INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp22 No. 1 axa 10-11
  • 3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Ƒe Nufiafia:
  • Nu Si Wòfia:
  • Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:
  • Stefano—‘Ame Si Nu Mawu Ve Eye Wòna Ŋusẽ Geɖee’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Woƒu Kpe Stefano
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ale Si Míawɔ Aɖu Fuléle Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
  • Míate Ŋu Aɖu Fuléle Dzi!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2022
wp22 No. 1 axa 10-11
Ŋutsu aɖe le ekpɔm le susu me be yele asi nam ŋutsu aɖe si ƒe ŋutigbalẽ to vovo. Woƒe vɔvɔliwo ɖee fia be wole gbɔ lɔm eye wole nya hem kple wo nɔewo.

ALE SI MÍAWƆ AÐU FULÉLE DZI

3 | Ðe Fuléle Ða Le Wò Susu Me

Biblia Ƒe Nufiafia:

“Mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.”—ROMATƆWO 12:2.

Nu Si Wòfia:

Nu siwo ŋu míebuna le vevie na Mawu. (Yeremiya 17:10) Menye nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siwo ate ŋu ahe fuléle vɛ koe wòle be míaƒo asa na o. Elabe dzi kple susu mee fuléle dzea egɔme tso. Eya ta, ele be míadzudzɔ nu sia nu si ana míava nɔ fu lém amewo le míaƒe dzi me la ŋu bubu. Ema ko hafi míate ŋu ‘atrɔ miaƒe nɔnɔme’ be míagalé fu amewo o.

Nu Si Nàte Ŋu Awɔ:

Dzro wò dzi me nyuie nàkpɔ ɖa be nu kae nèsusuna alo aleke nèsena le ɖokuiwò me tso amewo ŋu hã, vevietɔ ame siwo tso dukɔ bubu me alo woƒe ŋutigbalẽ to vovo na tɔwò. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mebua woe? Nu si nye ŋutɔ menya tso wo ŋu tae mebua wo nenema? Alo nazã bumee mele?’ Ƒo asa na Internet dzi hahoo kadodo, film alo modzakaɖeɖe siwo doa fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ŋgɔ.

Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe fuléle ɖa le míaƒe dzi kple susu me

Mele bɔbɔe be míato nyateƒe na mía ɖokui ne míele míawo ŋutɔ ƒe susu kple seselelãmewo me dzrom o. Gake Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ‘míadze si míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo.” (Hebritɔwo 4:12) Eya ta nɔ Biblia xlẽm. Tsɔ eƒe nufiafiawo sɔ kple nu siwo ŋu nèbuna, eye dze agbagba nàna wò nuŋububu nava wɔ ɖeka kple nu si Biblia fia. Mawu ƒe Nyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaho fuléle si “li ke sesĩe” ɖe míaƒe dzi kple susu mea ɖa.—2 Korintotɔwo 10:4, 5.

Agbemeŋutinya​—STEPHEN

Etrɔ Eƒe Nuŋububu

Stephen.

Tsãa, yevuwo lé fu Stephen kple eƒe ƒometɔwo eye womewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie o. Esia wɔe be wòva ge ɖe habɔbɔ aɖe si ʋlia amewo ƒe gomenɔamesiwo ta akpasesẽtɔea me. Fuléle wɔe be vivivia, eva nɔ nu vlowo wɔm. Stephen gblɔ be: “Gbe ɖeka nye kple xɔ̃nyewo míeyi vae kpɔ film aɖe. Le film la mea, woɖe ale si Amerika yevuwo wɔ fu kluvi siwo tso Afrika. Esi nu madzɔmadzɔ ma ku dzi na mí vevie taa, míedze yevuvi siwo nɔ filmkpɔƒea dzi zi ɖeka eye míeƒo wo. Emegbe míeyi nuto siwo me yevuwo ɖeɖe le nɔ wodim be míaƒo.”

Stephen ƒe nuŋububu va trɔ kura esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Egblɔ be: “Esi mekpɔ ale si yevuwo kple ameyibɔwo menyina o teƒe zi geɖe taa, nu siwo mekpɔ le Ðasefowo domea wɔ nuku nam ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi Ðasefo aɖe si nye yevu le mɔ zɔ gea, egblẽ viawo ɖe ƒome aɖe siwo nye ameyibɔwoa gbɔ. Eye ƒome aɖe hã siwo nye yevuwoa na xɔ ɖekakpui aɖe si nye ameyibɔ ɖe wo ƒe me.” Stephen va ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo nye nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le, eye lɔlɔ̃ mae Yesu gblɔ be woatsɔ ade dzesi Kristotɔ vavãwo.—Yohanes 13:35.

Nu kae kpe ɖe Stephen ŋu wòdzudzɔ fuléle kple ŋutasẽnuwɔwɔ? Nya si le Romatɔwo 12:2 ye. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Meva kpɔe be ehiã be matrɔ nye nuŋububu. Ele be mawɔ nye tamesusu yeyee, menye kple susu be mawɔ nu le ŋutifafa me ko o, ke boŋ le esi emae nye mɔ nyuitɔ si nu wòle be manɔ agbe ɖo ta.” Ƒe 40 kple edzivɔe nye esia Stephen le dzidzɔ kpɔm, elabe eɖe fuléle ɖa le eƒe dzi me keŋkeŋ.

Àte ŋu axlẽ Stephen ƒe ŋutinya bliboa le Gbetakpɔxɔ July 1, 2015 me, axa 10-11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe