INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 1/07 axa 30
  • “Nuɖuɣiwo Tea Mí Ƒoa Ƒu Ðekae”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nuɖuɣiwo Tea Mí Ƒoa Ƒu Ðekae”
  • Nyɔ!—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nuɖuɖu Ðekae Ate Ŋu Ado Ŋusẽ Miaƒe Ƒomea?
    Nyɔ!—2010
  • Na Ðoɖo Nanɔ Nu Sia Nu Ŋu Eye Mialé Wo Me Ðe Asi
    Nyɔ!—2007
  • Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Gbesiagbe Mawunyakpukpuia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Nu Si Wɔna Bɔbɔe Aɖe Fia Mí Tso Fia Aɖe Si Le Dziƒo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2007
g 1/07 axa 30

“Nuɖuɣiwo Tea Mí Ƒoa Ƒu Ðekae”

ÐE MIAƑE ƒomea ɖua nu ɖekae zi ɖeka ya teti le ŋkekea mea? Nublanuitɔe la, ale si vovo megale ame ŋu le egbexexea me o la wɔe be nuɖuɖu va zu ‘wò hã kpɔ tɔwò gbɔ’ ƒe nya le aƒe geɖe me. Ke hã, menye míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ɖeɖe ko gbɔe ƒuƒoƒo aɖu nu ɖekae le ƒomea me kpɔna o, ate ŋu akpɔ nuhiahiã siwo le vevie wu la kura gɔ̃ hã gbɔ—si nye dzeɖoɖo tuameɖowo kple ƒomekadodowo.

Algirdas kple srɔ̃a, Rima, kpakple wo vinyɔnu etɔ̃awo le dziehe Europa-dukɔ si woyɔna be Lithuania me. Algirdas gblɔ be: “Togbɔ be mewɔa dɔ, eye nyɔnuviawo yia suku hã la, míewɔ ɖoɖo ale be míete ŋu ɖua fiẽnuɖuɖu ya ɖekae. Le nuɖuɣiwo la, mí katã míeƒoa nu tsoa ŋkekea me nudzɔdzɔwo ŋu faa, eye míeɖoa dze tso míaƒe kuxiwo, míaƒe susuwo, míaƒe ɖoɖowo, nu siwo doa dzidzɔ na mí kple nu siwo medoa dzidzɔ na mí o, ŋu na mía nɔewo. Ðikeke mele eme o be, nuɖuɣiwo tea mí ƒoa ƒu ɖekae.”

Rima gblɔ kpee be: “Ne mía kple nyɔnuviawo míele nu ɖam la, mɔnukpɔkpɔwo sua mía si míegblɔa míaƒe dzimenyawo na mía nɔewo. Edzɔa dzi na wo be woawɔ nuwo ɖekae le dzodoƒea, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wole nu geɖe srɔ̃m. Ale míete ŋu nɔa dɔ wɔm, ganɔa dzidzɔ hã kpɔm.”

Algirdas, Rima, kple wo viwo le viɖe geɖe kpɔm, elabena wodi ɣeyiɣi ɖua nu ɖekae. Ne miaƒe ƒomea mele ewɔm alea haɖe o la, ɖe manyo ŋutɔ be miawɔ ɖoɖo anɔ nu ɖum zi ɖeka ya teti gbe sia gbe, ne wò ɖeka koe nye dzila le ƒomea me hã oa? Nu nyui siwo gbegbe nàkpɔ tso eme la ana nàŋlɔ vɔsa ɖe sia ɖe si ema abia tso asiwò la be kura.—g11/06.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe