INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g02 9/8 axa 25
  • Etsɔme Mɔfiafia Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Etsɔme Mɔfiafia Si Ŋu Kakaɖedzi Le
  • Nyɔ!—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu Anya Etsɔmea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Xɔse Kple Wò Etsɔme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðe Nane Li Si Ana Míaƒe Etsɔme Nanyoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2002
g02 9/8 axa 25

Etsɔme Mɔfiafia Si Ŋu Kakaɖedzi Le

ÐE ALESI kakaɖedzi mele xexlẽdzesifakaka kple afakaka bubuwo ŋu o fia be mɔ bubu aɖeke megali si dzi míato anya nu tso etsɔme ŋu oa? Mele nenema kuraa o!

Xexlẽdzesi si nye nusi womekpɔna o la mate ŋu afia ameƒomea nusi adzɔ le etsɔme o. Gake “Mawu gbagbe” la, amesi ɖe “nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke” la, te ŋu wɔe nenema. Ewɔ esia le eƒe Nya si woŋlɔ ɖi, si nye Biblia la me. (Timoteo I, 4:10; Yesaya 46:10) Mawu gbagbe la ƒe nya la kee ‘dzroa tamesusuwo kple dzimedidiwo me’ ke menye nusiwo xexlẽdzesifakalawo gblɔnae o, eyata ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàse nusi ʋãa wò gɔme ahanya nusi ahe dzidzedzekpɔkpɔ vavãtɔ vɛ na wò.—Hebritɔwo 4:12.

Mía Wɔla, amesi nye Biblia la Ŋlɔla, koe ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi pɛpɛpɛ. Ele alea elabena Mawue nye ŋusẽkatãtɔ eye wòwɔa nuteƒe. Yehowa Mawu gblɔ be: “Megblɔ nya, eye mawɔe hã.” (Yesaya 46:11) Esi Yosua kplɔ Israel-viwo va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi vɔ megbe la, ete ŋu gblɔ kple kakaɖedzi be: “Nyaa aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va eme pɛpɛpɛ.”—Yosua 21:45; 23:14.

Nyagblɔɖi geɖe le Biblia me siwo ava va eme le etsɔme. Esiawo ƒe ɖewoe enye esiwo gblɔ ɣeyiɣi si me woaɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ɖa le anyigba dzi ahawɔe wòazu paradiso ŋu nya ɖi. (Psalmo 37:10, 11; Lododowo 2:21, 22) Ðe etsɔme ma dzro wò veviea? Ðe nèxɔe se be nunya kple ŋusẽ le mía Wɔla la si be wòaɖɔ nuwo ɖo le ɣletinyigba sia dzia? Ne nenemae la, ke anyo be nàdzro nya si Biblia gblɔ ku ɖe nusi gbɔna dzɔdzɔge ɖe anyigba dzi ŋu la me.a

Eyata zã wò ɣeyiɣiwo nyuie fifia—menye le dagbadagba be nànya nusiwo gbɔna dzɔdzɔge ɖe dziwò to xexlẽdzesiwo gɔmeɖeɖe me o, ke boŋ to agbagbadzedze be Biblia kple eƒe nyagblɔɖiwo gɔmesese nyuitɔ nasu asiwò me. Yehowa Ðasefowo le klalo be yeawoakpe ɖe ŋuwò be etsɔme ŋuti sidzedze bubu siwo wogblɔ le Mawu ƒe Nya, Biblia la me nasu asiwò.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe ta 1, 10, kple 19, si Yehowa Ðasefowoe ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe