia, dzi le ɣeɖoto megbe. Yehowa Ðasefowo akpe ta le xexeame katã fiẽ tɔxɛ sia na Ŋkuɖodzia ɖuɖu le mɔ si Yesu de se be woaɖui le nu. Míele kpewòm vividodoɖeameŋutɔe be nàva kpɔ eteƒe na mí. Taflatse bia game si tututu woawɔe kple teƒe si woawɔe le la Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ.