INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g99 9/8 axa 31
  • Ðe Ʋudodo Hiã Nyateƒea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ʋudodo Hiã Nyateƒea?
  • Nyɔ!—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
    Nyɔ!: Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
  • Dɔdamɔnu Nyuitɔ Kekeake—Eyae Nye Ka?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2007
Nyɔ!—1999
g99 9/8 axa 31

Ðe Ʋudodo Hiã Nyateƒea?

NYABIASE sia fɔ ɖe te le ƒe si va yi ƒe November me, le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si Ðk. Ciril Godec, si nye zimenɔla na aɖuɖɔtoemedɔléle ŋuti nusrɔ̃ƒe si le Long Island Kɔledzi Kɔdzi, le Brooklyn, New York, ŋlɔ me. Eŋlɔ be: “Egbea ɖewohĩ ʋu manye dɔdamɔnu si dzi woada asi ɖo o, esi meɖo Nuɖuɖu kple Atikewɔnyawo ƒe Dɔdzikpɔha ƒe dedienɔnɔ ƒe dzidzenu siwo wòɖo la gbɔ o ta. Ʋu nye amegbetɔ ƒe ŋutinuwo ƒe akpa aɖe, eyata ʋudodo sɔ kple ŋutinu ɖeɖe ade ame bubu me.”

Ðk. Godec gblɔ be: “Ŋutinu ɖeɖe ade ame bubu me ye nye dɔdamɔnu mamlɛtɔ si wotsɔ ɖoa dɔnɔwo ŋku me. Le vɔvɔ̃ na dɔxɔleameŋu vɔ̃ɖiwo ta la, wonaa dɔnɔwo nyana dɔdamɔnu vovovo siwo li la tsitotsito hafi woɖea ame bubu ƒe ŋutinu dea dɔnɔa me.” Egblɔ le ʋudodo ŋuti be: “Nya ku ɖe viɖe siwo le ʋudodo me ŋu ale gbegbe be amekola geɖe va da asi ɖe ‘asaƒoƒo na ʋudodo’ ƒe numeɖeɖe aɖe dzi, menye le atikewɔnya ƒe susuwo ta ko o, ke le senyawo hã ta.”

Kuxi gã si le ʋudodo ŋue nye be ede dɔ siwo wua ame, siwo dome AIDS hã le, lãme na ame akpe geɖewo. Togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi le mɔnu siwo dzi wotona léa ŋku ɖe dɔlékui ŋu le ʋu me le teƒe geɖewo hã la, Dk. Godec gblɔ be: “Afɔku gã aɖe doa mo ɖa le amesiwo na ʋu si me dɔléle le gake woƒe ŋutilã mekpɔ wɔ ʋumenu siwo wua aɖi haɖe o, alo dɔlékui siwo ɣeyiɣi mede be woate ŋu atsɔ mɔ̃ akpɔ to dodokpɔwo wɔwɔ me haɖe o la gome.”

Dk. Godec ƒo eƒe nyabiase si wòfɔ ɖe te, si dze le nyati sia ƒe gɔmedzedze, ta be: “Esi atikewɔlawo kple amekolawo va nya nu geɖe wu le ya si amegbetɔwo kple lãwo gbɔna ƒe dɔwɔwɔ ŋu eye wode dzesii be mele be ʋumenugbagbevi dzĩwo nade ama akpa abe alesi wobui tsã ene o la, eva le bɔbɔe na wo ɣesiaɣi kloe be woazã dɔdamɔnu bubuwo ɖe ʋu teƒe. Anye ƒe ɖeka koe nye esi va yi la, ʋu geɖe dona le amekoko le dzi kple aklã ɖeɖe de ame bubu me ale gbegbe be wòhiã ɣesiaɣi be woado ʋu gbogbo aɖe na ame ɖe ʋu si do le eŋu teƒe. Fifia wozãa amekokomɔnu evea siaa ʋudodo manɔmee.

“Edze ƒã be eteƒe madidi o, ate ŋu adzɔ be ʋudodo na ame nu ayi keŋkeŋ. . . . Menye ɖeko ʋudodo nye dɔdamɔnu si xɔasi eye afɔku le eme ko o; ke mena wotsɔa beléle akuakua si dɔnɔwo hiãna naa wo hã o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe