Ƒomea ƒe Ðoɖowɔɖi—Gbesiagbe Mawunyakpukpuia
1 Dzila siwo lɔ̃a wo viwo la dzea agbagba gbesiagbe be yewoadi nu nyui na wo woaɖu. Gake gbɔgbɔmenuɖuɖu si tso Mawu ƒe Nya la me nana wo ya gale vevie wu. (Mat. 4:4) Mɔ aɖe si dzi nàto akpe ɖe viwòwo ŋu be gbɔgbɔmenuwo nadzro wo vevie eye ‘woatsi aɖo ta xɔxɔ gbɔ’ enye be ƒomea nadi ɣeyiɣi gbesiagbe adzro gbesiagbe mawunyakpukpuia me. (Pet. I, 2:2) Ɣekaɣie miate ŋu ade esia miaƒe ƒomea ƒe ɖoɖowɔɖia me?
2 Le Nuɖuɣiwo: Ŋkekea gɔme dzedze kple mawunyakpukpuia me dzodzro ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ŋu be eƒe susu nanɔ Yehowa dzi le ŋkekea katã me. (Ps. 16:8) Vidada aɖe ɖoe xlẽna mawunyakpukpuia kple numeɖeɖeawo na viaŋutsu ne ɖevia le ŋdinu ɖum eye wòdoa gbe ɖa kplii hafi wòyia suku. Esia kpe ɖe ɖevia ŋu wòte ŋu nɔ te sesĩe ɖe dulɔlɔ̃ ƒe nyawo nu, wògbe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susu siwo amewo do ɖe egbɔ, eye wòɖi ɖase dzideƒotɔe na sukuviwo kple nufialawo siaa. Togbɔ be eya ɖeka koe nye Ðasefo nɔa sukua hã la, mese le eɖokui me kpɔ be yetsi akogo o.
3 Ne mawunyakpukpuia me dzodzro le ŋdi me masɔ na mi o la, ekema ƒomea ate ŋu adzro eme le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi bubu dzi, ɖewohĩ le fiẽnuɖuɣiwo. Ame aɖewo dzroa nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me kple nusiwo do dzidzɔ na wo le woa ŋutɔwo ƒe Biblia xexlẽ me hã me le ɣeyiɣi mawo me. Ame geɖe ɖoa ŋku ɣeyiɣi mawo dzi gblɔna be wonye fiẽnuɖuɣi siwo me ƒomea kpɔ dzidzɔ le wu.
4 Le Zã Me: Le ƒome aɖewo gome la, zã me koe sɔ wu be woadzro gbesiagbe mawunyakpukpuia me, hafi amlɔ anyi. Ɣeyiɣi sia ate ŋu asɔ nyuie hã be woado gbe ɖa ɖekae. Ne viwòwo senɛ gbesiagbe nèƒoa nu tsoa Yehowa ŋu hedona gbe ɖa nɛ la, woava kpɔe be enye ame ŋutɔŋutɔ.
5 Yehowa neyra agbagba siwo dzem nèle esi nèle Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvia zãm tsɔ le nyateƒea ƒãm ɖe viwòwo mee.