INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 12-13
  • Nufiafia Siwo Naa Mɔkpɔkpɔ Ame

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nufiafia Siwo Naa Mɔkpɔkpɔ Ame
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Atsrɔ̃ Ame Vɔ̃ɖiwo
  • Mawu Atsrɔ̃ Satana
  • Mawu Aɖe Dɔléle Kple Ku Ða
  • Mía Wɔlaa Ana Anyigbaa Nazu Paradiso
  • Mawu Agbɔ Agbe Ame Kukuwo
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba?
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Le Etsɔme!
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Mawu Xɔlɔ̃wo Anɔ Paradiso Me
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 12-13
Amewo kple lãwo le ŋutifafa me, nuɖuɖu bɔ, eye teƒe si wolea nyakpɔ.

Nufiafia Siwo Naa Mɔkpɔkpɔ Ame

Mawu do ŋugbe be eteƒe madidi o yeana etsɔme nyui aɖe mí. Aɖe fukpekpe ɖa eye wòana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ le anyigba dzi. (Psalmo 37:11) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe ŋugbedodo sia dzi? Elabe “Mawu menye amegbetɔ, ne wòaka aʋatso” o. (4 Mose 23:19) Na míakpɔ nu nyui siwo wɔ ge mía Wɔlaa lea dometɔ aɖewo ɖa.

Mawu Atsrɔ̃ Ame Vɔ̃ɖiwo

“Ne ame vɔ̃ɖiwo mie abe gbe ene, eye nu vlo wɔlawo katã le se ƒom hã la, tsɔtsrɔ̃ ge ko woala ɖikaa.”—PSALMO 92:7.

Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ le dzidzim ɖe edzi. Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Elabe Biblia gblɔe ɖi le 2 Timoteo 3:1-5 be le “ŋkeke mamlɛawo” mea, amewo anɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi. Nu ka ƒe ŋkeke mamlɛawo? Enye ŋkeke mamlɛawo na ame mavɔ̃mawu siwo le xexea me egbea. Eteƒe madidi o, Mawu atsrɔ̃ ame siwo gbe be yewomadzudzɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o. Ekema ame nyuiwo alo ame siwo ɖoa to Mawu ɖeɖe koe asusɔ ɖe anyigbaa dzi. “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

Mawu Atsrɔ̃ Satana

“Mawu si naa ŋutifafa la agbã Satana.”—ROMATƆWO 16:20.

Ne wotsrɔ̃ Satana, gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame vɔ̃ɖiwo katã, ŋutifafa axɔ aƒe ɖe anyigba bliboa dzi mlɔeba. Mía Wɔlaa do ŋugbe be: “Ame aɖeke mado voɖi na [wò] o.”—Mika 4:4.

Mawu Aɖe Dɔléle Kple Ku Ða

“Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ . . . Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—NYAÐEÐEFIA 21:3, 4.

Fukpekpe kple dɔléle maganɔ anyi o, elabe Mawu aɖɔ nu siwo katã Satana, Adam, Xawa kple mía ŋutɔwo ƒe blibomademade gblẽa ɖo. Esia awɔe be “ku [gɔ̃ hã] maganɔ anyi akpɔ o.” Ame siwo lɔ̃ mía Wɔlaa eye woɖoa toe la anɔ agbe tegbee. Gake afi kae woanɔ?

Mía Wɔlaa Ana Anyigbaa Nazu Paradiso

“Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—YESAYA 35:1.

Ne Mawu ɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖaa, anyigbaa azu paradiso! Tsaɖibɔ dzeaniwo axɔ anyigbaa dzi eye nuɖuɖu abɔ ɖe edzi. (Psalmo 72:16) Atsiaƒuwo, tsitawo, kple tɔsisiwo me anɔ dzadzɛ eye nu gbagbewo ayɔ wo me taŋ. Amewo magaɖo ŋkui be ɖinuwo nɔ anyigbaa dzi kpɔ gɔ̃ hã o! Amewo atu woawo ŋutɔwo ƒe aƒe anɔ eme. Eya ta magadzɔ gbeɖe be aƒe manɔ ame aɖe si, dɔ nawui alo wòada ahe o.—Yesaya 65:21, 22.

Mawu Agbɔ Agbe Ame Kukuwo

“Tsitretsitsi li.”—DƆWƆWƆWO 24:15.

Àdi be yeagakpɔ wò ame vevi siwo kua? Mawu ŋusẽkatãtɔ la agbɔ agbe wo alo afɔ wo ɖe tsitre le Paradiso me le anyigbaa dzi. Àkpɔ wo adze si eye woawo hã woakpɔ wò adze si. Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ mii ɖa! Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be esia ava eme? Elabe eƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me. Wofɔ ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ɖe tsitre wogava wɔ ɖeka kple woƒe ƒomewo. Azɔ hã, ame gbogbowo nɔ eteƒe esi Yesu fɔ amewo ɖe tsitre.—Luka 8:49-56; Yohanes 11:11-14, 38-44.

Fifia Mele Dzidzɔ Vavã Kpɔm

“Meɖo ŋku edzi be zi gbãtɔ si mese be anyigbaa ava zu paradiso, eye fukpekpe, dɔléle kple ku maganɔ anyi oa, ɖeko wòɖi kokoe nam. Elabe mesusui be mate ŋu adzɔ gbeɖe o! Gake esi mesrɔ̃ Biblia, meva kpɔ nu si tae wòle be maka ɖe agbalẽ tɔxɛ ma kple ŋugbe siwo wodo le emea dzi. Meka ɖe edzi be Mawu gbɔe Biblia tso. Tsãa, dzi medzɔam o eye meléa blanui zi geɖe. Gake fifia mele dzidzɔ vavã kpɔm. Nye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gɔ̃ hã kpɔ esia dze si.”—Ravi.

Ravi.

Srɔ̃ nu geɖe kpee:

Ne èdi be yeaganya nu geɖe tso tame si mía Wɔlaa ɖo be míava nɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigbaa dzi ŋua, ʋu jw.org eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO > AGBE KPLE KU.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe