INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 28
  • Ale Si Woɖe Mose Vidzĩ Lae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Woɖe Mose Vidzĩ Lae
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mose Tiae Be Yeasubɔ Yehowa
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Mose—Ame Ŋutɔŋutɔe loo alo Glimemee?
    Nyɔ!—2004
  • Woɖo Dzilawo ƒe Xɔse Teƒe na Wo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 28
Mose nɔvinyɔnu Miriam le nu ƒom na Farao vinyɔnu

ŊUTINYA 28

Alesi Woɖe Mose Vidzĩe Lae

KPƆ vidzĩe, si le avi fam, eye wòlé aƒenɔvi la ƒe asibide la ɖa. Mose enye sia. Ènya amesi aƒenɔvi dzetugbee la nyea? Egipte-fiavinyɔnue, Farao ŋutɔŋutɔ ƒe vinyɔnue.

Mose dada ɣla eƒe vidzĩe la vaseɖe esime wòtsi xɔ ɣleti etɔ̃, elabena medi be Egiptetɔwo nawui o. Ke enya be ame aɖe akpɔ Mose, eyata nusi wòwɔ hetsɔ ɖe eƒe agbe nye esi.

Etsɔ kusi aɖe hetree nyuie be tsi nagage ɖe eme o. Azɔ etsɔ Mose mlɔ eme, eye wòtsɔ kusia da ɖe aɖa kɔkɔ, siwo le Nil-tɔsisia to la me. Wogblɔ na Mose nɔvinyɔnu Miryam be wòatsi tre ɖe adzɔge akpɔ nusi ava dzɔ.

Mose vidzĩ la le kusi me le avi fam

Kasia Farao vinyɔnue nye si va tsi le ge le Nil-tɔsisia me. Enumake wòkpɔ kusia le gbe tsralawo me. Eyɔ eƒe dɔlanyɔnuwo dometɔ ɖeka hegblɔ be: ‘Yi ɖakɔ kusi ma vɛ nam.’ Esi fiavinyɔnu la ʋu kusia la, vidzĩe dzeɖekɛ aɖee nye si wòkpɔ! Mose, vidzĩe la le avi fam, eye eƒe nu wɔ nublanui na fiavinyɔnu la. Medi be yeana woawui o.

Tete Miryam va do. Àte ŋu akpɔe le nɔnɔmetata la me. Miryam bia Farao vinyɔnua bena: ‘Nyemayi aɖayɔ Hebri-nyɔnu aɖe vɛ be wòana no ɖevi la na wò oa?’

Fiavinyɔnu la gblɔ be: ‘Ẽ, heyi.’

Eye Miryam ƒu du kaba ɖagblɔe na dadaa. Esi Mose dada va ɖo fiavinyɔnua gbɔ la, fiavinyɔnu la gblɔ nɛ bena: ‘Xɔ ɖevi sia, eye nàna noe nam, eye maxe fe na wò.’

Eyata Mose dadae kpɔ eya ŋutɔ via dzi. Emegbe esi Mose tsi nyuie la, ekplɔe yi na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ eya ŋutɔ viae. Alea wòva dzɔe be Mose tsi le Farao ƒe aƒeme.

Mose II, 2:1-10.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe