INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sj axa 4-5
  • Míaƒe Tameɖoɖo Le Agbe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Tameɖoɖo Le Agbe Me
  • Suku kple Yehowa Ðasefowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míaƒe Nukpɔsusu ku ɖe Biblia Ŋu
  • Na Sukudede Naɖe Vi na Wò Bliboe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Sukudede Dada Ðe Afisi Sɔ Nɛ
    Nyɔ!—1994
  • Ðe Biblia Mede Agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe Dzi Ƒo Oa?
    Nyɔ!—1998
  • Sɔhɛwo—Miwɔ Miaƒe Sukudeɣi Ŋudɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Suku kple Yehowa Ðasefowo
sj axa 4-5

Míaƒe Tameɖoɖo Le Agbe Me

Gbã la, nu ƒoƒo kpuie tso Yehowa Ðasefowo kple míaƒe tameɖoɖo le agbe me ŋu la anye kpekpeɖeŋu. Míenye dukɔwo dome Kristotɔwo ƒe ha si woate ŋu akpɔ le anyigba 200 kple vɔ dzi le xexeame katã. Mɔ si dzi míetona dea ta agu na Mawu la lɔ míaƒe nukpɔsusu blibo kple agbenɔnɔ blibo ɖe eme.

Esi míeka ɖe edzi be Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ ta la, míebunɛ be ele vevie be ame ŋutɔ ƒe ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome abe mía Fofo ene. (Mateo 6:9) Hekpe ɖe nu bubuwo ŋu la, esia lɔ eƒe ŋkɔ tsɔtsɔ anya eyama ɖe eme. Le Psalmo 83:19 la Biblia gblɔ be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”

Abe Kristotɔwo ene la, míedzea agbagba hã be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe Vi Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu la nu. Agbalẽnyala ɖedzesi si wònye la dze le nunya si le eƒe nufiafiawo me la me. Gake Yesu wɔ eƒe sidzedze la ŋudɔ be wòaɖe vi na ame bubuwo ke menye be wòatsɔ anɔ dedie le ga gome alo azu amegã o. Nu vevitɔ le eƒe agbe mee nye subɔsubɔ si wòatsɔ na Mawu. Yesu gblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.”—Yohanes 4:34.

Míawo hã míaƒe seselelãmee nye ma. Esia ta Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã bua suku dede nyuie nu xɔasie. Míedea dzi ƒo na míaƒe sɔhɛwo be woasrɔ̃ nu geɖe—woana nusiwo ƒo xlã wo kple nusi agbe nɔnɔ lɔ ɖe eme la ŋuti sidzedze kple gɔmesese nasu wo si. Esia ta woxlẽa míaƒe magazine si nye Awake! esi ƒoa nu tso amegbetɔ ƒe sidzedze ƒe akpawo katã ŋu la eye wozãnɛ le woƒe suku me nusɔsrɔ̃ me zi geɖe. Nufiala aɖewo hã wɔa magazine sia ŋudɔ le dzadzraɖo ɖe woƒe suku me nufiafiawo ŋu me.

Suku me hehe si mía viwo xɔ la kpe ɖe wo dometɔ geɖe ŋu be wotu woƒe nuwo wɔwɔ ƒe ŋutete ɖo. Journal of Personality de dzesi esia le eƒe nyatakaka ku ɖe Australia numekuku aɖe si ku ɖe ƒe 12 viwo ƒe “nuwo wɔwɔ” ŋu la ŋuti me. Numekulaawo gblɔ be: “Ðevi siwo wɔa aɖaŋu vevie la ƒe agbɔsɔsɔ si de ŋgɔ wu kura la nye Yehowa Ðasefowo.” Míate ŋu agblɔ be esia tso nyateƒe si wònye be Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔ dea dzi ƒo na wo be woawɔ woƒe tamebubu ƒe ŋutete ŋudɔ la gbɔ.

Togbɔ be sɔhɛ Ðasefowo di be yewoasrɔ̃ agbalẽ nyuie hã la, womeyia suku kple susu be bubunɔƒe alo gãnyenye nasu yewo si o. Woƒe taɖodzinu koŋ le agbe mee nye be woasubɔ nyuie abe Mawu ƒe subɔlawo ene, eye wokpɔa ŋudzedze ɖe suku ŋu abe kpekpeɖeŋunu hena ema gbɔ ɖoɖo ene. Eyata zi geɖe la wotiana nusɔsrɔ̃ siwo ŋu viɖe le hena wo ɖokui dzi kpɔkpɔ le egbe xexeame la. Ema tae wo dometɔ geɖe srɔ̃a aɖaŋudɔwo alo dea aɖaŋudɔsrɔ̃sukuwo. Ne wowu suku nu la, wodina be yewoakpɔ dɔ si aɖe mɔ na yewo be yewoalé fɔ ɖe yewoƒe dɔ vevitɔ si nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la.

Míaƒe Nukpɔsusu ku ɖe Biblia Ŋu

Abe alesi miate ŋu ase egɔme tso nya siwo le etame la me ene la, Yehowa Ðasefowo bua Biblia la abe gbesiagbe mɔfianu ene vevie wu ame geɖe. Woxɔe se ŋutɔŋutɔ be “ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ . . . tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.”—Timoteo II, 3:16.

Le ɖeka wɔwɔ kple nya mawo me la, míexɔe se be nusianu si woŋlɔ ɖe Biblia me la sɔ pɛpɛpɛ eye ele be wòafia mɔ Kristotɔ le eƒe agbe me. Abe emetsonu ene la, sɔhɛ Ðasefo ƒe nukpɔsusu ku ɖe suku me dɔwɔna aɖewo ŋu la ato vovo kura tso sukuvi si mebua Biblia ƒe nufiafiawo nya vevi nenema gbegbe o la tɔ gbɔ. Agbalẽ gbadza sia adzro suku me nuwɔna siwo nyaa lɔ ɖe eme la me ahadze agbagba be yeakpe ɖe ŋuwò nase nusita Yehowa Ðasefowo wɔa nu nenema le nuwɔna mawo ŋu la gɔme.

Abe alesi nanyae ene la, esi wònye nyagblɔɖigbalẽ ɖedzesie Biblia nye ta la, míadi be nade ŋugble le dɔ si eƒe nyagblɔɖiwo dzi xɔxɔ se wɔna ɖe Ðasefowo ƒe nɔnɔme ɖe suku ŋu la dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ðasefo siwo le xexeame katã bua agbalẽnyanya nyuie nu xɔasie

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Wozãnɛ abe gbesiagbe ƒe mɔfianu ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe