Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Susu Aɖe Li Si Ta Ŋutsu Kple Ŋutsu Ƒe Dɔdɔ Asɔa?
ŊUTSU kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ nye nu si dzi ame geɖe va le asi dam ɖo egbea le dukɔ geɖe me. Sɔlemeha aɖe si le Amerika la me tɔ aɖewo le gbɔgblɔm be ele be woagbugbɔ Biblia ƒe nya siwo wògblɔ tso nuwɔna sia ŋu la gɔme aɖe bubui be “wòasɔ ɖe egbegbe nunya nu.” Ŋutsu aɖe si le Brazil, si nye osɔfo si woa kple ŋutsu aɖe woɖe wo nɔewo nyitsɔ laa, la gblɔ be “ele be woagbugbɔ ŋku alé ɖe Biblia ŋu ake” be woana wòasɔ kple nukpɔsusu si le yeƒe hameviwo si egbea.
Amewo tsɔa ŋkɔ na ame siwo meda asi ɖe nuwɔna sia dzi o la be wonye nazãbula siwo lé fu ŋutsu-ŋutsu gbɔdɔlawo hevɔ̃na na wo. Nu ka tututue Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu?
Nu Kae Biblia Gblɔ Tso Eŋu?
Biblia mede nazãbubu ɖe ame ŋu ƒe dzi ƒo o. Gake nya si wògblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu la me kɔ ƒãa.
“Megadɔ ŋutsu gbɔ abe nyɔnu gbɔ ene o, ŋunyɔnu wònye.”—3 Mose 18:22.
Menye se sia koe nye agbe nyui nɔnɔ ŋuti se si le Mose ƒe Sea me na Israel dukɔa o, ke boŋ wode agbe nyui nɔnɔ ŋuti se bubu geɖewo hã na wo. Ke hã, se sia ɖe ale si Mawu bua nuwɔna siae la fia, be “ŋunyɔnu wònye,” eɖanye le Yudatɔwo alo ame siwo menye Yudatɔwo o dome o. Dukɔ bubu siwo ƒo xlã Israel viwo ƒoa wo ɖokui ɖe ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, ahasiwɔwɔ, kple nu tovo bubu siwo ŋu Sea tsi tre ɖo la wɔwɔ me. Esia na Mawu bu dukɔ mawo be wonye ame makɔmakɔwo. (3 Mose 18:24, 25) Ðe Biblia ƒe nukpɔsusu trɔ le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣiawo mea? De ŋugble le mawunyakpukpui sia ŋu kpɔ:
“Mawu ɖe asi le wo ŋu na gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siwo nye ŋukpenanuwo, elabena woƒe nyɔnuwo trɔ ale si woazã wo ɖokuiwo le dzɔdzɔme nu la wòzu esi mele dzɔdzɔme nu o; nenema kee ŋutsuwo kura gɔ̃ hã wɔ nu si mele dzɔdzɔme nu o esi wogblẽ nyɔnuwo ɖi, eye ŋutsuwo kple ŋutsuwo le fiefiẽm adãtɔe le woƒe dzodzro sesẽwo me ɖe wo nɔewo ŋu, eye wole nu ɖigbɔwo wɔm.”—Romatɔwo 1:26, 27.
Nu ka tae Biblia ɖɔ nuwɔna sia be enye nu si mele dzɔdzɔme nu o, kple nu ɖigbɔ? Elabena wonye gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna siwo mesɔ ɖe Wɔla la ƒe ɖoɖowo nu o. Vi mate ŋu ado tso vidzinu ɖeka tɔwo ƒe dɔdɔ me o. Biblia tsɔ gbɔdɔdɔnuwɔna sia sɔ kple nu si mawudɔla dzeaglã siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔ kple amegbetɔvi nyɔnuwo do ŋgɔ na Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa. (1 Mose 6:4; 19:4, 5; Yuda 6, 7) Mawu bua gbɔdɔdɔnuwɔna eve siawo siaa be womele dzɔdzɔme nu o.
Ðe Taflatsɛdodo Aɖe Lia?
Ame aɖewo bua biabia sia ŋu be, ‘Ðe ƒome si me ame aɖe dzɔ tso, nuto si me wòle, alo nu siwo me wòto va yi, abe gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe eŋu le ɖevime ene, nye nu si woatsɔ ado taflatsɛ ɖe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro siawo ta?’ Ao, womenye taflatsɛdonuwo o. Wò ya de ŋugble le kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Woate ŋu adzi ame aɖe eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe numekuku aɖee afia be amea ate ŋu ava zu ahamula bɔbɔe, alo woate ŋu anyi ame aɖe le ahanomunɔtɔwo ƒe ƒome me. Ame akpa gãtɔ ase veve ɖe ame si le nɔnɔme sia me la nu godoo. Ke hã, susu aɖeke meli si ta ame aɖe nade dzi ƒo nɛ be wòanɔ aha mum, alo agblɔ be mehiã be wòadze agbagba be yeadzudzɔ ahamumu o le esi ɖewohĩ nɔnɔme ma mee wonyii le ta o.
Nenema kee togbɔ be Biblia mebu ame siwo le agbagba dzem be yewoaɖe asi le gbɔdɔdɔnuwɔna siawo ŋu la be evɔ na wo keŋkeŋ o hã la, meda asi ɖe dzodzro mawo tɔgbi dzi o, eɖanye ɖe wòle ʋu me na amea loo alo nu bubu aɖee ƒoe ɖe enu be wòawɔ nu siawo o. (Romatɔwo 7:21-25; 1 Korintotɔwo 9:27) Biblia la le kpekpem ɖe amewo ŋu eye wòle dzi dem ƒo na wo be woaɖu vidzinu ɖeka tɔwo ƒe dɔdɔ ƒe dzodzrowo dzi.
Nu Ka Dim Mawu Le Na Ame Siwo Me Dzodzro Siawo Le?
Biblia la ka ɖe edzi na mí be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be, “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Timoteo 2:4) Togbɔ be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe nuwɔna mawo ŋu hã la, mede dzi ƒo be woalé fu ame siwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe nuwɔna sia me o.
Mele be míatɔ tsi ale si Mawu bua ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔe o. Biblia gblɔ le 1 Korintotɔwo 6:9, 10 eme kɔ ƒãa be, “ŋutsu siwo dɔna kple ŋutsuwo” hã le ame siwo ‘manyi Mawu fiaɖuƒe la dome o’ la dome. Gake kpukpui 11 lia gblɔ nya dedziƒoname siawo kpee be: “Ke hã, nenemae mia dometɔ aɖewo nɔ tsã. Ke wole tsi na mi nyuie, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wobu mi ame dzɔdzɔewo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me kpakple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la.”
Eme kɔ ƒãa be woxɔ ame siwo di tso dzi me be yewoasubɔ Mawu abe ale si Wòdii ene la alɔ eve ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristo hamea me. Nenema kee egbea hã, mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi na dzianukwaretɔ siwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la be, woatrɔ woƒe agbenɔnɔ wòasɔ ɖe Biblia ƒe seawo nu, ke menye be woanɔ agbagba dzem be yewoatrɔ emenyawo wòasɔ ɖe yewoƒe didiwo nu o.—g12-E 01.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Nu kae Biblia gblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu?—Romatɔwo 1:26, 27.
● Ðe Biblia bu ame siwo me gbɔdɔdɔnuwɔna siawo ƒe dzodzro le la be evɔ na wo kura?—1 Timoteo 2:4.
● Ðe wòanya wɔ be woatsri ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔa?—1 Korintotɔwo 6:9-11.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ðe wòle be woagbugbɔ Biblia ƒe nya siwo wògblɔ tso ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu la gɔme aɖe bubuia?