INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kc ta 4 axa 29-36
  • Fiaɖuƒea Ƒe ‘Vava’—Tso Afika?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fiaɖuƒea Ƒe ‘Vava’—Tso Afika?
  • “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • YEHOWA ƑE XEXEAME KATÃ ƑE FIANYENYE
  • MAWU ƑE SE SIWO KPLƆA XEXEAME KATÃ
  • NYA ƔAƔLA AÐE ÐEÐEFIA
  • Legba Gã Aɖe ƒe Dodo Kple Eƒe Mumu
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • “Aƒetɔ, Fia Gbedodoɖa Mí”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nya Vevi Siwo Tso Daniel Ƒe Agbalẽa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðo To Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya Na Míaƒe Ŋkekea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
“Wò Fiaɖuƒe Nava”
kc ta 4 axa 29-36

Ta 4

Fiaɖuƒea Ƒe ‘Vava’—Tso Afika?

1. Biabia vevi kawoe nya siwo le Timoteo I, 1:17 kple Nyaɖeɖefia 15:3 fɔ ɖe te?

ESI Biblia gblɔ be Yehowa nye “Fia mavɔmavɔtɔ” ta la, nukata wòle be fiaɖuƒe aɖe “nava” kɔ eƒe ŋkɔ ŋuti? (Timoteo I, 1:17; Nyaɖeɖefia 15:3) Eye afikae wòatso ava?

2. Dziɖuɖu ƒe nɔnɔme kawoe he vlododo va Mawu ƒe ŋkɔ dzi, eye le mɔ ka nu?

2 Gbã la, edze ƒã be ele be tɔtrɔ gã aɖe nava hafi dzɔdzɔenyenye, ŋutifafa, kple dzidzɔ nagava anyigba sia dzi. Menye ɖeko dziɖuɖu ɖekaɖekawo do kpo wo teviwo ƒe nyonyo gbɔ kpɔkpɔ ko o, ke zitɔtɔ hã ɖo dukɔwo ŋutɔ dome. Fuléle, hoʋiʋli, kple dulɔlɔ̃ ƒe nazãbubuwo mã dukɔwo kple amewo me. Nɔnɔme siawo meɖea Wɔla la ƒe tameɖoɖo fiana kura o eye wòhe vlododo geɖe va eƒe ŋkɔ dzi.—Romatɔwo 2:24; Xezekiel 9:9.

3 (a) Aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea ‘ava’ wɔ nu ɖe nɔnɔme sia ŋui? (b) Nukae nye nu tɔxɛ le Fiaɖuƒea ŋu?

3 Ahiã na dziɖuɖu tɔxɛ ŋutɔ aɖe hafi woaɖɔ nɔnɔme siawo ɖo. Eye emae nye nusi Yehowa ahe vɛ. Afikae wòatso ava? Atso Yehowa, amesi le dziƒo la ŋutɔ gbɔ. Enye Fiaɖuƒe si ŋu kakaɖedzi le si aɖe Yehowa ƒe xexeame katã ƒe fianyenye afia. Exɔa eƒe ŋusẽ tsoa fianyenye si ŋudɔ Yehowa wɔ tso gɔmedzedzea me do ŋgɔ xoxoxo hafi wova wɔ míaƒe dziƒo kple anyigba la gbɔ. Esi wònye Mawu ƒe dziƒohabɔbɔa mee Mawu ƒe dziɖuɖu tɔxɛ sia dzɔ tso ta la, Yehowa ƒe fianyenye si li tso gbaɖegbe ʋĩ ke la ƒe nɔnɔme nyuiawo le eme.—Nyaɖeɖefia 12:1, 2, 5.

YEHOWA ƑE XEXEAME KATÃ ƑE FIANYENYE

4. Nya kae le Nyaɖeɖefia 4:11 si ɖe Yehowa ƒe fianyenye fia nyuie?

4 Esi wònye Mawue “wɔ nuwo katã” ta la, eyae dze be wòanye nuwɔwɔ siwo katã li ƒe Fiagã. Ele be amesiwo Mawu na fianyenyeŋusẽe le dziƒo la gɔ̃ hã ‘natsyɔ mo anyi ɖe Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me eye woade ta agu na amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me’ la. Amesiawo tsɔ ɖokuibɔbɔ lɔ̃na ɖe “Fia mavɔmavɔtɔ” la ƒe fianyenye si ƒo nusianu ta la dzi—abe alesi wòdze le nya sia mee ene:

“Eye wotsɔa woƒe fiakukuawo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa gbɔgblɔm bena: Mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖeɖefia 4:10, 11; Efesotɔwo 3:9)

Nenemae nèbua Mawu ƒe fianyenyea? Ele be nàbui nenema.

5. Nukatae Yehowa ƒe fianyenye de blibo ne míetsɔe sɔ kple amegbetɔdziɖuɖuwo?

5 Le amegbetɔwo dome la, fiaɖuƒe ɖua dzi to sewo ŋudɔwɔwɔ me. Esia le vevie be nuwo nazɔ le ɖoɖo nu. Zi geɖe la, ʋɔnudrɔ̃la siwo drɔ̃a nya ɖe alesi sea gblɔ nu, sewɔtakpekpe siwo wɔa sewo, kple fia alo dukplɔla si kpɔa egbɔ be wowɔ ɖe sea dzi la nɔa dziɖuɖuwo si. Yehowa Mawu wɔ ɖoƒe etɔ̃ siawo katã ŋudɔ le xexe si wòwɔ la me abe alesi nyagblɔɖila Yesaya ɖee fia ene be: “Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe [Senala], Yehowa enye míaƒe fia.” (Yesaya 33:22) Eye Fia Dawid gblɔ kpee be: “Yehowa li eƒe fiazikpui ɖe dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.” (Psalmo 103:19) Mina míadzro fianyenye ma ƒe akpa aɖewo me akpɔ.

MAWU ƑE SE SIWO KPLƆA XEXEAME KATÃ

6. Nukae ɖe ŋusẽ si le Mawu ƒe sewo ŋu fia?

6 Amegbetɔdziɖuɖuwo dina be yewoana ɖoɖo nanɔ yewo tevi siwo nye amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu, gake womate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽ siwo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi la dzi o. Yehowa, Xexeame Katã Dziɖula Gã la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi eye ekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi hã. Se siwo dzi xexeame si wòwɔ la wɔna ɖo ɣesiaɣi la ƒe dɔwɔwɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ wɔa nuku na dzɔdzɔmeŋutinusrɔ̃lawo zi geɖe. Mawue de se siawo. Alesi se siawo ƒe dɔwɔwɔ metrɔna o tae amegbetɔ te ŋu yi dzinu dzi, wozãa yamenutomemɔ̃, wote ŋu gblɔa zãdokeli ƒe dodo ɖi hetoa nu gã geɖe vɛ. Mawu ƒe sewo kplɔa ɣe kple tsidzadza hã eye ate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe nusiawo ŋu wòanye yayra na amesiwo ɖoa toe.—Psalmo 89:9, 12-14; Hiob 38:33, 34; Zaxarya 14:17.

7. (a) Aleke Yehowa ƒe sewo ɖo kpe eƒe mawunyenye dzii? (b) Abe Hiob ene la, aleke wòle be míabu Mawu ƒe mɔwoe?

7 Esime Mawu ƒe nyagblɔɖila aɖe nɔ nu ƒom tso dziƒonu wɔnukuwo ŋu la, egblɔ be: “Mifɔ mo dzi, ne miakpɔ nu! Ameka wɔ nusiawo, eye wòkplɔa eŋu nuwo doa goe dedie? Eyɔa wo katã ŋkɔ, eye wo dometɔ aɖeke mesusɔna o le eƒe ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ la ŋu. Mènyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa?” (Yesaya 40:26, 28) Ƒe biliɔn geɖe enye sia si Yehowa to nusi míeyɔna be ‘dzɔdzɔmesewo’ dzi ɖu eƒe xexeme gã sia dzi. Amegbetɔwo dze agbagba be yewoanya se siawo ŋuti nya ɣaɣlawo, gake nu geɖe ŋutɔ gali si womenya o! Nu vi aɖe koe woƒe nunya tsɔ le ŋgɔ na anukwareɖila si nɔ anyi ƒe 3,500 enye esia, amesi gblɔ be: “Kpɔ ɖa, esiawo nye eƒe mɔwo to ko, eye nusi sem míele la, enye dalĩdodo. Ke ameka ate ŋu ase eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme?”—Hiob 26:14.

8. Mawu ƒe nɔnɔme bubu kawoe wɔ ɖeka heɖenɛ fiana be enye Nunala Gã?

8 Gake esime Yehowa nɔ míaƒe anyigba la wɔm la, ewɔ nusi yi ŋgɔ sã wu ewɔwɔ be wòazɔ ɖe dzɔdzɔmesewo dzi ko. Ewɔ eƒe nunya deto kple lɔlɔ̃ si seɖoƒe meli na o kpakple eƒe ŋusẽ kple sewo ŋudɔ le anyigba wɔwɔ nukutɔe na amesiwo ava nɔ edzi la me. Mawu ƒe nukpɔkpɔ do ŋgɔ dɔmenyotɔe kple aɖaŋuwɔwɔ ƒe ŋutete kae nye si dzena le eƒe asinudɔwɔwɔwo me le anyigba dzi afisia! (Yohanes I, 4:8; Psalmo 104:24; 145:3-5, 13) Yehowa nye Nunala Wɔnuku vavã abe alesi míekpɔe le ta siwo va yi me ene!

9. Nusiwo ta wòle be míada akpe na Mawu la dometɔ aɖewo ɖe?

9 Ele be míada akpe na Mawu ɖe eƒe nunana wɔnukuwo ta. Ele be míada akpe nɛ le mɔ si nu wòtrɔ asi le mí amegbetɔwo ŋu hewɔ mí hede ŋutilã kple susu me ŋutetewo kple seselelãme siwo nana míete ŋu sea vivi le eƒe nuwɔwɔwo me la hã ta. Ẽ, ele be míagblɔ na Mawu abe alesi hakpala la gblɔe ene be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ. Nye ƒuwo meɣla ɖe wò, esime wowɔm le ɣaɣlaƒe, eye wolɔ̃m ɖe wo nɔewo me le anyigba ƒe gogloƒe o. Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔ aɖeke meli haɖe o la, ɖe wò [nuwɔwɔ ƒe] agbalẽ me.”—Psalmo 139:14-16.

10. Nukae fia be Yehowa ate ŋu aɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi nyuie?

10 Fiagã Aƒetɔ Yehowa, amesi wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme eye wòɖoe anyi le eƒe lɔlɔ̃ kple nunya me eye wòwɔe ɖe eƒe se dzɔdzɔewo nu la ŋue Biblia gblɔ nya sia hã le be: “Dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ nye wò fiazikpui ƒe anyinɔ; amenuveve kple nyateƒe le tsitre ɖe wò mo.” (Psalmo 89:15) Yehowa ate ŋu ahe Fiaɖuƒedziɖuɖu si aɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi vɛ vavã. (Psalmo 40:5, 6) Gake aleke wòawɔ esiae?

NYA ƔAƔLA AÐE ÐEÐEFIA

11. (a) Nukata wòle be dzi nadzɔ mí be sidzedze vavãtɔ li egbea? (b) Aleke míawɔ anya amesi “Mixael” nye, eye nukae eƒe ŋkɔ fia?

11 Míekpɔ nyagblɔɖi geɖe le Biblia me siwo ƒo nu tso alesi Mawu aɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi si akɔ eƒe ŋkɔ ŋu eye wòana woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi ŋu. Nyagblɔɖi siawo dometɔ ɖekae nye esi Daniel gblɔ si fia asi “nuwuɣi” esime “sidzedze adzi ɖe edzi.” Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be sidzedze sia le mía si egbea. Elabena Daniel gblɔ na mí be:

“Xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi.”

Daniel gblɔ be esia anye ɣeyiɣi si me amegãwo ƒe tatɔ Mixael ado ahaɖe Mawu ƒe amewo. Biblia gblɔ be Mixael lae nye Yesu Kristo, amesi awɔ aʋa kple Mawu ƒe futɔwo be wòakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋuti. Eyata esɔ be ŋkɔ “Mixael” gɔmee nye “Amekae Le Abe Mawu Ene?” elabena Mixael ye ɖee fia be ame aɖeke mate ŋu ake ɖi Yehowa ƒe fianyenye wòadze edzi nɛ o.—Daniel 12:1, 4; Nyaɖeɖefia 12:7-10.

12. Drɔ̃e ka ŋue woƒo nu tsoe le Daniel 2:31-33, eye nukata wòle be míatsɔ ɖe le eme egbea?

12 Daniel ƒe nyagblɔɖia hã ƒo nu tso Babilon-fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃e si wòku le alesi fiaɖuƒewo akplɔ wo nɔewo ɖoe ŋu la ŋu. Fia la ŋlɔ drɔ̃e si wòku la be enumake togbɔ be enɔ fu ɖem nɛ ŋutɔ hã. Mlɔeba la, menye ɖeko Yehowa Mawu, “Amesi ɖea nya ɣaɣlawo ɖe go” la to Daniel dzi na fia la nya drɔ̃e si wòku la o, ke boŋ ena wòɖe egɔme nɛ hã. (Daniel 2:29) Esi wònye drɔ̃e sia si nye nyagblɔɖi la le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me ahage ɖe etsɔ me hã ta la, ele be míatsɔ ɖe le nusi wòfia me vevie. Drɔ̃ea ku ɖe “legba gã” aɖe si ɖi amegbetɔ la ŋuti—eƒe nɔnɔme dzi ŋɔ ŋutɔ. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le Daniel 2:31-33. Nukae legba sia tsi tre ɖi na?

13. Nukae legba la ƒe akpa vovovoawo tsi tre ɖi na?

13 Daniel na Nebukadnezar nya be legbaa ƒe ta si nye sika la tsi tre ɖi na ‘Babilon-fia,’ eye be eƒe akpa bubuwo tsi tre ɖi na fiaɖuƒe bubu siwo ava ɖe Babilon yome. Egbea míate ŋu akpɔe be woawoe nye Medo-Persia, Hela, kple Roma fiaɖuƒe sẽŋuwo, eye eƒe “afɔwo” va nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ eve ƒokpli si li le míaƒe ɣeyiɣia me. Gake afɔ siwo ƒe “akpa aɖewo nye tsu, eye akpa aɖewo nye gayibɔ la” ya ɖe? Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me la, hadomehabɔbɔ siwo xɔ ŋkɔ gblẽ nu le Anglo-Amerika Xexemedziɖuɖu si le abe gayibɔ ene ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ŋu ŋutɔ, abe alesi legba gã la ƒe afɔ la mesesẽ o le esi gayibɔ “kple tsu menya tsakana o” ta ene. Eyata legba dziŋɔ sia tsi tre ɖi na amegbetɔ ƒe ‘fia’ alo xexemeŋusẽ siwo kplɔ wo nɔewo ɖo siwo nu ava yi ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea va tsrɔ̃ wo.—Daniel 2:36-44.

14, 15. Nukae “kpe” la wɔ na legba la, eye nukae “kpe” la tsi tre ɖi na?

14 Elabena kpɔ ɖa! “Kpe” aɖe si “menye ame ƒe asie dae o” ho tso to aɖe ŋu. Menye amegbetɔ aɖekee hoe o. Ke boŋ Yehowa ŋutɔe hoe le eƒe lɔlɔ̃nu kɔkɔe la nu. Kpea ɖo ta legba gã la gbɔ eye wòdze eƒe afɔwo dzi. Egbã amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe nuɖoanyi bliboa gudugudu wòzu abe tsro ene eye ya kplɔe dzoe. Kpea ŋutɔ va zu to gã si xɔ anyigba katã dzi.—Daniel 2:34, 35.

15 Nukae “kpe” sia tsi tre ɖi na? Nyagblɔɖia na eme kɔ ƒã esi wògblɔ be:

“Le fia mawo [Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa kple xexemeŋusẽ siwo do ŋgɔ nɛ ƒe akpa mamle siwo gali] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o, agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

16. Ne míedo gbe ɖa be “Wò fiaɖuƒe nava” la, nuka biam míele?

16 Nukae esia fia na mí egbea? Efia be ne míedo gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea “nava” la, míele kuku ɖem be dziƒofiaɖuƒea nawɔ eƒe ametsrɔ̃ŋusẽ ŋudɔ atsɔ gbã amegbetɔdziɖuɖuwo katã siwo do kpo ŋutifafa kple dzidzedzekpɔkpɔ hehe vɛ nublanuitɔe la. Dzidzɔtɔe la, ne “kpe” ma va tsrɔ̃ wo vɔ la, eya ŋutɔ azu dziɖuɖu si le abe to ene axɔ anyigba bliboa katã dzi. Ahe ŋutifafa si tɔgbe ameƒomea mekpɔ kpɔ tso Fia Salomo ƒe ŋkekeawo me ke o la vɛ, “ŋutifafa axɔ aƒe, vaseɖe esime dzinu maganɔ anyi o”—si fia be anɔ anyi tegbee!—Psalmo 72:7.

17. (a) Nukata wòle be ƒomedodo si le “kpe” la kple “to” la dome nana kakaɖedzi mí? (b) Nu bubu kawoe Fiaɖuƒea awɔ? (d) Kakaɖedzi kae wòle be wòanɔ mía si abe alesi wogblɔe le Psalmo 85:9-13 ene?

17 Ke “to” si dzi “kpe” si va zu Fiaɖuƒe la ho tsoe ya ɖe? (Daniel 2:45) “Kpe” la anye toa ƒe akpa aɖe, eye nusi nye toa kee woatsɔ awɔ kpea hã, eye nenemae wòle hã vavã. Fiaɖuƒe sia tso Yehowa Mawu—Fia mavɔmavɔtɔ si ƒe fianyenye ƒo nuwo katã ta eye wòɖua nuwo katã dzi la gbɔ. Alesi Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo katã dzenae le eƒe xexeame katã ƒe fianyenye me la, nenema ke Fiaɖuƒe si tso eƒe fianyenye me la ado Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ɖe dzii. Akɔ eƒe ŋkɔ ŋuti to eƒe futɔwo tsɔtsrɔ̃ me eye wòaɖee afia be yemede woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo dzi o. Emegbe Kristo Yesu ƒe Fiaɖuƒe sia ana se kple ɖoɖowo kpakple lɔlɔ̃ kple dzidzɔ naxɔ anyigba dzi ahatrɔe wòazu dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafanɔƒe si ƒe tame Mawu ɖo tso gɔmedzedzea me ke. Ele be míanɔ gbe dom ɖa be ‘Fiaɖuƒea nava’ vavã!—Psalmo 85:9-13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe