INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/15 axa 9
  • Nunya Si Kpɔa Ame Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nunya Si Kpɔa Ame Ta
  • Nyɔ!—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi ƒe Asi Tu Nunya’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nunya Vavãtɔ Le Ɣli Dom
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ameléle Sesẽe—Egbɔkpɔnu aɖe Lia?
    Nyɔ!—2000
  • Ameléle Sesẽe—Asitsatsa Dziŋɔe Wònye
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2015
g 2/15 axa 9
Ŋutsu eve siwo tsi tsitre ɖe teƒe si akaɖi meklẽ ɖo tututu o la le nyɔnu kesinɔtɔ aɖe si va yina kpɔm

Nunya Si Kpɔa Ame Ta

“Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbe, ke hiãtɔ ya mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.”—LODODOWO 13:8.

TOGBƆ be viɖe aɖewo le kesinɔtɔnyenye me hã la, ɣeaɖewoɣi la afɔku le eme, vevietɔ le míaƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me. (2 Timoteo 3:1-5) Le dukɔ aɖewo me la, fiafiwo kple adzodalawo tea ŋu léa kesinɔtɔwo, siwo dometɔ aɖewo nyea modzakatsaɖila siwo ƒe dzedzeme fia be alɔme le wo si, eye woxea fe na amelélaawo hafi woɖea asi le wo ŋu.

Nyadzɔdzɔgblɔlawo gblɔ tso dukɔ madeŋgɔ aɖe ŋu be: “Adzoblasuwo, nu fitifiti wɔlawo kple amelélawo de mama hotsuitɔwo kple koliawo dome. Dzɔla siwo ŋu tuwo nɔna la dzɔa nuɖuɖudzraƒe gãwo ŋu, hotsuitɔwo dea gaviwo woƒe gliwo ta, wodea eletrik-kaɖi gãwo kple nukpɔmɔ̃wo woƒe aƒewo ŋu eye woxɔa aƒeŋudzɔlawo hã.” Nenema ko wòle le dukɔ geɖewo hã me.

Gake Biblia gblɔ be, “hiãtɔ ya mesea ŋɔdzidoname aɖeke o.” Nu kae nàwɔ be nunya sia naɖe vi na wò? Ne èle nuto aɖe si me nu vlo wɔlawo kple ŋutasẽlawo le me alo èle mɔ zɔ ge ayi teƒe mawo godzi la, wò nuwɔna megana amewo nàsusui be gatɔe nènye o. Bu wò nudodowo kple wò nunɔamesi siwo nàtsɔ ɖe asi le ame dome, vevietɔ nunɔamesi siwo ahe amewo ƒe susu ava dziwò bɔbɔe la ŋu. Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”

Nunya si le Biblia me ɖe ale si gbegbe mía Wɔlaa tsɔ ɖe le eme na mí la fia. Edi be míanɔ dedie. Nyagblɔla 7:12 gblɔ be nunya sia “doa vɔvɔli” alo kpɔa ame ta, eye wòléa “ame si si wòle la ƒe agbe ɖe te.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe