INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 20-21
  • Nu Dzeani Siwo Le Afrika Yame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Dzeani Siwo Le Afrika Yame
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Ahuhɔ̃e Dadzowo
  • Veviedolae Evɔ Menya Kpɔ O
  • Atɔ Siwo Ku Ðe Nu Ŋu
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 20-21

Nu Dzeani Siwo Le Afrika Yame

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Kenya gbɔ

ŊDƆKUTSU kplalaa la ɖu Afrika ƒe gbegbe ale be nusianu ƒu kplakplakpla hewɔ hɛ̃. Míedze gbe to ŋùti sasawo kple ŋùvewo dome.

Kasia míetɔ enumake. Míetɔ le keklẽ aɖe si le amadede vovovo me kpɔm. Xevi sue aɖee va dze ɖe sangarati ƒose aɖe ƒe alɔ dzi, eye eƒe amadede le dzo dam ale gbegbe be ɖeko nàsusu be ɣeae wode eƒe fũwo me ene. Esɔ be woyɔa xe dzeani sia le Eŋlisigbe me be sunbird, Eʋegbe ŋkɔe nye goɖitsi.

Ahuhɔ̃e Dadzowo

Goɖitsi hamehame siwo li la wu alafa ɖeka. Akpa gãtɔ le Afrika-nyigba xɔdzowo dzi, gake woagate ŋu akpɔ wo le Asia, Australia, kple le Pasifik-ƒukpowo gɔ̃ hã dzi. Goɖitsi hamehameawo katã dze ani, eye ne ɣea klẽ ɖe wo dzi la, wodaa dzo abe ahuhɔ̃e suesuewo ene, ale woƒe keklẽawo nɔa amadede dadzo vovovo me: dzĩwo, aŋutiɖiɖiwo, blɔwo, kple gbemuwo kpakple akɔbli ƒe amadede hamehame.

Zi geɖe wotsɔa goɖitsiwo sɔna kple Amerika aɖitsiwo. Amadede dzeaniwo le woawo hã si abe aɖitsiwo ene eye wonoa seƒoƒowo me tsi. Gake wololo wu aɖitsiwo eye womete ŋu dzona abe wo hati Dziehe Amerikatɔ siawo ene o.

Míagblɔe gbadzaa ko be goɖitsi dzona ɖe seƒoƒo dzi hafi ƒoa eƒe adɔ didi si bi gɔdɔ̃e la ɖe seƒoƒoa me nonɛ. Gake ne seƒoƒo lɔbɔe la me goglo na goɖitsia akpa la, eŋɔa seƒoƒoa ƒe agu nu noa eme tsi vivi la. Wofɔa nugbagbeviwo hã le seƒoƒowo kple aŋgba siwo tsɔ wo gbɔ dzi mĩna.

Atsuawo te ŋu xlɔ̃na nyuie hã. Woƒe gbeɖiɖi hamehameawo te ŋu nyea tssp sesẽtɔ si vea tome si goɖitsi dzeanitɔ xlɔ̃na, eye ete ŋu nyea tsik-tsik-tsik-tsik-tsit tree-tree-turrrr si nya sena si Ɣedzeƒe Afrika goɖitsi si ŋu aɖabɛ fũ le la xlɔ̃na. Zi geɖe la, woƒe xɔxlɔ̃e naa wonyana be wole gbea me. Gake ne ŋku nya dze wo dzi ko la, wodzena nyuie le Afrika-gbegbea si gbewo ƒu le.

Veviedolae Evɔ Menya Kpɔ O

Togbɔ be goɖitsitsu nya kpɔna eye eƒe xɔxlɔ̃ nya sena hã la, nɔea le sue wu eye eƒe amadede medaa dzo o. Eyata zi geɖe xevikpɔlawo kple fotoɖelawo medea nu eme nɛ o. Le nyateƒe me la, ne wo kple atsua wole ha me ko hafi susu vaa edzi. Gake nɔea ƒe veviedodo va xɔ ɖe eƒe amadede manyakpɔa teƒe.

Nɔea koŋue wɔa atɔ hekpɔa vidzikpɔkpɔ ƒe dɔ vevi akpa gãtɔ gbɔ. Ne nɔea ƒe ŋku biã le atɔa ŋu dɔwo wɔm la, atsua tɔna ɖi nɔa klalo be yeanyã futɔwo ɖa le atɔwɔƒea.

Atɔ Siwo Ku Ðe Nu Ŋu

Gake goɖitsiwo ƒe atɔwo menya kpɔ ya o. Zi geɖe ɖeko wonɔna abe gbeɖuɖɔ suesue siwo yaʋuduʋudu aɖe kplɔ eye wova ku sangarati ƒe ŋùwo ŋu ene. Goɖitsi ƒe atɔ ɖi afɔwui si le tsi gege ƒe nɔnɔme me wotsɔ ku nu, eye gbewo ŋue wofo helɔ̃ alo ƒo ƒu tsɔ yiyiɖɔ lée bla. Wotsɔa atilɔewo, gbe ƒuƒuwo, ka suesuewo, eye zi geɖe wotsɔa nuku tsro ɖeka alo eve si wona wonɔa aba dam la ɖoa atsyɔ̃ na atɔa kpena ɖe nu bubuawo ŋu.

Wotsɔa gbe bɔbɔewo, xefũwo, kple nu bɔbɔe bubuwo ɖona ɖe atɔa me. Mɔa nu nyea do sue aɖe si woɖe ɖe akpa ɖeka le etame lɔƒo. Zi geɖe nɔea ɖeka koe dɔa azi dzi. Zi geɖe ne wòle azi dzi le eƒe atɔ si ɖi peya me la, eƒe adɔ didi si bi gɔdɔ̃e la nu dzena le atɔa nu. Eɖɔa azi ɖeka alo eve si ƒona anɔ ŋkeke 14 megbe. Ne viawo do go le atɔa me la, woƒe amadede menya kpɔna o abe wo dada tɔ ene. Gake ne atsuawo le tsitsim la, wova dzea fũ dzeani siwo ade dzesi wo be wonye xe siwo daa dzo le ɣe nu la toto gɔme.

Goɖitsi hã nye Nuwɔla nyanu aɖe ƒe nuwɔwɔ gbogbo hamehameawo dometɔ ɖeka. Woƒe amadede ƒe anidzedze kple nuwɔna si wodzɔ kplii ʋãa mí be míakpɔ ŋudzedze ɖe wo Wɔla ŋu geɖe wu. Eyata goɖitsiwo hã le eme esi Biblia gblɔ be, ‘Mikafu Yehowa tso anyigba dzi, mi nutatawo kple xevi dzodzoewo.’ “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa!” (Psalmo 148:7, 10; 150:6) Ele be Afrika yamenu dzeani siawo naʋã mí katã be míakafu Wɔla lɔlɔ̃tɔ si wɔ wo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe