INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 2/15 axa 8
  • Lãmesẽ Susuhehe Yi Lãmesẽnyawo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lãmesẽ Susuhehe Yi Lãmesẽnyawo Dzi
  • Nyɔ!—2015
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexea Me
  • Britain
  • Norway
  • United States
  • Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta
    Nyɔ!—1999
  • Nu Kae Wòle Be Manya Le Atamanono Ŋu?
    Nyɔ!—2011
  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Le Mawu Gbɔ Be Mazã Atama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Nyɔ!—2015
g 2/15 axa 8
Ŋutsu aɖe lé blanui

ŊKULÉLE ÐE XEXEA ME ŊU

Lãmesẽ Susuhehe Yi Lãmesẽnyawo Dzi

Togbɔ be amegbetɔwo yi ŋgɔ le atikewɔnyawo me hã la, ɖeko dɔlélewo yi edzi ɖe kpe na ameƒomea. Ke hã, kpeɖodziwo ɖee fia be woate ŋu axe mɔ ɖe dɔléle siawo dometɔ geɖe nu hafi.

Xexea Me

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be tso ƒe 2035 dzi la, ame miliɔn 24 ŋue woanɔ kansa kpɔm le ƒe sia ƒe. Esia nye ame miliɔn 14 kple edzivɔ siwo xɔa kansa ƒe sia ƒe fifia la ƒe dzidziɖedzi teƒe 70 le alafa me. Wogblɔ be ame gbogbo siwo axɔ dɔ sia ƒe afã ƒe dɔlélea atso woawo ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo abe aha tsu nono, kamemademade, lolo fũu akpa, keklẽ gblẽnuwo nu nɔnɔ kple sigaretinono ene gbɔ.

Britain

Esi Britain-dziɖuɖua se nyatakakawo ku ɖe nyi dzeaɖaʋa dɔ ƒomevi aɖe si léa amegbetɔwo ŋu vɔ la, ena wote numekuku be woakpɔe ɖa be ɖe woate ŋu axɔ dɔ sia to ʋudodo kple mɔ siawo tɔgbi dzi mahã. Andrew Miller si nye Sewɔƒemenɔla gblɔ be: “Míetsi dzi vevie esi míese be dɔléle sia si womedana o gakpɔtɔ nye afɔku gã aɖe na dukɔmeviwo. Wona míenya be dɔ sia ate ŋu akaka ɖe dukɔa me to ʋudodo kple amegbetɔ ƒe ŋutinuwo ɖeɖe ade na ame bubu me.”

Norway

Esi ƒe 11 ƒe numekuku aɖe si me wobia gbe Norwaytɔ 63,000 wu enu la, wova de dzesii be blanuiléledɔ ate ŋu ana be ale si dzi tsoa amewo wokuna kpata la nadzi ɖe edzi teƒe 40 le alafa me. Europatɔwo Ƒe Dzidɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ Habɔbɔa gblɔ be numekulawo dometɔ ɖeka gblɔ be blanuiléle nana lãmetsi siwo nana be dzi tsoa ame kpata wòkuna la sina le lãme na ame eye wòwɔnɛ hã be amea metea ŋu wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo dzi wòle be wòawɔ ɖo ale be wòahaya la dzi o.

United States

Ame aɖe le sigaret tsim

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le nu me kum tso nu siwo sigaretitakpoewo kple sigaretifiwo gblẽna le ame ŋu la ŋu. Esiawo nye sigaret siwo wono ƒe takpoe siwo woda ɖe nuwo dzi kple sigaretifiwo kpakple esiwo wotsi ɖe kewo me le xɔwo me, amedzrodzeƒewo kple ʋuwo me. Eye ne woli kɔ sigaretitakpoeawo kple afiawo ɖi la, wotea ŋu va zua aɖi gblẽnuwo le ƒe geɖewo megbe.

NYA SI BIBLIA GBLƆ:

  • “Dzi kpɔdzidzɔ nana lãme hayana, ke gbɔgbɔ xanu nana ƒuwo ƒuna kplakplakpla.”​—Lododowo 17:22.

  • “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã . . . ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.”​—2 Korintotɔwo 7:1.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe