INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • my ŋutinya 107
  • Woƒu Kpe Stefano

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woƒu Kpe Stefano
  • Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • 3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
my ŋutinya 107
Stefano le gbe dom ɖa esime ŋutsu siwo do dziku la le kpe ƒumee

ŊUTINYA 107

Woƒu Kpe Stefano

ŊUTSU si dze klo ɖe afisia lae nye Stefano. Enye Yesu ƒe nusrɔ̃la nuteƒewɔla aɖe. Gake kpɔ nusi le dzɔdzɔm ɖe edzi fifia la ɖa! Ŋutsu siawo le kpe gãwo ƒumee. Nukatae wolé fu Stefano ale gbegbe be wole ŋɔdzinu sia wɔm? Na míakpɔe ɖa.

Mawu kpe ɖe Stefano ŋuti wòwɔ nukunu geɖewo. Esia medzɔ dzi na amesiawo o; eyata woʋli nya kplii le nyateƒe, si fiam wòle ameawo la ta. Gake Mawu na nunya geɖe Stefano, eye wògblɔ na amesiawo be wole alakpanu fiam. Esia na wogado dziku ɖe edzi. Eyata wolée heyɔ amewo vɛ be woaka aʋatso ɖe esi.

Nunɔlagã la bia Stefano be: ‘Ðe nya siawo le eme vavãa?’ Stefano ɖo ŋu heƒo nuƒo nyui aɖe tso Biblia la me. Eƒe nya la ƒe nuwuwu la, egblɔ alesi ame vɔ̃ɖiwo lé fu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo tso blema ke la. Eye wògblɔ be: ‘Miesɔ pɛpɛpɛ kple ame mawo. Miewu Mawu ƒe dɔla Yesu, eye miewɔ ɖe Mawu ƒe sewo dzi o.’

Nya sia do dziku na subɔsubɔhakplɔlawo vevie ŋutɔ! Woɖu aɖukli le dziku me. Gake Stefano fɔ mo dzi hegblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Mekpɔ Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo.’ Tete amesiawo tsɔ asi xe to helũ ɖe Stefano dzi. Wolée hehee yi dua godoe.

Woɖe woƒe awuawo le afisia hetsɔ na ɖekakpui Saul be wòalé ɖe asi. Èkpɔ Saul le afisia? Tete ŋutsuawo dometɔ aɖewo te kpeƒuƒu Stefano. Stefano dze klo hedo gbe ɖa na Mawu abe alesi nèkpɔe le afisia ene be: ‘Yehowa, mègahe to na wo le vɔ̃ sia ta o.’ Enya be subɔsubɔhakplɔlawoe flu wo dometɔ aɖewo. Emegbe la, Stefano ku.

Ne ame aɖe wɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò la, ɖe nèdina be yeawɔ nuvevii ɖe eteƒe alo abia Mawu be wòawɔ nuveviia? Stefano alo Yesu mewɔ nenema o. Wonyo dɔme na amesiwo wɔ ŋlɔmi wo ŋu gɔ̃ hã. Mina míadze agbagba asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu la.

Dɔwɔwɔwo 6:8-15; 7:1-59.

Nusɔsrɔ̃ Nyabiabiawo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe