Ta 18
Fiaɖuƒe La Ðu Dzi!
1. (a) Susu ka tae míate ŋu aka ɖe ameƒomea ƒe etsɔme dzi? (b) Nukae Harmagedon afia na anyigba la gblẽlawo?
ÐE WOATSRƆ̃ ameƒomea ɖa le anyigba sia dzia? Ao. Eye Fiaɖuƒea tae womatsrɔ̃ wo o. Elabena Yesu si nye “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ” si woɖo zi dzi lae atso le Fiaɖuƒea ƒe ‘vava’ me ava gbã Satana ƒe anyigba dzi habɔbɔ kple eƒe nuɖoanyi siwo tea ame ɖe anyi la ɖa. Woatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la ŋutɔwo le Harmagedon me.—Nyaɖeɖefia 11:15, 18; 14:19, 20; 19:11-16.
2, 3. (a) Nuxlɔ̃ame kae Zefanya ƒe nyagblɔɖia ɖe gbeƒãe? (b) Nukae wodi tso mía si hafi míatsi agbe?
2 Mía Mawu Yehowa xlɔ̃ nu mí be míanɔ ŋudzɔ ɖe nusi yeawɔ le Harmagedon me la ŋu vevie.
“Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Mikpɔ asinyenu, vaseɖe gbesigbe manye ɖasefo atso; elabena nye ɖoɖo wònye be, maƒo dukɔwo nu ƒu, eye mana fiaɖuƒewo nakpe ta, ne matrɔ nye dziku kple nye dɔmedzoe heliheli katã akɔ ɖe wo dzi. Elabena nye ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la.”
Gake ame geɖe atsi agbe! Eye Yehowa le wo dzram ɖo xoxo, abe alesi nyagblɔɖi sia ke me nya bubuwo ɖee fia ene:
“Ɣemaɣi la, mana gbegbɔgblɔ dzadzɛ dukɔwo, ne wo katã nayɔ Yehowa ŋkɔ, eye woatsɔ nusɔsɔe asubɔe.”—Zefanya 3:8, 9, NW.
3 Ànye agbetsilawo dometɔ ɖekaa? Ẽ, ànye wo dometɔ ɖeka ne ‘èyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la.’ Aleke nàwɔ esiae? Eyae nye be nàdo ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa’—nàxɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui si kɔa ame ŋu la ade dzime eye nànɔ agbe ɖe enu. (Marko 13:10) Ne ètsɔ Mawu ƒe mɔnuɖoɖo siwo wòwɔ to Kristo dzi wɔ dɔe la, ele be nàwɔ abe alesi Petro xlɔ̃ nu eya ŋutɔ detɔwo ƒe alafa 19 enye esi va yi be woawɔ ene: “Eyata mitrɔ le miaƒe dzi me, eye migbugbɔ, be woatutu miaƒe nuvɔ̃wo, bena ne gbɔɖemeɣi nava tso [Yehowa] ƒe ŋku me.”—Dɔwɔwɔwo 3:19, 20.
4, 5. (a) Aleke nàwɔ ava nɔ xɔlɔ̃wɔwɔ nyui me kple Yehowa? (b) Aleke wòle be nàwɔ nu ɖe ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa’ ŋui?
4 Ele be nàɖee afia be yemenye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke o abe Yesu ene. (Yohanes 17:14, 16) Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa to Kristo dzi eye nèxɔ nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me tsɔ wɔ eƒe kpɔɖeŋui la, àva nɔ ƒomedodo nyui aɖe me kple Yehowa Mawu. (Petro I, 3:21) Ele be nàdi be yeatu xɔlɔ̃wɔwɔ sia ɖo ɣesiaɣi esi nètsɔ “nusɔsɔe” le Mawu subɔm kple eƒe amesiwo katã nu wòƒo ƒu le anyigba dzi. Le alesi mɔnukpɔkpɔ asu asiwò nu la, àdi be yeakpe ɖe amesiawo ŋu ana amesiwo katã lɔ̃ be yewoaɖo to la nase “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.”—Mateo 24:14; Romatɔwo 10:10-18; Hebritɔwo 13:15.
5 Eyata ɖe nènye amesi wɔa nu ɖe Biblia me nyateƒea ƒe ‘gbegbɔgblɔ dzadzɛa’ nua? Ekema ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. “Kalẽtɔ, si ate ŋu axɔ na ame la wònye.”—Zefanya 3:17; Yesaya 12:2-5.
6. Aɖaŋu nyui kae Yohanes ɖo, eye nukae wòle be esia nade dzi ƒo na mí be míawɔ?
6 Ne èlɔ̃a Yehowa kple eƒe dzɔdzɔenyenye la, ehiã be nànɔ agbe ɖe Biblia me gɔmeɖosewo hã nu. Apostolo Yohanes ɖo aɖaŋu nyui sia be:
“Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17)
“Yi ɖe mavɔmavɔ me”! Ðe esia mena viɖe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ veviedodotɔe le Satana ƒe nuɖoanyia ƒe ŋkeke mamle siawo me ŋu oa? Ðe medea dzi ƒo na mí le ‘ŋkeke mamle’ siawo me be míalé ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si teƒe “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le le anyigba dzi la ŋu oa?—Mateo 24:45-47.
DƆ GÃ AÐE
7. Nukae atsi anyi le Harmagedon megbe?
7 Ne Harmagedon-ʋa la ke la, Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la akpɔtɔ anɔ anyi be wòazãe le mɔ sia mɔ si wòdi la nu. Neva eme be woabu míawo hã be míedze be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ afisia!—Zefanya 2:3; Psalmo 25:8, 9, 20.
8. (a) Nukae míahiã ɣemaɣi be míawu Mawu ƒe dɔwɔwɔwo nu? (b) Aleke woadzra Mawu ƒe amewo ɖoe do ŋgɔ?
8 Ahiã be Mawu ƒe amewo nawɔ ɖeka le Fiaɖuƒedziɖuɖua te bene woate ŋu awɔ dɔ gã si nye be woana anyigba si ŋuti wokɔ la nadze ani, woatrɔ míaƒe anyigba la wòazu “Mawu ƒe abɔ” si de blibo. (Tsɔe sɔ kple Xezekiel 31:8.) Ðe nèdi be ye hã yeawɔ dɔ ma? Míahiã na lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ tso Mawu gbɔ be míatsɔ awɔ dɔ siae—dzonɔameme si tɔgbe Yehowa Ðasefowo ɖena fiana fifia le ‘gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le anyigba katã dzi’ me. Ahiã be amesiame nanye dɔ sesẽ wɔla atsɔ asrɔ̃ Fia la ƒe kpɔɖeŋu, amesi gblɔ be: “Fofonye le dɔ wɔm vaseɖe fifi, eye nye hã mele dɔ wɔm.”—Yohanes 5:17; 4:34.
9. (a) Dɔ ka tɔgbee anɔ anyi ɣemaɣi? (b) Nukae fia be esia mati ame o?
9 Ðikeke mele eme o be xɔtudɔwo ayi edzi le xexeame katã—manye dugã me xɔ manyakpɔ siwo woahaya o, ke boŋ woanye ƒomewo ƒe aƒe siwo wodzra ɖo nyuie le paradiso ƒe nɔnɔme me. Ẽ, dɔ geɖe anɔ anyi míawɔ, gake anye dɔ si me dzidzɔ kple vivisese le, dɔ si hea dzidzeme vɛ si ŋu Fia Salomo gblɔ le be, ‘Nu nyui aɖeke meli na wo wu be, woaɖu nu ano nu, eye wòanyo na wo le woƒe agbagbadzedzewo katã me o.’—Nyagblɔla 3:12, 13; tsɔe sɔ kple Yesaya 65:17, 21-25.
10. Nukae Nyaɖeɖefia 21:1-4 ɖe fia le nɔnɔme siwo anɔ anyi ɣemaɣi ŋu?
10 Nɔnɔme kawo mee Aƒetɔ la ƒe ‘alẽ bubuawo’ anɔ hafi awɔ woƒe dɔ? (Yohanes 10:16) Nyaɖeɖefia ta 21 gblɔ nusi míakpɔ mɔ na la na mí. Eƒo nu tso “dziƒo yeye kple anyigba yeye” aɖe ŋu. Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu gblẽku siwo woɖo la magakpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi azɔ o “elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la” nu va yi. Hekpe ɖe eŋu la, woaɖe Abosam kple eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si menya kpɔna dzea sii o ɖa. Amegbetɔwo ƒe “atsiaƒu” dzeagbo si menɔa anyi kpoo o le woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔnawo me la maganɔ anyi o. Ke boŋ amegbetɔƒome like si nye “anyigba yeye” la anye gɔmeɖoanyi sesẽ na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ. Àte ŋu azɔ ɖe “dziƒo yeye” si me Fia la kple eƒe “ŋugbetɔ” siwo ƒe xexlẽme nye ame 144,000 wole la ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ le afima. Fia la ƒe “ŋugbetɔ” sia awɔ eƒe “du kɔkɔe, Yerusalem Yeye” nyenye ŋudɔ ‘aɖi tso dziƒo,’ si fia be atrɔ eƒe susu ɖe nuwo gbugbɔdzraɖodɔ si woawɔ le anyigba dzi la ŋuti. Eye nu nyui kawoe nye si ado tso eme! Abe alesi Yohanes gblɔe ene la:
“Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:1-4.
11. (a) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae le agbetsila miliɔn geɖeawo lalam? (b) Aleke Mawu ana amewo nayɔ anyigba dzii?
11 De dzesii be mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia hã le ŋugbedodo ma me be “ku maganɔ anyi akpɔ o.” Míele mɔ kpɔm be ame miliɔn geɖe atsi agbe le “xaxa gã” la me ava xɔ “anyigba yeye” la dzi yayrawo. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Gake ame miliɔn akpe geɖe, ame biliɔn geɖe ase vivi le agbe me le afisia le Fiaɖuƒea te mlɔeba. Nukata míegblɔ be ame “biliɔn geɖe” ɖo? Yehowa de se na ame dzɔdzɔe siwo tsi agbe le Noa ƒe ŋkekea me tsiɖɔɖɔa megbe be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi!” Esia fia be mɔnukpɔkpɔ si me dzidzɔ le asu amegbetɔwo si be woaɖe srɔ̃ adzi viwo le dzɔdzɔenyenye me va de asi na ɣeyiɣi aɖe ya teti le Harmagedon megbe. (Mose I, 9:1, 7; 10:1-32; Mateo 24:37) Gake menye emae anye mɔ vevitɔ si dzi Mawu ato ana amewo ‘nayɔ anyigba la dzi’ ɣemaɣi o. Ekema aleke Mawu awɔ amewo nayɔ míaƒe anyigba la dzi si ana eƒe gɔmedzetameɖoɖoa nava eme? (Mose I, 1:28; Yesaya 45:18) Awɔ esia to alesi wòawɔ eƒe nukunu gã si nye tsitretsitsia zi gbɔ zi biliɔn geɖe me.
‘AME GBAGBEWO ƑE MAWU’
12. Yesu ƒe nufiafia kae do voɖi na amehawo?
12 Gbeɖeka Yesu ɖo nya ŋu na amesiwo tsi tre ɖe eŋu be:
“Le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena: ‘Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu’ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbagbewo tɔe.”
Ŋutsu nuteƒewɔla mawo gale agbe le Mawu ƒe nukpɔsusu nu, eye woafɔ wo ɖe tsitre. Amehawo ƒe mo wɔ yaa le nufiafia ma ŋuti.—Mateo 22:31-33; Luka 20:37, 38.
13. Nukae míate ŋu akpɔ mɔ na ku ɖe “alẽ bubu” nuteƒewɔla siwo ku la ŋu?
13 Susu le eme be míakpɔ mɔ be woafɔ nuteƒewɔla mawo siwo do dzi le yometiti me “bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu” la kple “alẽ bubu” la me tɔ nuteƒewɔla siwo aku do ŋgɔ na Harmagedon la gbã ayi ɖe “anyigba yeye” la dzi. Ðewohĩ wò ŋutɔ wò lɔlɔ̃tɔ aɖewo siwo nye Mawu subɔla nuteƒewɔlawo gɔ̃ hã ku. Dzidzɔ kae nye si wòanye be nàdo dzaa na amesiawo tso ku me ahagblɔ nu gã siwo Yehowa wɔ tsɔ kɔ eɖokui ŋui la na wo!—Hebritɔwo 11:35.
14. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka ŋue woƒo nu tsoe le Yohanes 5:28, 29 kple Nyaɖeɖefia 20:11-13?
14 Ke ameƒomea me tɔ siwo ku ƒe 6,000 kple edzivɔe nye sia le ŋutinya me ya ɖe? Yesu gblɔ be: “Esia megawɔ mo yaa na mi o; elabena gaƒoƒo gbɔna, le esime amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase eƒe gbe; eye . . . woado go.” (Yohanes 5:28, 29) “Ame kukuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo” ado le yɔdowo me ava tsi tre ɖe Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.—Nyaɖeɖefia 20:11-13.
15. Nukatae ʋɔnudrɔ̃ɣi la maɖi vɔvɔ̃ o?
15 Ðe ɣeyiɣi ma anye ŋɔdziɣeyiɣi na amesiwo woafɔ ɖe tsitre laa? Togbɔ be subɔsubɔhawo wɔ nɔnɔmetatawo le Ʋɔnudɔdrɔ̃ Mamlea ŋu hã la, anye dzidzɔkpɔɣi gãtɔ. Elabena womadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo woafɔ ɖe tsitre ɖe nuvɔ̃ siwo wowɔ va yi nu o, ke boŋ woadrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe alesi woalɔ̃ faa be yewoanɔ agbe ɖe nudidi dzɔdzɔe siwo wobia tso ame si hafi woanɔ agbe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te dzi la nu. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 6:7.) Eye woadze agbagba ɖesiaɖe akpe ɖe wo ŋu be woadzra wo kple Mawu dome ɖo bliboe. Woawɔ hehenadɔ gãtɔ kekeake si ɖeke mesɔ kple o la le Fiaɖuƒe ƒe ɖoɖoa te.
16. (a) Nukawoe nye ‘agbalẽawo’? (b) Nukata hehenana ade ŋgɔ le ‘anyigba yeyea’ dzi wu sã?
16 Woaʋu “agbalẽwo.” Esiawo anye nufiame siwo woata atsɔ akpe ɖe amesiwo wofɔ ɖe tsitre ŋu be woawɔ ‘dɔ’ siwo ana woadze na agbe mavɔ kpɔkpɔ la. (Nyaɖeɖefia 20:12) Hehenanu siwo woazã kple nusiwo woafia le ‘anyigba yeyea’ dzi le Yehowa kple eƒe Mesia Fia la ƒe mɔfiafia te la ade ŋgɔ boo wu ne wotsɔe sɔ kple nusianu si Satana ƒe xexea te ŋu na kpɔ.
YAYRA SIWO “AMEHA GÔ LA AXƆ
17. Ne ètsi agbe yi “anyigba yeye” ma dzi la, nukae wòahiã be nàwɔ?
17 Gake ne ènye “ameha gã” me tɔ si tsi agbe le Harmagedon me la, akpa kae nànɔ le go sia me? Apostolo Paulo gblɔ be: “Alesi amewo katã ku le Adam me la, nenema ke woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo me.” (Korintotɔwo I, 15:22) Kristo ƒe tafe si wòazã atsɔ ana ameƒomea nade blibo le eƒe ƒe 1,000 dziɖuɖua me la ƒe viɖewo ahiã wò hã. Ahiã be wò hã nàxɔ hehe le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe ‘agbalẽawo’ me be nàte ŋu awɔ ‘dɔ’ siwo ana woaŋlɔ wò ŋkɔ ɖe “agbegbalẽa” me nuteƒewɔwɔtɔe.
18. Fiaɖuƒea ƒe ɖoɖo kae ana míakpɔ dzidzɔ etɔxɛe?
18 Egbea ŋutete blibo si le wò susu madebliboa ŋu ƒe akpa sue ɖe koe wòzãna tsɔ xɔa nya helénɛ ɖi. Ðewohĩ wose nègblɔ kpɔ be, ‘Ne ɖe mate ŋu aɖo ŋku edzi la!’ Aleke wòle be nàda akpe ɖe Kristo ƒe vɔsa la tae nye si! Elabena menye lãmevee kple vevesese koe woaɖe ɖa wòanye Fiaɖuƒe ƒe ɖoɖo siwo woawɔ atsɔ adzra amegbetɔwo ƒe nɔnɔme ɖoe la ƒe akpa aɖe ko o, ke woana nuwɔwɔ wɔnuku ma—amegbetɔ ƒe susu si le asiwò—hã nade blibo be nàsrɔ̃ nu ahalée ɖi, nàde ŋugble le eŋu, eye ƒo wo katã ta la, be nàkpɔ ŋudzedze ɖe mía Mawu Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu le eƒe tadedeagu me. Woaɖe gbemasemase si tso gbe si wotɔtɔ na amewo le Babel-mɔ̃a tuƒe gbɔ la ɖa eye woafia gbegbɔgblɔ ɖeka ameƒomea katã bene woasubɔ Yehowa le ɖekawɔwɔ me, abe alesi Zefanya 3:9 gblɔe ene.
19. Dzidzɔ kae Fiaɖuƒea teviwo hã akpɔ?
19 Lɔlɔ̃ na Mawu kple havi aʋã amegbetɔ ƒe dzi deblibo la hã. Eyata mewɔ nuku o be Fiagã Aƒetɔ Yehowa gblɔ nya siawo na amesiwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo be:
“Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti, elabena kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem [Yeye] hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ. Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu, eye womagase avifagbe kple konyifagbe le eme azɔ o.” (Yesaya 65:17-19)
Dzidzɔ gã si Kristo ƒe dziɖuhati ame 144,000 akpɔ kple aseye gã si woatso le eƒe Fiaɖuƒea me la asu Fiaɖuƒea tevi biliɔn siwo le anyigba dzi la hã si ne woɖo ta amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ.
WOAKƆ YEHOWA ƑE ŊKƆA ŊU TEGBEE
20. (a) Nukata ƒe 1,000 nu ava yi kaba? (b) Aleke Dawid kafu Yehowae? (d) Ðe wòʋã wò be nàkafui nenema?
20 Ƒe akpe ɖeka ava yi abe ŋkeke ɖeka ene le Yehowa gbɔ, eye aleke gbegbe ɣeyiɣia anɔ kpuie na amegbetɔƒomea siwo hã ƒe ŋku biã ɖe dɔ tuameɖowo ŋu enye si! (Petro II, 3:8) Míate ŋu akpɔ mɔ hã be ɖiɖiɖemeɣi anɔ anyi na dzidzɔ ƒe hadede kple kamedede, ha viviwo sese kple aɖaŋudɔ nyui bubuwo, eye ɖoɖo anɔ anyi ɣesiaɣi be míasubɔ mía Wɔla Gã la. Mí katã míadi be míakafu Yehowa abe alesi Dawid kafui ene le esime wòwɔ ɖoɖo be woasubɔe le gbedoxɔ me, esime wògblɔ be:
“Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi. Kesinɔnu kple bubu tso gbɔwò, eye nèɖu fia ɖe nusianu dzi; gãnyenye kple ŋusẽ le asiwò me, eye gbɔwò wòtsona be, ame aɖe nazu gã, eye wòakpɔ ŋusẽ. Eyata, mía Mawu, míele akpe dam na wò, eye míele wò ŋutikɔkɔe ƒe ŋkɔ la kafum.”—Kronika I, 29:11-13.
21. (a) Aleke Kristo awu eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nui? (b) Nuka nue Fiaɖuƒea awu ɣemaɣi?
21 Kristo Yesu, Amesi lolo wu Dawid, awu eƒe ŋutifafa ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua kple nuwo gbugbɔɖɔɖodɔa nu wòasɔ kple kafukafu gã sia esime wòawɔ nusi apostolo Paulo gblɔ ɖi be:
“Emegbe la nuwuwu la ava, esime [wòatsɔ] fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofoa, esime wòava aɖe amegãnyenye katã kple ŋusẽ katã kple dziɖuɖu katã [siwo tsi tre ɖe eŋu] ɖa la.”
Woaɖe Mawu ƒe dziɖuɖu afia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be eyae nye dziɖuɖu nyuitɔ, si si ŋusẽ le be wòahe yayra mavɔwo vɛ na Yehowa subɔlawo. Woaɖe ku si tso Adam gbɔ la ɖa eye woagbɔ agbe ameƒomea katã “le Kristo me” le Fiaɖuƒea ƒe dɔmenyodziɖuɖua te. Ekema woaɖe ame biliɔn geɖe siwo anɔ anyigba dzi la “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.”—Romatɔwo 8:21; Korintotɔwo I, 15:22-28.
22. (a) Dokpɔkpɔ ƒe ɣeyiɣi kpui kae ava ɖe eyome? (b) Taʋiʋlidɔ mamle kae Yesu awɔ?
22 Woaɖe Satana le aʋlime ɣeyiɣi kpui aɖe be wòava do amegbetɔ debliboawo akpɔ le woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe Fianyenye gome. Ame aɖewo siwo ƒe xexlẽme womeyɔ o atiae be yewoadze Abosam yome, gake woadrɔ̃ ʋɔnu wo enumake. Kristo Yesu si nye Mawu ƒe “nyɔnu” la ƒe ‘dzidzimevi’ la awɔ taʋiʋlidɔ mamlea esime wòagbã ta na Da xoxo la, atsrɔ̃ eya kple eƒe dzidzimeviwo ɖa keŋkeŋ abe dzo si le bibim “zã kple keli tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me” wòtsɔ fiã woe ene. Woado nya gã si fɔ ɖe te le Eden-bɔa me le Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu eƒe nuwɔwɔwo dzi ŋu la ƒe nyateƒenyenye kpɔ akpɔ egbɔ tegbee!—Nyaɖeɖefia 20:7-10; Mose I, 3:15.
23. (a) Nukae wòle be ŋugbledede le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu nana míawɔ? (b) Nukata míadi be míakpɔ ‘Mawu ƒe Fiaɖuƒea wòava’?
23 Ne míede ŋugble le míaƒe Dziɖulagã Yehowa, “Fia mavɔmavɔtɔ,” si nye mía Wɔla Gã la ƒe ŋugbedodo wɔnukuwo ŋu la, ɖe meʋãa mí be míada akpe nɛ ahakafu eƒe ŋkɔ la oa? Ðe dzo meɖoa mía me be ‘míagblɔ Mawu ƒe nu dzɔtsuwo’ afia le eƒe “fiawo dzi Fia” kple Mesia Fiaɖuƒea ŋu abe alesi ame aɖewo wɔe le Pentekoste-ŋkekea dzi ene oa? (Dɔwɔwɔwo 2:11; Nyaɖeɖefia 15:3; 19:16) Ðe meʋãa mí be míado gbe ɖa na míaƒe Dziƒofofo la be, “WÒ FIAÐUƑE NAVA” oa? (Mateo 6:9, 10) Ẽ, ‘NEVA’ tsrɔ̃ Satana ƒe dɔwɔwɔwo kple eƒe habɔbɔa ɖa le anyigba dzi! Ẽ, ‘NEVA’ ɖo dziɖuɖu nyuitɔ anyi na ameƒomea katã! Ẽ, ‘NEVA’ he ŋutikɔkɔe ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua vɛ be woagbugbɔ paradiso aɖo anyi, woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye woadzra ameƒomea me tɔ siwo katã lɔ̃ la ɖo ayi amegbetɔ ƒe blibodede me! Ẽ, ‘NEVA’ be woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ si ɖeke mesɔ kpli o la ŋuti tegbee!
[Nɔnɔmetata si le axa 180, 181]
Ðevi siwo woadzi le dzɔdzɔenyenye me le anyigba yeyea dzi la makpe fu siwo kpem ƒomewo le egbea ƒe ɖeke o