INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g00 5/8 axa 30
  • Ne Lɔlɔ̃ Gbã Ŋku

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Lɔlɔ̃ Gbã Ŋku
  • Nyɔ!—2000
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Agbagblaʋui Ƒe Nusese Wɔnuku La
    Nyɔ!—2015
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2001
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2010
Nyɔ!—2000
g00 5/8 axa 30

Ne Lɔlɔ̃ Gbã Ŋku

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE SPAIN GBƆ

BU EŊU kpɔ be nèle nyɔnu dim be yeaɖe, evɔ mèkpɔa nu le adzɔge o, eye zã me koe ɖetugbiwo doa go. Nɔnɔme ma mee agbagblaʋuitsu le. Gake nɔnɔme aɖewo le nudzodzoe dzeani sia si, si wɔe be kuxi sesẽ sia meɖea fu nɛ boo o.

Le dzomeŋɔli ɣletiwo me la, nyɔnudila sia ɖua nuɖuɖu ɖesiaɖe si ŋu wòake ɖo hedea ami nyuie. Eyata le adame si kplɔe ɖo me ne edo le eƒe atɔ me la, agbagblaʋuitsu dzeani sia ɖu nuɖuɖu geɖe si asu nɛ xoxo, si ate ŋu akplɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me—eye le eya gome la, enye dzinu eve pɛ ko.

Esi agbagblaʋuitsua kpɔ eƒe nuɖuɖunyawo gbɔ xoxo ta la, ate ŋu atrɔ eƒe susu katã ɖe nyɔnudidi ŋu. Ke hã ne menye dɔwɔnu vevi aɖe si le eŋu ye wòzãna o la, anye ne nyɔnudidi le dzinuɖiɖi te asesẽ abe dze si bu ɖe ama me ene.

Dzo eve dona le agbagblaʋuia ƒe ta suea me abe alesi nuku miena ene. Anɔ eme be dzo eve siawoe nye ʋeʋẽdzesidenu si de ŋgɔ wu ɖesiaɖe le anyigba dzi. Gakpe ɖe eŋu la, woƒe dɔwɔwɔ le ale gbegbe be wosea ʋeʋẽ, alo “yaɖeɖe” suetɔ kekeake si ado le agbagblaʋuinɔe ŋu.

Togbɔ be nɔeawo mesɔ gbɔ o hã la, woƒe ʋeʋe si nu sẽ la le abe dzesifianu ene. Agbagblaʋuitsuia ƒe dzoawo ƒe dzesideʋeʋẽŋutete nu sẽ ale gbegbe be wote ŋu sea nɔea si le adzɔge abe kilomita 11 kloe ene ƒe ʋeʋẽ. Le mɔ sia nu la, eɖua mɔxenuwo katã dzi, eye agbagblaʋuitsuia doa go nɔea mlɔeba. Lɔlɔ̃ ate ŋu agba ŋku faa le nudzodzoewo ƒe xexeame—ne mede ɖeke o hã, le go sia me ya teti.

Nu wɔnuku siawo ƒomevi kple atsyɔ̃ɖoɖo dzeani vovovowo bɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔwo me! Hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me.”—Psalmo 104:24.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 30]

© A. R. Pittaway

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe