INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 7/8 axa 29-30
  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ahedada Kple Nutoa Me
  • Afɔku si Dziɖeleameƒo Nye
  • Ƒe Siwo Wotsɔ Nɔa Ʋumɔwo Dzi
  • Titinaɣedzeƒe ƒe Game
  • Wole Vɔvɔ̃m ɖe Fransegbe Nu
  • Wodi be Woatsi Zãnunana Nu
  • Wole Gbamidowo Ham
  • Nusi Atamanono Gblẽ Magate Ŋu Aɖɔ Ðo Oa?
  • Womeɖɔ Eƒe Mo Ðo O
  • Ame Miliɔn Geɖe ƒe Agbe Le Dzudzɔ me Tsim
    Nyɔ!—1995
  • Ðe Atamanono Nye Nu Vɔ̃a?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Nyɔ!—1998
g98 7/8 axa 29-30

Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu

Ahedada Kple Nutoa Me

Togbɔ be ganya le kakam ɖe eme hã, ga si mede dɔlar eve o nue amesiwo wu biliɔn 1.3 ganɔa agbe ɖo gbesiagbe le xexeame katã. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be menye ɖeko ahedada kpɔtɔ li ko o ke ele gã dom ɖe edzi hã. Ga si amesiwo ade biliɔn ɖeka wɔa dɔ kpɔna egbea medea esi wokpɔna ƒe 20, 30, alo 40 siwo va yi me gɔ̃ hã nu o. Esia dzia nutoa me nuwo gbegblẽ ɖe edzi, elabena abe alesi UNESCO Sources magazine gblɔe ene la, “ahedada wɔnɛ be wogblẽa dzɔdzɔmenuwo tẽ si nana be agbagba ɖesiaɖe si woadze be woakpɔ wo ta woanɔ anyi didi la zua dzodzro. Le alesi nuwo le yiyim fifia nu la, made ƒe 50 hafi ave siwo le Carib-nutowo me navɔ keŋkeŋ o . . . Nɔnɔmea vɔ̃ɖi wu gɔ̃ hã ne míelé ŋku ɖe dukɔ ɖesiaɖe tɔ ŋu: Ƒe 30 ye gasusɔ na avewo le Philippines, ƒe 16 le Afghanistan, kple ƒe 15 le Lebanon.”

Afɔku si Dziɖeleameƒo Nye

London ƒe The Times ka nya ta be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo . . . gblɔ be dziɖeleameƒo ate ŋu agblẽ nu le dzia ŋu abe alesi wòanɔ ne wonoa sigaret 20 gbesiagbe ene. Wokpɔe le numekuku si wotsɔ ƒe ene wɔ le Finland-ŋutsu 1,000 siwo xɔ tso ƒe 40 va ɖo ƒe 60 ŋu me be dziɖeleameƒo na wònɔa bɔbɔe be dzia ƒe ʋukawo dea akpa, alo sesẽna ɖe edzi.” Numekukua ɖee fia be alesi ame bua tamee te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe lãmesẽ dzi vevie. Ðk. Susan Everson si nɔ ŋgɔ na numekukua gblɔ be: “Míele ekpɔm zi geɖe be susu kple seselelãme ƒe nɔnɔme wɔa akpa vevi aɖe le lãmesẽ me. Ele be dɔdalawo nade dzesii be dziɖeleameƒo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe lãmesẽ dzi eye wòna dɔlélea tena ɖe ame dzi wu. Ele be amewo nade dzesii be ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo eye dziɖeleameƒo ge ɖe wo me alea la, ele be woadze agbagba adi kpekpeɖeŋu.”

Ƒe Siwo Wotsɔ Nɔa Ʋumɔwo Dzi

Amesiwo le Italy ƒe dugãwo me zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ nɔa ʋu me tso aƒeme yia dɔwɔƒe alo suku kple ne wotrɔ gbɔna. Ɣeyiɣi nenie wozãna? Legambiente si nye Italytɔwo ƒe nutomenyawo gbɔkpɔha gblɔ be Naples-nɔlawo zãa aɖabaƒoƒo 140 tsɔ yina gbɔna gbesiagbe. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Repubblica ka nya ta be ne míetsɔe be amewo ƒe agbenɔƒe nye ƒe 74 le mamã dedie nu la, efia be Naples-nɔla ɖesiaɖe agblẽ ƒe 7.2 le ʋumɔ dzi le eƒe agbe me. Roma-nɔla si zãa aɖabaƒoƒo 135 tsɔ nɔa ʋu me gbesiagbe agblẽ ƒe 6.9. Nɔnɔmea vloe nenema kloe le dugã bubuwo me. Amesiwo le Bologna agblẽ ƒe 5.9, eye amesiwo le Milan hã agblẽ ƒe 5.3.

Titinaɣedzeƒe ƒe Game

Ɣeyiɣi ƒe tɔtrɔ ate ŋu atɔtɔ ɖe ame le Titinaɣedzeƒe. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Iran, si ŋu The New York Times gblɔ le be ƒe geɖe enye sia si “wotsɔ gaƒoƒo etɔ̃ kple afã le ŋgɔ na Greenwich Mean Time ƒe gamea tsɔ wu be woawɔe wòanye gaƒoƒo blibo abe alesi wowɔnɛ le dukɔ geɖe me ene. Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yease nyadzɔdzɔ tso BBC Xexeame Radiodɔwɔƒe le ŋdi ga 5 me la, ele be nàlée le wò radio dzi ŋdi ga 8:30 eye nàdze agbagba be yemakplɔ London ƒe Gaƒoɖokui Gã ƒe game si mesɔ ɖe tɔwòa nu o ɖo o.” Eye esi September ƒe kwasiɖanuwuwu mamlɛa mee wokpana le dɔme gaƒoƒo ɖeka do ŋgɔ hã la, wotrɔe le Israel wòva September 13 lia dzi le ƒe si va yi me. Esesẽ hã be woade dzesi ŋkeke siwo woabu kwasiɖanuwuwui. Womeyia dɔ me Yawoɖa kple Fiɖa le dukɔ siwo le Persia Ƒukɔmea ƒe akpa gãtɔ me o. Gake le Egypt kple dukɔ siwo ɖe liƒo kplii ƒe akpa gãtɔ me la, Fiɖa kple Memleɖae nye woƒe kwasiɖanuwuwu, eye enye Memleɖa kple Kwasiɖa le Lebanon. Times de dzesii be: “Le kpɔɖeŋu me, mɔzɔla si ɖoe be yeava ɖo Abu Dhabi Kuɖa ƒe ŋdɔ me eye yeagaɖo yameʋu ayi Beirut Fiɖa fiẽ la akpɔ ŋkeke ene woanye kwasiɖanuwuwu. Amesi dɔwɔwɔ zu numãme na abu ŋkekeawo ayi megbemegbee ale be wòate ŋu ayi dɔ me.”

Wole Vɔvɔ̃m ɖe Fransegbe Nu

Paris-nyadzɔdzɔgbalẽ Le Figaro si wotana gbesiagbe ka nya ta be Franse-dukɔwo ƒe ame dɔdɔwo de takpekpe aɖe si wowɔ le Hanoi, Vietnam, nyitsɔ laa be yewoaɖu “alesi wodoa Fransegbe le xexeame ƒe afisiafi” ƒe azã. Amesiwo wu miliɔn 100 ye doa Fransegbe edziedzi. Esime Fransegbe nɔ tsia dzi le ƒe alafa 17 lia me la, gbe mae wozãna le dukɔwo dome kadodowo me. Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be: “Le Europa si ma kakɛkakɛ la, ŋutifafanubabla siwo woŋlɔ ɖe Fransegbe me la nu yi kple aʋawɔwɔ kple dzrewɔwɔwo.” Gake fifia “wole agbagba dzem be” Fransegbea “nagazu abe alesi wònɔ tsã le xexeame ene.” Fransegbe zazã ƒe toyiyi ate ŋu atso alesi ame geɖe wu va le Eŋlisigbe dom gbɔ, vevietɔ esi wòzu gbe si wozãna le asitsanyawo me ta. Esi France-dukplɔla nɔ agbagba dzem be yeaɖɔ nɔnɔmea ɖo la, ede dzi ƒo be woade Fransegbe me nyawo kɔmpiuta nyatakakakpɔƒe ƒe mɔnua dzi bene woazã. Gake esi dunyahela aɖe nɔ alesi wòvɔ̃ ɖe Fransegbe ƒe etsɔme nu ɖem fia la, egblɔ be: “Alesi wozãa Fransegbe le xexeame katã la wɔnɛ be amewo, nyakakamɔnuwo, alo dunyahelawo metsɔa ɖeke le eme o. Ðewohĩ ɖekematsɔleme sia bɔ ɖe France wu dukɔ bubuwo me.”

Wodi be Woatsi Zãnunana Nu

Woyɔnɛ le China be huilu; enye kitu kidogo le Kenya. Nyagbɔgblɔ si wozãna nɛ le Mexico ye nye una mordida; Russia, vzyatka; eye le Titinaɣedzeƒe la, enye baksheesh. Le dukɔ geɖe me la, zãnunana nye nusi ame akpa gãtɔ wɔna eye ɣeaɖewoɣi eya koe nye mɔ si dzi wotona kpɔa asitsanyawo gbɔ, kpɔa nanewo, alo nana be wodrɔ̃a nya na ame. Gake nyitsɔ laa la, dukɔ 34 de asi nubabla aɖe te be woatsɔ aɖe zãnunana ɖa le dukɔwo dome asitsanyawo me. Woawoe nye dukɔ siwo le Nuwɔwɔ Aduadu le Ganya kple Ŋgɔyidɔwo Me Habɔbɔa me, kpakple Argentina, Brazil, Bulgaria, Chile, kple Slovakia. Xexeme ƒe ganyahabɔbɔ gã eveawo—Xexeame Gadzraɖoƒegã kple Dukɔwo Dome Ganyagbɔkpɔha—hã le afɔɖeɖewo wɔm be woatsɔ atsi amegãwo ƒe nufitifitiwɔwɔ nu. Wowɔ afɔɖeɖe siawo esime Xexeame Gadzraɖoƒegã ƒe numekuku va ɖee fia be wonaa zãnu le asitsadɔ 40 le alafa me le dukɔ 69 me. Fifia habɔbɔ eve mawo ɖe mɔ be woadzudzɔ ga nana dukɔ siwo metso ɖe nufitifitiwɔwɔ ŋu o.

Wole Gbamidowo Ham

Gbamido ƒomevi aɖe si woyɔna be mopane la nye South Africa kɔƒenutome nɔla dahewo ƒe nuɖuɖu tso gbaɖegbe ke, eye ema mee wokpɔa woƒe amenyinu tsona. Gbagblaʋui gã mee wodzɔna tsona eye mopane-ti si woɖuna lae wotsɔ yɔa woe. Le April kple December me la, nyɔnuwo fɔa gbamidoawo eye ne woɖe woƒe dɔmenuwo ƒu gbe vɔ la, woɖaa wo hesiaa wo ɖe ŋdɔ gbe. Woƒe amenyinu, ami, ŋutilãtuɖonuwo, kple nuɖuɖumeŋusẽ sɔ kple esiwo le lã kple tɔmelã me. Gake fifia mopane-ŋɔviawo va zu nusi ame geɖe ɖuna le South Africa nuɖuɖudzraƒewo. Nusia keke ta ɖo Europa kple United States hã, si na Afrika-kɔƒenutome nɔlawo tsi dzi. Nukata? London ƒe The Times gblɔ be: “Ne ame geɖe wu va le eɖum la, ŋɔviawo ƒe anyinɔnɔ aɖo afɔku me. Mopane bu le Botswana kple Zimbabwe si te ɖe afima ŋu la ƒe teƒe geɖe” xoxo.

Nusi Atamanono Gblẽ Magate Ŋu Aɖɔ Ðo Oa?

Wogblɔ le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me be ate ŋu adzɔ be ne atamanono gblẽ ʋukawo la, magate ŋu aɖɔ ɖo akpɔ o. Numekulawo ka nya ta le The Journal of the American Medical Association me be sigaretnono kple eƒe dzudzɔ si wotu ɖe yame gbɔgbɔ siaa ate ŋu agblẽ ʋukawo keŋkeŋ. Wowɔ numekukua le ŋutsu kple nyɔnu 10,914 siwo xɔ tso ƒe 45 va ɖo 65 dome. Wo dometɔ aɖewo nye atamanolawo, amesiwo noe kpɔ gake dzudzɔ, amesiwo menonɛ o gake gbɔa eƒe dzudzɔ edziedzi, kple amesiwo menonɛ o siwo megbɔa eƒe dzudzɔ edziedzi o. Numekulaawo zã gbeɖiɖimɔ̃ aɖe tsɔ dzidze ʋuka gã si to ame ƒe kɔme la ƒe titrime. Wogadzidze wo ake le ƒe etɔ̃ megbe.

Abe alesi wokpɔ mɔe ene la, amesiwo noa atama edziedzi ƒe ʋukawo de akpa ɖe edzi ŋutɔ—amesiwo noa sigaretgo ɖeka gbesiagbe le mamã dedie nu hena ƒe 33 la tɔ gatri ɖe edzi alafa memamã 50. Amesiwo nonɛ tsã gake dzudzɔ la hã ƒe ʋukawo gamiã ɖe edzi alafa memamã 25 wu amesiwo menonɛ o tɔ—evɔ wo dometɔ aɖewo dzudzɔ ƒe 20 enye ma. Amesiwo menonɛ o gake gbɔa eƒe dzudzɔ la ƒe ʋukawo de akpa ɖe edzi alafa memamã 20 wu amesiwo megbɔnɛ alea o. Numekukua ɖee fia be wobu akɔnta be ame 30,000 vaseɖe 60,000 ƒe ku le United States ɖeɖe ate ŋu atso atamadzudzɔ si wogbɔna gbɔ.

Womeɖɔ Eƒe Mo Ðo O

Esi wotsɔ ƒe adre gbugbɔ Dzata ƒe Nɔnɔmewɔwɔ si le Egypt dzra ɖo vɔ la, wova ɖe agba si ƒo xlãe si dzi wotɔ ɖo nɔ dɔa wɔm la ɖa mlɔeba. Ahmad al-Haggar si nye blemanuwo dzikpɔlagã le nutoa me gblɔ be: “Wozã kpe siwo ade akpe alafa ɖeka tsɔ dzra Nɔnɔmewɔwɔ la ɖo tso ƒe 1990 vaseɖe ƒe 1997 me.” Gake egagblɔ be womeɖɔ “nɔnɔmewɔwɔ gã si wotsɔ akalokpe wɔ si nye dzata afã amegbetɔ afã” la ƒe mo si gblẽ la ɖo le dzadzraɖodɔ sesẽ si wowɔ la me o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe