INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g02 9/8 axa 19
  • Ðe Xexlẽdzesiwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Dziwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Xexlẽdzesiwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Dziwòa?
  • Nyɔ!—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wòle Be Nàɖo Ŋu Ðe Xexlẽdzesiwo Ŋu Hena Mɔfiafia?
    Nyɔ!—2002
  • Xexlẽdzesiwo Ƒe Amebleŋusẽ
    Nyɔ!—2002
  • Gɔmesese Kae Nɔa Xexlẽdzesiwo Si Le Biblia Me? Ðe Biblia Da Asi Ðe Xexlẽdzesifakaka Dzia?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Etsɔme Mɔfiafia Si Ŋu Kakaɖedzi Le
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2002
g02 9/8 axa 19

Ðe Xexlẽdzesiwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Dziwòa?

ÐE GƆMESESE ɣaɣlawo le xexlẽdzesiwo ŋua? Ame aɖewo lɔ̃na ɖe edzi bobobo be, “Nenema tututue!” eye woyɔa kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi ɖeka—si nye ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedze si dzɔ le September 11, 2001 dzi.

Xexlẽdzesifakala aɖe gblɔ be: “Esi menya se nyadzɔdzɔa ko la, mede dzesi ɣletiŋkeke: 9-11-2001.” Zi geɖe la, xexlẽdzesifakalawo bua xexlẽdzesi 11 be enye “xexlẽdzesi vevitɔwo” dometɔ ɖeka. Eyata amesiwo lɔ̃ xexlẽdzesifakaka vevie la ƒo nyatakaka vovovowo nu ƒu ku ɖe ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedzea ŋu si nɔ asi fiam “xexlẽdzesi vevitɔ” 11. Nya siwo gbɔna nye nusiwo ŋu woke ɖo la ƒe akpa aɖe ko:

▪ Afɔkua dzɔ le ɣleti 9 lia ƒe ŋkeke 11 lia dzi. . . . 9 + 1 + 1 = 11.

▪ September 11 nye ƒea ƒe ŋkeke 254 lia. . . . 2 + 5 + 4 = 11.

▪ Yameʋu si lɔ dziehe xɔ kɔkɔa enye yameʋudɔwɔƒea ƒe Yameʋu 11 lia.

▪ Ame 92 ye nɔ yameʋua me. . . . 9 + 2 = 11.

▪ Ame 65 ye nɔ yameʋu si lɔ anyiehe xɔ kɔkɔa me. . . . 6 + 5 = 11.

▪ Xɔ Kɔkɔ Eveawo ɖi xexlẽdzesi 11.

▪ Le Eŋlisigbe me la Ŋɔŋlɔdzesi 11 ye le nya “New York City” me.

Xexlẽdzesifakaka—si me wogblɔna le be gɔmesese vevi nɔa xexlẽdzesiwo, woƒe ƒuƒoƒowo, kple woƒe akɔntawo ŋu la—nye nuwɔna si bɔ ɖe Afrika, Asia, kple Amerika dukɔwo me. Nukatae ame geɖewo ƒoa wo ɖokui ɖe eme ɖo? Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe aɖe gblɔ be ŋɔŋlɔdzesi siwo dzena le ŋkɔwo me ƒe gɔmeɖeɖe ƒomevi aɖewo didi—si nye xexlẽdzesifakaka vevitɔwo dometɔ ɖeka la—“gblɔa nyatakaka siwo ku ɖe ame ƒe amenyenye, agbenɔnɔ, nɔnɔme, kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu pɛpɛpɛ.” Nyatakakatsoƒe sia gblɔ be numekuku le míaƒe “dzigbewo ŋu ɖea dzidzɔ kple fukpekpe si ava nɔ míaƒe agbemeŋutinya me fiana.”

Ðe nya siawo nye nyateƒea? Alo afɔku siwo menya kpɔna dzea sii o la ate ŋu anɔ gɔmesese aɖe didi na xexlẽdzesiwo mea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe