INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 9/8 axa 32
  • “Nyatakaka Nyui Ka Gbegbee Nye Esi!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nyatakaka Nyui Ka Gbegbee Nye Esi!”
  • Nyɔ!—1999
Nyɔ!—1999
g99 9/8 axa 32

“Nyatakaka Nyui Ka Gbegbee Nye Esi!”

Aleke sɔhɛwo awɔ tameɖoɖo nanɔ woƒe agbe ŋu, ase wo ɖokui gɔme alo asrɔ̃ mɔ si nu woanɔ anyi kple wo dzilawo le ŋutifafa me? Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Spain xɔ lɛta aɖe nyitsɔ laa, si me nya aɖewo gblɔ be:

“Susu si ta mele agbalẽ sia ŋlɔm enye be mada akpe manyagblɔ aɖe na mi ɖe dɔ nyui si wɔm miele hele agbalẽ wɔdɔɖeamedziwo, abe esi ƒe tanya nye Questions Young People Ask​—Answers That Work ene tam la ta. Nyatakaka nyui ka gbegbee nye esi! Meda akpe na agbalẽa ŋlɔlawo kple etalawo, amesiwo na be sɔhɛ akpe geɖewo ƒe didiwo va eme na wo.

“Menye nyɔnuvi si xɔ ƒe 21 si tsɔa ɖe le Biblia me eye mesrɔ̃e va yi. . . . Eva me le vome be to xɔ̃nye aɖe dzi la, agbalẽ si nye Questions Young People Ask​—Answers That Work va su asinye.

“Mebui gbã be maɖe vi aɖeke nam o, gake vivivi la, exexlẽ va nɔ nunye vivim. Agbalẽ sia na be medea ŋugblẽ le nu geɖe ŋu, abe nukae mawɔ kple nye agbe, eye vivivi la, eɖo nye biabiawo katã ŋu nam. Esi kesinɔnu sia le asinye ta la, mesrɔ̃ alesi mase nu gɔme na dzinyelawo, alesi matsɔ agɔdzedze ake kple alesi wòle be nyɔnu nawɔ nui kple alesi nye ŋutɔ mawɔ nu abe nyɔnu ene.”

Ne èdi be nyatakaka siwo le Young People Ask gbalẽa me naɖe vi na ye la, àte ŋu axɔ ɖeka ne èkpe nudɔgbalẽvi si kpe ɖe eŋu la ɖo eye nèɖoe ɖe adrɛs si dze le edzi alo nèzã adrɛs si sɔ le magazine sia ƒe axa 5 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe