INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 9/13 axa 14-15
  • Zheng He

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Zheng He
  • Nyɔ!—2013
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ŊUSẼ, ASITSATSA KPLE ADZƆXƆXƆ
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2013
  • Sɔhɛwo Ƒe Internet Zazã!
    Nyɔ!—2007
  • “Kititɔwo Ƒe Ʋuwo” Toa Atsiaƒuwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Tarsistɔwo Ƒe Tɔdziʋuwo’ Ƒe Dodo Kple Woƒe Anyidzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2013
g 9/13 axa 14-15

ŊKUÐOÐO BLEMATƆ AÐEWO DZI

Zheng He

“Míezɔ mɔ lia akpe alafa geɖe to atsiaƒu gã gbana mawo dzi eye míekpɔ ƒutsotsoe gãgã siwo kɔ yi yame ʋĩ abe to siwo kɔkɔ yi ɖatɔ keke dziŋgɔli ke ene, eye míekpɔ ame maʋuŋkuwo ƒe anyigbawo le didiƒe ʋĩ . . . míaƒe tɔdziʋuwo sɔ gbɔ ɖe tsiawo dzi zã kple keli abe alilikpo dodowo ene, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔa dzi (afɔ tsɔtsɔe) abe ɣletiviwo ene, eye míeto ƒutsotsoe dzeagbo mawo me abe mɔdodo gãwo dzi zɔm míele ene.”​—Ƒe alafa wuiatɔ̃lia me nuŋlɔɖi si le Changle, Fujian, China, si wogblɔ be Zheng He ye gblɔe.

CHINA nye dukɔ si ɖe dzesi ŋutɔ. Eƒe dukɔmeviwo sɔ gbɔ wu dukɔ ɖe sia ɖe tɔ, eye wònye dukɔ siwo ƒe anyigba keke wu la dometɔ ɖeka. Eƒe dukɔmeviwo tu Gli Kɔkɔtɔ, si nye xɔtudɔ gãtɔ siwo wowɔ kpɔ la dometɔ ɖeka. Woƒe fia siwo nye Yongle kple Xuande siwo tso Chinatɔwo ƒe Ming-fiaƒomea me la ɖo tɔdziʋu gãgãwo ƒe ha gã aɖe anyi si dukɔ aɖeke megate ŋu ɖo anyi le ƒe alafa atɔ̃ siwo kplɔe ɖo la me o. Ƒudzisrafomegã si nɔ tɔdziʋuwo ƒe ha ma nu la nye Moslemtɔ aɖe si tso China ƒe anyieheɣetoɖoƒe eye eŋkɔe nye Zheng He.

ŊUSẼ, ASITSATSA KPLE ADZƆXƆXƆ

Le nuŋlɔɖi si me nya aɖewo míetsɔ dze nyati sia gɔme nu la, dɔ si wode Zheng He sie nye be “wòana amewo nanya nyui si gbegbe fiaɖuƒea ate ŋu awɔ na amewo ahanyo dɔme na dutatɔwo.” Wogblɔ le nuŋlɔɖia me be eƒe mɔzɔzɔawo wɔe be “dukɔ siwo le keke didiƒe ʋĩ ke kple xexea me ƒe seƒe ke la katã bɔbɔ ɖe [China] te . . . Ame maʋuŋku siwo le atsiaƒua godo . . . vaa [fiasã] me be yewoakpɔ fia la eye wotsɔa kesinɔnuwo kple nunanawo vanae.”

Tɔdziʋudzeƒe siwo Zheng He ƒe tɔdziʋuwo de la dometɔ aɖewo

Amewo ƒe nu mesɔna le nu si tae fia siwo tso Ming-fiaƒomea me la wɔ ɖoɖo ɖe mɔzɔzɔ ɖedzesi siawo ŋu ɖo la me o. Ame aɖewo bua Zheng He be enye woƒe dukɔ triakɔ si lɔ̃a ŋutifafa la ƒe teƒenɔla nyodɔme si doa woƒe dekɔnuwo ɖe ŋgɔ. Ame bubuwo ya bua eƒe dɔa be enye dukɔ bubuwo dzi ɖuɖu akpasesẽtɔe. Le nyateƒe me la, Zheng He naa nunana xɔasiwo dziɖula siwo xɔ wo nyuie eye wòda megbe na woƒe dziɖuɖuwo, gake ame siwo gbe be yewomabɔbɔ ɖe ete ahaxe adzɔ na Ming-fiaƒomea o la, eɖua wo dzi eye wòdea wo gaxɔ me. Le Zheng He ƒe mɔzɔzɔ ɖedzesi mawo ta la, fia gbogbo aɖewo dɔa amewo tso India Ƒu Gã la ƒe nutowo me woyia China ɖadea bubu fia la ŋu.

Aleke kee wòɖale o, Zheng He ƒe tɔdziʋuawo lɔa Chinatɔwo ƒe ze siwo woɖoa atsyɔ̃ na etɔxɛe, anyinuwo kple seda gbogbo siwo Ming-fiaƒomea ƒe asinudɔwɔlawo wɔna la yina ɖadzrana le didiƒe ke. Eye tɔdziʋuawo lɔa kpe xɔasiwo, nyiɖuwo, nuɖuɖuvivinuwo, ʋuƒowo kple nu xɔasi bubu siwo ŋu Chinatɔwo dea asixɔxɔ la vaa China. Wotsɔa sɔveda, si ŋu wogblɔ le be ena zi tɔ le China-dukɔa me la, gɔ̃ hã gbɔnae. To asitsatsa kpakple Chinatɔwo ƒe susuwo dodo ɖe ŋgɔ sia me la, amewo va nya nu sue aɖe tso China dukɔa ƒe ŋkuʋuʋu ɖedzesi si nɔ anyi le ƒe alafa 15 lia me la ŋu le xexea me godoo.

Mɔzɔzɔ ɖedzesi mawo nu va tso. Ƒe ʋɛ aɖewo le Zheng He ƒe mɔzɔzɔawo megbe la, Chinatɔwo trɔ megbe de dutasitsatsa kple nudede dukɔ bubuwo ƒe nyawo me. Esi China-fia yeyea kple eƒe aɖaŋuɖola Konfusiotɔwo susui be megahiã be yewoatsi dzi ɖe dukɔ bubuwo ƒe nyawo ŋu o ta la, wodze agbagba be yewoate fli ɖe kadodo kple dukɔ bubuwo me. Wona asitsatɔdziʋu mawo zu gbe aɖe gbe nuwo, eye anɔ eme be wogblẽ nuŋlɔɖi siwo ku ɖe mɔzɔzɔ ɖedzesi mawo ŋu kple tɔdziʋuawo ŋutɔ gɔ̃ hã dome. Nyitsɔ laa ko hafi Chinatɔwo kple dukɔ bubu me tɔwo siaa va nya nu tso ɣeyiɣi vevi si me Zheng He ƒe tɔdziʋu gãgã mawo zɔ ƒu dzi la ŋu.

a Chinatɔwo ƒe dzidzenue nye li, eye ale si wobuna didime siae la toa vovo le ƒe alafa vovovowo me. Wosusui be le Zheng He ŋɔli la, li ɖeka anye kilometa afã.

EŊUTINYA VEVI AÐEWO

  • Ming-fiaƒome ƒe tɔdziʋu siwo le Zheng He ƒe kpɔkplɔ te la zɔ mɔ zi adre sɔŋ le ƒe 1405 kple ƒe 1433 dome.

  • Tɔdziʋuawo anya de 200 alo esi wu nenema, eye wo dometɔ aɖewo nye aʋatɔdziʋuwo, nuɖuɖutsɔtɔdziʋuwo, tsitsɔtɔdziʋuwo, sɔtsɔtɔdziʋuwo kple bubuwo. Tɔdziʋu siawo tsɔa ame 27,000 kple edzivɔwo, wo dometɔ aɖewo nye tɔdziʋumedɔwɔlawo, dziɖuɖumegãwo, aʋawɔlawo, asitsalawo, tɔdziʋudzraɖolawo kple ame bubuwo.

  • Xexemeʋa I me hafi dukɔ aɖe gate ŋu ƒo tɔdziʋuwo nu ƒu wòde Zheng He tɔwo nu. Wozɔ mɔ yi tɔdziʋudzeƒe siwo le Asia ƒe Ɣedzeƒe Ʋĩ heɖo keke India Ƒu Gã la dzi heva ke ɖe keke Ɣedzeƒe Afrika ke.

  • Zheng He ƒe kpeɖeŋutɔ etɔ̃ ŋlɔ nu vovovo siwo teƒe woawo ŋutɔwo wokpɔ tso eƒe mɔzɔzɔwo ŋu ɖi.

Aleke Zheng He Ƒe Asitsatɔdziʋuwo Loloe Eye Tɔdziʋu Nenie?

Blemanuŋlɔɖi siwo ku ɖe Ming-fiaƒomea ƒe dziɖuɣi ŋu la gblɔ be Zheng He ƒe asitsatɔdziʋuwo lolo eteƒe mekɔ o​—wodidi meta 136 eye wokeke meta 56. Tɔdziʋuŋutinunyalawo gblɔ be nya ku ɖe eƒe didime kple kekeme si wogblɔ la ŋu eye asesẽ ŋutɔ be woaɖo kpe edzi, elabena ne tɔdziʋu siwo wotsɔ ati kpa la didi wu meta 90 la, masɔ na tsi dzi zɔzɔ o.

Nyati aɖe si ku ɖe tɔdziʋuwo ŋu la gblɔ be: “Edze ƒãa be woɖe ami ɖe tɔdziʋuawo ƒe didime kple kekeme le nuŋlɔɖi siwo ku ɖe wo ŋu la me. Ne ɖe wogblɔ be tɔdziʋua ƒe didime nye meta 60 va se ɖe 75 la susu anɔ eme wu be woagblɔ be eƒe didime nye meta 135.” Aleke kee nya ɖale o, le ƒe alafa wuiatɔ̃lia me la, wobua tɔdziʋu siwo didi wu meta 60 be wololo ŋutɔ, eye esiawo dometɔ 62 ye nɔ Zheng He ƒe tɔdziʋuwo dome!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe