Nusita Wota Agbalẽ Gbadza Sia
Wota agbalẽ gbadza sia be wòana nugɔmesese kple nu wɔwɔ aduadu nanɔ Yehowa Ðasefowo kple sukumegãwo dome. Enye míaƒe didi be míawɔ nu aduadu kple amesiwo katã le dɔ wɔm hena nufiafia ƒe ɖoɖo vevi siwo wonana le suku la ƒe dzidzedze la.
Dzila siwo nye Yehowa Ðasefowo di be yewoana kpekpeɖeŋu be nɔnɔme nyui nanɔ anyi hena nusɔsrɔ̃. Wodi be yewoƒe viwo nakpɔ viɖe gbogbotɔ kekeake tso woƒe sukudede me. Eye wodi be nufialawo kple sukumegã bubuwo nanya be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui gɔmesesetɔe be yewoana kpekpeɖeŋu le esia gbɔ ɖoɖo me.
Wonya Yehowa Ðasefowo le afisiafi si wole be agbenɔnɔ nyuitɔ le wo si. Wonya wo le to si woɖona dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la ta. Gake nufiala aɖewo asee le wo ɖokui me be sɔhɛ Ðasefowo sẽa to le esi womekpɔa gome le suku ƒe ɖoɖo alo nuwɔna ɖesiaɖe me o ta. Gake la menye aglãdzedze alo hadomegbenɔnɔ gbegbe tae sɔhɛawo gbena alea o. Woƒe nuwɔnawo nɔ te ɖe mawusubɔsubɔ kple agbenɔnɔ ƒe dzixɔsewo dzi.
Le agbalẽ gbadza sia me la míadi be míana sukumegãwo nanya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse siwo lɔ gome kpɔkpɔ le suku ƒe nuwɔnawo me ɖe eme la ŋu. Hekpe ɖe eŋu la míedi be míaɖe nusita le dzixɔse mawo ta sɔhɛ Ðasefowo mekpɔa gome le suku ƒe wɔna kple ɖoɖo aɖewo siwo bɔ le teƒe geɖe le xexeame katã me o la me. Le ɣeyiɣi ma ke me la míedi be míana eme nakɔ be míeɖoe be míazi míaƒe nukpɔsusuwo e ame bubuwo dzi o.