Ta 14 Lia Me Nya Bubuwo
Ŋutinyaŋlɔlawo xɔe se be Kores ƒe asrafowo mu Babilon le October 539 D.M.Ŋ. me. Nabonido ye nye fia ɣemaɣi, gake via Belsazar ɖu dzi kplii le Babilon. Agbalẽnyala aɖewo ŋlɔ Babilon-fiawo kple woƒe dziɖuɣi ƒe nuŋlɔɖi tso Nabonido ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe mamlea me yi megbe vaseɖe Nebukadnezar fofo Nabopolassar dzi ke.
Babilon-fiawo dziɖuɣi ƒe akɔntabubu ma gblɔ be Fiavi Nebukadnezar ɖu Egiptetɔwo dzi le Karkemis-ʋa la me le ƒe 605 D.M.Ŋ. me. (Yeremya 46:1, 2) Esi Nabopolassar ku la, Nebukadnezar trɔ yi Babilon va nɔ fiazikpuia dzi. Eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ dze egɔme le adame si kplɔe ɖo me (ƒe 604 D.M.Ŋ.).
Biblia la gblɔ be Babilontɔ siwo nɔ Nebukadnezar te la tsrɔ̃ Yerusalem le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 18 lia me (anye ƒe 19 lia me ne wotsɔ ƒe si me wòva zi dzi kpe ɖe eŋu). (Yeremya 52:5, 12, 13, 29) Eyata ne wolɔ̃ ɖe Babilon-fiawo ƒe Nuŋlɔɖikɔntabubu si le etame dzi la, ke ƒe 587/6 D.M.Ŋ. mee wowɔ Yerusalem aƒedoe. Gake nuka dzie wotu xexemekɔntabubu sia ɖo eye vovototo kae le wo kple Biblia me akɔntabubua dome?
Xexemekɔntabubu sia ƒe ɖaseɖiɖi vevi aɖewoe nye:
Ptolemy ƒe Agbalẽ: Claudius Ptolemy nye Helatɔ ɣletiviŋutinunyala si nɔ agbe le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me. Etsɔ eƒe Agbalẽa alo fiawo ŋkɔwo ƒe nuŋlɔɖi ku ɖe ɣletiviŋutinunya si wòto vɛ la ŋu. Fifi ŋutinyaŋlɔlawo ƒe akpa gãtɔ lɔ̃ ɖe Ptolemy ƒe nya si wògblɔ le Babilon-fiawo ƒe Nuŋlɔɖikɔntabubu kple woƒe dziɖuɣi ŋu la dzi (togbɔ be Ptolemy ɖe Labashi-Marduk ƒe dziɖuɖu le eme gake). Edze ƒã be Ptolemy tu eƒe ŋutinya ɖe nuŋlɔɖi siwo li tso Seleucid ƒe ɣeyiɣi si dze egɔme le Kores ƒe Babilon xɔxɔ ƒe 250 kple edzivɔ megbe la dzi. Eyata mewɔ nuku o be Ptolemy ƒe ƒeawo sɔ kple Berossus si nye Babilon-nunɔla le Seleucid ƒe ɣeyiɣia me la tɔwo.
Nabonidus Harran Stele (NABON H 1, B): Ɣemaɣi ke wofɔ kpe lɔbɔɔ sia, alo sɔti si dzi woŋlɔ nu ɖo la le ƒe 1956 me. Eƒo nu tso Blema Babilonia fia siwo nye Nebukadnezar, Evil-Merodach, kple Neriglissar ŋu. Ƒe siwo woyɔ ɖe ame etɔ̃ siawo ŋu la wɔ ɖeka kple esiwo le Ptolemy ƒe Agbalẽa me.
VAT 4956: Esia nye kpe si dzi woŋlɔ ɣletiviwo ŋuti nya ɖo le ƒe 568 D.M.Ŋ. me. Egblɔ be nusiwo wode dzesii la dzɔ le Nebukadnezar ƒe ƒe 37 lia me. Esia awɔ ɖeka kple akɔntabubu si bu eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 18 lia wòdze ƒe 587/6 D.M.Ŋ. dzi la. Gake wogblɔ be kpe sia nye kpe xoxo aɖe si dzi nyawo wogbugbɔŋlɔ le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me eyata ate ŋu adzɔ be ŋutinya siwo le edzi la nye nya siwo dzi woda asi ɖo le Seleucid ŋɔli.
Asitsatsa nuŋlɔkpewo: Woke ɖe Blema Babilon ƒe nuŋlɔkpe akpe geɖe siwo dzi woŋlɔ asitsatsa ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖo la ŋu, eye woŋlɔ ƒe si me Babilon-fia si nɔ zi dzi le asi ma tsaɣi ɖu dzi la ɖe edzi. Wofɔ kpe siawo tɔgbe siwo ƒo nu tso Babilon-fia nyanyɛwo ƒe dziɖuɣiwo katã ŋuti le ɣeyiɣikɔntabubu siwo dzi woda asi ɖo me.
Le xexemetɔwo ƒe susu nu la, ewɔ abe ɖaseɖiɖi siawo ɖo kpe Babilon-fiawo ƒe dziɖuɣi ƒe akɔntabubu dzi be edze Nebukadnezar ƒe ƒe 18 lia (kple Yerusalem tsɔtsrɔ̃) le ƒe 587/6 D.M.Ŋ. dzi. Gake ŋutinyanyala ɖesiaɖe alɔ̃ ɖe edzi godoo be Babilon ƒe ŋutinya si li fifia la ate ŋu aflu ame alo vodada anɔ eme. Le kpɔɖeŋu me, ele nyanya be blemanunɔlawo kple fiawo trɔa nuŋlɔɖiwo le woa ŋutɔwo ƒe didi nu. Alo ne ɖaseɖiɖi si wokpɔ le eteƒe hã la, egbegbe gbãlenyalawo agblɔe bubui alo womagblɔ alesi nya la le tututu o ale be nya si ŋu womeke ɖo haɖe o la ate ŋu atrɔ ɣeyiɣi ma me nudzɔdzɔwo ŋuti akɔntabubu kura.
Nufialagã Edward F. Campbell, Jr., si edze ƒã be ekpɔ nyateƒenya siawo dze sii la wɔ mɔfiagbalẽ aɖe si me Babilon-fiawo ŋuti ɣeyiɣikɔntabubu hã nɔ, eye wòxlɔ̃ nu le eme be: “Míagblɔ ko be nuŋlɔɖi siawo nye esiwo ŋu míeke ɖo fifia. Zi alesi ame aɖe le nu srɔ̃m le blema Dzieheɣetoɖoƒe Asia kple Anyieheɣedzeƒe Afrika dukɔ ƒe ɣeyiɣibubu ƒe kuxi sesẽwo ŋui la, zi nenemae mabu nya siwo woagblɔ tso eŋu ƒe ɖeke be enye nyateƒenya siwo dzi woda asi ɖo o. Le esia ta la, míate ŋu anɔ nya si nye circa [lɔƒo] zãm geɖe wu alesi míele ezãmee fifia.”—The Bible and the Ancient Near East (ƒe 1965 me tɔ), axa 281.
Kristotɔ siwo xɔ Biblia dzi se kpɔe zi geɖe be eƒe nyawo nɔa te ɖe ɖeklemiɖeɖe geɖe nu eye woɖo kpe eƒe nyateƒenyenye kple kakaɖedzi si le eŋu dzi. Wokpɔe be esi wònye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ta la, woate ŋu azãe abe dzidzeti ene le xexeame ƒe ŋutinya kple nukpɔsusuwo dodo kpɔ me. (Timoteo II, 3:16, 17) Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Biblia ƒo nu tso Belsazar ŋu be enye Babilon-dziɖula hã la, eŋuti nya tɔtɔ agbalẽnyagãwo ƒe alafa geɖe, elabena xexemenuŋlɔɖi aɖeke menɔ anyi si ɖo kpe eƒe anyinɔnɔ, amesi wònye, alo eƒe ɖoƒe dzi o. Gake mlɔeba la, tomenukulawo kpɔ xexemenuŋlɔɖi siwo ɖo kpe Biblia ƒe nyawo dzi. Ẽ, ɖekawɔwɔ si le Biblia-gbalẽwo dome kple alesi eŋlɔlawo ɖɔ ŋu ɖo le ɣeyiɣibubuwo gɔ̃ hã me la nye kpeɖodzi sẽŋu aɖe na Kristotɔ be eƒe ŋusẽ ƒo xexemeŋutinyaŋlɔlawo ƒe susu siwo trɔna ɣesiaɣi la ta sã.
Gake aleke Biblia kpe ɖe mía ŋu be míanya ɣeyiɣi si me wotsrɔ̃ Yerusalem, eye vovototo kae le esia kple xexemetɔwo ƒe ɣeyiɣibubu dome?
Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ ɖi be Babilontɔwo atsrɔ̃ Yerusalem eye woawɔ du la kple anyigba ma aƒedoe. (Yeremya 25:8, 9) Egblɔ kpee be: “Anyigba sia azu aƒedo kple gbegbe, eye dukɔ sia asubɔ Babel-fia ƒe blaadre sɔŋ.” (Yeremya 25:11) Ƒe blaadreawo wu enu esime Kores Gãtɔ ɖe asi le Yudatɔwo ŋu eye wotrɔ yi wo denyigba dzi le eƒe dziɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me. (Kronika II, 36:17-23) Míexɔe se be Yeremya 25:11 kple mawunyakpukpui bubuwo le fiafiam tẽ be ƒe 70 mawo dze egɔme tso esime Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem hegblẽ Yuda-nyigba la ɖi aƒedoe.—Yeremya 52:12-15, 24-27; 36:29-31.
Gake amesiwo ɖoa ŋu ɖe xexemenuŋlɔɖi siwo nɔ ɣeyiɣi ma me ƒe akɔntabubu ŋu koŋ la kpɔnɛ be ne ɖe wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 587/6 D.M.Ŋ. me la, ekema edze ƒã be mede ƒe 70 esime woɖu Babilon dzi eye Kores na Yudatɔwo trɔ yi wo denyigba dzi o. Esi wodi be woana nyawo nasɔ kple wo nɔewo ta la, wogblɔ be Yeremya ƒe nyagblɔɖia dze emevava gɔme le ƒe 605 D.M.Ŋ. me. Nuŋlɔla siwo va emegbe yɔ Berossus be egblɔ be le Carchemish-ʋa la megbe la, Nebukadnezar keke Babilon ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dukɔwo dzi ɖe enu wòɖo Siria kple Palestina nyigbawo katã dzi, eye esime wòtrɔ yina Babilon (le eƒe dziɖuɣi le ƒe 605 D.M.Ŋ. me) la, ekplɔ Yudatɔwo yi aboyo me. Eyata wogblɔ be ƒe 70 siwo wotsɔ subɔ Babilon la dze egɔme le ƒe 605 D.M.Ŋ. me. Esia afia be ƒe 70 mawo awu enu le ƒe 535 D.M.Ŋ. me.
Gake kuxi gã geɖe le numeɖeɖe sia ŋu:
Togbɔ be Berossus gblɔ be Nebukadnezar kplɔ Yudatɔwo yi aboyo me le eƒe zidzinɔɣi hã la, blemanuŋɔŋlɔ aɖeke meli si ɖo kpe esia dzi o. Nusi ɖe dzesi wue nye be, Yeremya 52:28-30 gblɔe nyuie be Nebukadnezar kplɔ Yudatɔwo yi aboyo me le eƒe dziɖuɖu ƒe adrelia, ƒe 18 lia, kple eƒe ƒe 23 lia me, menye eƒe zidzinɔɣi o. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus hã gblɔ be le ƒe si me wowɔ Carchemish-ʋa me la, Nubukadnezar ɖu Siria kple Palestina nyigbawo katã dzi “negbe Yuda-nyigba koe menɔ eme o,” si tsi tre ɖe Berossus ƒe nyawo ŋu eye mesɔ kple nukpɔsusu si nye be ƒe 70 siwo Yudatɔwo tsɔ subɔ la dze egɔme le ƒe si me Nebukadnezar va zi dzi o.—Antiquities of the Jews X, vi, 1.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Josephus gaƒo nu le Babilontɔwo ƒe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu le teƒe bubu eye wògblɔ be “Yudea kple Yerusalem katã, kple gbedoxɔa zu aƒedo ƒe blaadre.” (Antiquities of the Jews, X, ix, 7) Egblɔ kɔte be “míaƒe du la zu aƒedo ƒe blaadre vaseɖe Kores ƒe ŋkekewo me.” (Against Apion I, 19) Esia sɔ kple Kronika II, 36:21 kple Daniel 9:2 si gblɔ be ƒe 70 siwo wogblɔ ɖi la wonye ƒe 70 siwo anyigba la zu aƒedo. Ƒe alafa evelia (M.Ŋ.) me agbalẽŋlɔla Theophilus si tso Antioxia hã ɖee fia be ƒe 70 la dze egɔme esime wotsrɔ̃ gbedoxɔa le Zedekiya ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 11 megbe.—Kpɔ Fiawo II, 24:18–25:21 hã.
Gake Biblia la ŋutɔ na kpeɖodzi sẽŋu si tsi tre ɖe susu siwo nye be ƒe 70 mawo dze egɔme le 605 D.M.Ŋ. me kple be wotsrɔ̃ Yerusalem le 587/6 D.M.Ŋ. me ŋu. Abe alesi míegblɔ va yi ene la, ne míexle ƒe 70 tso ƒe 605 D.M.Ŋ. me la, ava ɖo ƒe 535 D.M.Ŋ. me. Gake Ezra, Biblia-ŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã la, gblɔ be ƒe 70 mawo yi edzi vaseɖe “Persia-fia Kores” si de se tsɔ ɖe mɔ na Yudatɔwo be woatrɔ yi wo denyigba dzi la “ƒe ƒe gbãtɔ me.” (Ezra 1:1-4; Kronika II, 36:21-23) Ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be Kores ɖu Babilon dzi le October 539 D.M.Ŋ. me eye be Kores ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ dze egɔme le ƒe 538 D.M.Ŋ. ƒe kele me. Ne Kores de sea le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, ekema Yudatɔwo ate ŋu aɖo wo denyigba dzi bɔbɔe le ɣleti adrelia (Tishri) me abe alesi Ezra 3:1 gblɔ ene; esia anye le October 537 D.M.Ŋ. me.
Gake susu nyui aɖeke meli si ta míahe Kores ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ tso ƒe 538 me ava ƒe 535 D.M.Ŋ. me o. Ame aɖewo siwo te kpɔ be yewoaɖe kuxia me la tro nya la gblɔ be esi Ezra kple Daniel nɔ nu ƒom tso “Kores ƒe ƒe gbãtɔ” ŋu la, wozã Yudatɔwo ƒe nukpɔsusu si to vovo tso alesi dziɖuɖua xlẽ Kores ƒe fiaɖuɣiwoe gbɔ. Gake ema mate ŋu anye nyateƒe o elabena nya siwo dziɖula aɖe si menye Yudatɔwo o kple agbalẽ aɖe si tso Persiatɔwo ƒe blemanuwo dzraɖoƒe siaa gblɔ la da asi ɖe edzi be wode sea le Kores ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me abe alesi Biblia-ŋlɔlawo tsɔ ŋuɖɔɖo gblɔe kɔte ene.—Ezra 5:6, 13; 6:1-3; Daniel 1:21; 9:1-3.
“Ŋugbe nyui” si Yehowa do la ku ɖe ƒe 70 sia ŋu elabena Mawu gblɔ be:
“Yehowa be: Ne ƒe blaadre de na Babel vɔ la, ekema maɖo ŋku mia dzi, eye mawɔ nye ŋugbe nyui, si medo na mi be, magakplɔ mi ava teƒe sia la dzi.” (Yeremya 29:10)
Daniel ɖo ŋu ɖe nya ma ŋu, eye wòka ɖe edzi be menye ƒe 70 ‘lɔƒoe’ wòava eme o ke boŋ enye ɣeyiɣi ŋutɔŋutɔ si woaxlẽ. (Daniel 9:1, 2) Eye nenemae wòdzɔ hã.
Nenema ke míedi be Mawu ƒe Nya la nafia mɔ mí tsɔ wu be akɔntabubu si nɔ te ɖe xexeame ƒe kpeɖodzinyawo dzi koŋ alo esi mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la nafia mɔ mí. Edze ƒã be Biblia ƒe nya siwo gɔmesese le bɔbɔe eye wole tẽ lae nye be ƒe 70 mawo dze egɔme tso esime Yuda zu aƒedo keŋkeŋ le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ megbe. (Yeremya 25:8-11; Kronika II, 36:20-23; Daniel 9:2) Eyata ne míexlẽ ƒe 70 yi megbemegbee tso esime Yudatɔwo trɔ yi wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, míava ɖo ƒe 607 D.M.Ŋ. me wònye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe 18 lia si me wòtsrɔ̃ Yerusalem, wòɖe Zedekiya le zi dzi eye wòhe fia siwo tso Yuda-toa me siwo nɔ zi dzi le anyigba dzi Yerusalem la va nuwuwui.—Xezekiel 21:19-27.