INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 15
  • Àte Ŋu Ake Ðe Nunya Vavãtɔ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Ake Ðe Nunya Vavãtɔ Ŋu
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Di Be Yeƒe Nunya Naɖe Vi Na Wò
  • Mawu Ƒe Nunya Ate Ŋu Asu Asiwò
  • Aleke Míaɖo To Mawui?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Ðe Mawu Li Ŋutɔŋutɔa? Vi Kae Ŋuɖoɖoa Kpɔkpɔ Aɖe Na Wò?
    Nyɔ!—2015
  • Nyui Kple Vɔ̃: Tiatia Vevi Si Dze Ŋgɔ Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2024
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 15

Àte Ŋu Ake Ðe Nunya Vavãtɔ Ŋu

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Timoteo 3:16) Le kpukpui sia mea, “tso . . . gbɔgbɔ me” fia be Mawu Ŋusẽkatãtɔ la na ame siwo ŋlɔ Bibliaa nya eƒe susuwo.

BIBLIA ŊUTI NYATEƑE AÐEWO

  • Agbalẽ vovovowo.

    66

    Agbalẽ vovovo siwo ƒo ƒu wɔ Biblia.

  • Asi aɖe le nu ŋlɔm eye kekeli aɖe klẽ ɖe edzi.

    40

    Ŋutsu siwo Mawu zã woŋlɔ Biblia.

  • Atukpa aɖe si dzidzea ɣeyiɣi ƒe didime.

    1513 D.Y.

    Ƒe si me wodze Biblia ŋɔŋlɔ gɔme—ƒe 3,500 kple edzivɔwoe nye esia!

  • Gbe vovovowo ƒe nuŋlɔdzesiwo.

    3,000+

    Gbegbɔgblɔ siwo me Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe le.

Mawu Di Be Yeƒe Nunya Naɖe Vi Na Wò

“Nye Yehowae nye . . . ame si fiaa nu wò be wòaɖe vi na wò, ame si kplɔa wò toa mɔ si dzi wòle be nàto. Ne ɖe nàɖo to nye sededewo ɖe! Anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—YESAYA 48:17, 18.

Tsɔe be Mawu ŋutɔe le nya mawo gblɔm na wò tẽe. Edi vevie be yeakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzeme vavãtɔ kple dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa, eye awɔe hã.

Mawu Ƒe Nunya Ate Ŋu Asu Asiwò

“Ele be woaɖe gbeƒã nya nyui la le dukɔwo katã me.”—MARKO 13:10.

“Nya nyui” ma ƒe ɖee nye ŋugbe siwo Yehowa do be yeaɖe fukpekpe ɖa, ana anyigbaa nazu paradiso, eye yeafɔ míaƒe ame vevi siwo kua ɖe tsitre. Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Biblia me gbedeasi sia le xexea me godoo.

Esi Mexlẽ Biblia, Nyemegatɔtɔ Azɔ O

“Tso ɖevime kea, metɔtɔ le ame si tututu Wɔlaa nye ŋu. Megblɔna na ɖokuinye be, ‘Manya wɔ be mawu nanɔ dukɔ ɖe sia ɖe si o.’ Ta edzɔ dzi nam ŋutɔ esi Biblia gblɔ le Romatɔwo 3:29 be Mawu vavã la kee nye “dukɔwo me tɔwo hã ƒe Mawu.” Ŋkɔ ŋutɔŋutɔ hã le esi; eŋkɔe nye Yehowa eye edi be míanye ye xɔlɔ̃wo.”—Rakesh.

Rakesh.
    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe