Ta 15
Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Habɔbɔ Lae?
1. Yehowa ƒe habɔbɔ ŋuti nyatakaka kae Biblia ɖe fia, eye nukatae wòle vevie na mí?
YEHOWA to Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la dzi ɖe eƒe dziƒohabɔbɔ wɔnukua ƒe dzedzeme fia mí. (Yes. 6:2, 3; Xez. 1:1, 4-28; Dan. 7:9, 10, 13, 14) Togbɔ be míete ŋu kpɔa gbɔgbɔ me nuwɔwɔwo o hã la, ena míenya alesi mawudɔla kɔkɔeawo ƒe dɔwɔna wɔa dɔ ɖe tadeagula vavãwo dzie le anyigba dzi. (Mose I, 28:12, 13; Fia. II, 6:15-17; Ps. 34:8; Mat. 13:41, 42; 25:31, 32) Biblia la gaƒo nu le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna kple ŋku la ŋu eye wòkpena ɖe mía ŋu be míase alesi wòfiaa mɔe la gɔme. Ne nusiawo ƒe gbɔgbɔ me gɔmesese le mía si vavã la, esia akpe ɖe mía ŋu be “míazɔ alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã.”—Kol. 1:9, 10.
Si Dzedze Akpa Si Wokpɔna La
2. Nukae nye Mawu ƒe hamea tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi?
2 Israel-dukɔ lae nye Mawu ƒe hame ƒe 1,545 sɔŋ. Gake wodo kpo Se ƒe nubabla la me léle ɖe asi eye wogbe Mawu ƒe Vi la. Eyata Yehowa ɖo hame yeye hebla nu yeye kplii. Woyɔ hame sia le Ŋɔŋlɔawo me be Kristo ƒe “ŋugbetɔ” si nye ame 144,000 siwo Mawu tia be woawɔ ɖeka kple ye Vi la le dziƒo. (Ef. 5:22-32; Nyaɖ. 14:1; 21:9, 10) Wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo dometɔ gbãtɔwo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Yehowa to gbɔgbɔ kɔkɔe dzi na kpeɖodzi si ɖe dzesi nyuie be azɔ esiae nye hame si yeazã awɔ yeƒe tameɖoɖo ŋudɔe.—Heb. 2:2-4.
3. Amekawoe nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna egbea?
3 Egbea la ame 144,000 la ƒe susɔe aɖewo koe le anyigba dzi. Gake le Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava nu la, wona “alẽ bubuwo” ƒe ha gã aɖe le ha dem kple wo dzonɔamemetɔe. Yesu Kristo, Alẽkplɔla Nyui la ƒo ‘alẽ bubu’ siawo kple eyomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzi la ƒe ame susɔeawo nu ƒu ɖekae be woanye “alẽha ɖeka” ko anɔ eya si nye woƒe “alẽkplɔla ɖeka” te. (Yoh. 10:11, 16; Nyaɖ. 7:9, 10) Wo katã wova zu habɔbɔ ɖeka si me ɖekawɔwɔ le, esi nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna kple ŋku egbea.
Ele Teokrasi Ƒe Ðoɖo Nu
4. Amekae fiana mɔ habɔbɔa, eye alekee?
4 Ŋɔŋlɔa ƒe nyagbɔgblɔ be “Mawu gbagbe ƒe hame” la ɖe amesi fiaa mɔe la ɖe go. Habɔbɔa le teokrasi ƒe ɖoɖo nu alo ele Mawu ƒe dziɖuɖu te. Yehowa toa amesi Wòtia wònye hamea ƒe ta makpɔmakpɔ, Aƒetɔ Yesu Kristo, kpakple ye ŋutɔ ƒe Nya, Biblia si tso gbɔgbɔ me dzi nana mɔfiafia eƒe amewo.—Tim. I, 3:14, 15; Ef. 1:22, 23; Tim. II, 3:16, 17.
5. (a) Aleke Mawu ƒe mɔfiafia na hamea ɖe dzesie le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Nukae ɖee fia be Yesu kpɔtɔ nye hamea ƒe ta?
5 Teokrasi mɔfiafia sia ɖe dzesi ƒã esi gbɔgbɔ kɔkɔe ʋã hamea me tɔ gbãtɔwo de nuwɔwɔ me le ƒe 33 MŊ. ƒe Pentekoste dzi. (Dɔw. 2:1-4, 32, 33) Eɖe dzesi esime Yehowa ƒe dɔla de asi nyawo me esi na nyanyuiea kaka de Afrika. (Dɔw. 8:26-39) Nenema kee wònɔ esi Yesu ƒo nu hena mɔfiafia le Saul si tso Tarso la ƒe dzimetrɔɣi kpakple esime wodze dutanyanyuiegbɔgblɔdɔ gɔme le Trɔ̃subɔlawo dome. (Dɔw. 9:3-7, 10-17; 10:9-16, 19-23; 11:12) Gake menye mɔ tɔxɛ siawo ƒomevi dzi woto ɣesiaɣi na mɔfiafia si hiã la o. Emegbe la, womegasea gbeɖiɖiwo tsoa dziƒo o, mawudɔlawo megaɖea wo ɖokui fiana amewo o eye gbɔgbɔa ƒe nukununanawo megali o. Gake Yesu do ŋugbe na eyomedzela nuteƒewɔlawo be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu,” eye nyateƒenyawo fia be eli kpli wo. (Mat. 28:20; Kor. I, 13:8) Menye ɖeko Yehowa Ðasefowo da asi ɖe eƒe tanyenye dzi o, ke boŋ edze ƒã be manɔ bɔbɔe na wo be woayi Fiaɖuƒe gbedasia gbɔgblɔ dzi le adikã heliheli te eƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o.
6. (a) Amekawoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, eye nukata? (b) Dɔ kae wòde asi na “dɔla” ma?
6 Do ŋgɔ teti hafi Yesu naku la eƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe si ye abe Aƒetɔ ene la yeatsɔ agbanɔamedzi tɔxɛ ade asi na la ŋu. Le Yesu ƒe numeɖeɖe nu la, “dɔla” ma anɔ anyi esime Aƒetɔ la dzo yi dziƒo eye wòaganɔ agbe esime Kristo atrɔ gbɔ. Numeɖeɖe ma mate ŋu aku ɖe ame ɖeka aɖe ŋu o. Ke boŋ esɔ kple Kristo ƒe hame wɔnuteƒe si wosi ami na eye wobui nu blibo ɖekae la. Yesu nya be yele ye ŋutɔ yeƒe ʋu tsɔ ge aƒle woe eyata eyɔ wo ɖekae wòsɔ ɖe edzi be yeƒe “dɔla.” Ede dɔ asi na wo be woawɔ esime wòdɔ wo katã be woawɔ nusrɔ̃lawo ahanyi wo be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me, eye woana “[gbɔgbɔ me] nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi.” Gbɔgbɔ kɔkɔea da asi ɖe wo tiatia dzi le ƒe 33. M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi.—Mat. 24:45-47; 28:19, 20; Kor. I, 6:19, 20; tsɔe sɔ kple Yesaya 43:10.
7. (a) Aleke “dɔla” la ƒe agbanɔamedziwo galolo ɖe edzie fifia? (b) Nukatae wòle vevie be míawɔ ɖe nufiame si wonana to mɔ sia dzi la dzi?
7 Le Aƒetɔa ƒe tɔtrɔgbɔ me la, ne “dɔla” ma nɔ eƒe dɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, woagatsɔ agbanɔamedzi geɖe ade esi. Ƒe siwo kplɔe ɖo la anye xexeame godoo ƒe ɖaseɖiɖi na Fiaɖuƒea ƒe ɣeyiɣi, eye woaƒo Yehowa-subɔlawo ƒe “ameha gã” aɖe nu ƒu kple susu be woakpɔ wo ta le “xaxa gã” la me. (Mat. 24:14; Nyaɖ. 7:9, 10) Amesiawo hã ahiã na gbɔgbɔmenuɖuɖu, eye “dɔla” habɔbɔ si nye Kristo ƒe subɔla siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na lae ana wo. Be míadze Yehowa ŋu la, ele be míaxɔ nufiame si wònana to mɔ sia dzi la ahawɔ nu le ɖekawɔwɔ blibo me kplii.
8, 9. (a) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ɖoɖo kae nɔ anyi hena nyabiabia siwo ku ɖe nufiafia ŋuti la gbɔ kpɔkpɔ kple gbe ƒã ɖeɖe nyanyuiea ŋuti mɔfiafia si hiã la nana? (b) Ðoɖo ma tɔgbe kae li egbea?
8 Gake ɣeaɖewoɣi la nyabiabiawo ado mo ɖa ku ɖe nufiafiawo kple ɖoɖowo ŋu. Nukae woawɔ? Dɔwɔwɔwo ta 15 lia gblɔ alesi wokpɔ nya aɖe si do mo ɖa ku ɖe nusiwo wodi tso Trɔ̃subɔla trɔdzimewo si ŋuti gbɔe la. Wotsɔ nya la ɖo ɖe apostolowo kple ame tsitsi siwo le Yerusalem, siwo subɔ abe dziɖuha si fiaa mɔ ene la. Ame tsitsi mawo menye vodadamanɔŋutɔ siwo medaa ƒu o. (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 2:11-14.) Gake Mawu wɔ wo ŋudɔ. Wode ŋugble le nusi Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la gblɔ le nya si do mo ɖa ŋu la kpakple Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe dɔ si wòwɔ be woɖo Trɔ̃subɔlawo gbɔ la ƒe ɖaseɖiɖi ŋuti hafi wɔ nyametsotso. Mawu yra ɖoɖo ma. (Dɔw. 15:1-29; 16:4, 5) Wodɔ amewo hã tso dziɖuha ma me be woakeke nyanyuiegbeƒãɖeɖea ɖe nu le ɖekawɔwɔ me kple nusi Aƒetɔ la ŋutɔ ɖe gbe be woawɔ.—Dɔw. 8:14; Gal. 2:9.
9 Le míaƒe ŋkekea me la, nɔviŋutsu siwo tso dukɔ vovovo me siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na lae le Dziɖuha la me. Ele Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã. Edoa tadedeagu dzadzɛ ƒe dɔwɔnawo ɖe ŋgɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Yesu Kristo ƒe tanyenye te. Nɔviŋutsu siawo ƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kple apostolo Paulo tɔ, amesi ŋlɔe esime wònɔ gbɔgbɔmeɖaŋu ɖom na hati Kristotɔwo la bena: “Menye bena, míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.”—Kor. II, 1:24.
10. (a) Aleke wowɔna nyana amesiwo anye hamemegãwo alo subɔsubɔdɔwɔlawo? (b) Nukatae wòle be míawɔ ɖeka kplikplikpli kple amesiwo woɖo nɔƒe mawo?
10 Yehowa Ðasefo siwo le xexeame katã la da asi ɖe teokrasi ƒe ɖoɖo sia dzi. Woƒe hame vovovoawo katã wɔa dɔ kplii le ɖekawɔwɔ kplikplikpli me. Wokpɔa Dziɖuha la sinu be wòafia alesi woatia hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe be woakpɔ hameawo ƒe zɔzɔ nyuie gbɔ. Nuka dzie wonɔa te ɖo tiana amewo na dɔdasi mawo? Wogblɔ nudidiawo eme kɔ ƒã ɖe Biblia me. Enye agbanɔamedzi kpekpe le Mawu ŋku me na hamemegã siwo kafua ameawo la kple amesiwo wona ŋusẽ be woatia wo la be woawɔ ɖe esiawo dzi. (Tim. I, 3:1-10, 12, 13; 5:22; Tito 1:5-9) Hamea me tɔwo megblɔna be woatia ame aɖe alo dana akɔ na ame aɖe o. Ke boŋ le ɖekawɔwɔ me kple nusi apostoloawo wɔ le amewo tiatia me le ƒe alafa gbãtɔ me la, dzikpɔla siwo kafua amewo kpakple esiwo wɔa tiatia la emegbe la doa gbe ɖa biana Mawu ƒe gbɔgbɔ la ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia tso eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. (Dɔw. 6:2-4, 6; 14:23; tsɔe sɔ kple Psalmo 75:7, 8.) Ne míewɔ ɖe mɔfiafia si hamemegãwo nana mí dzi la, míate ŋu aɖe ŋudzedze si míekpɔ ɖe amesiawo siwo nye ‘nunana siwo nye amewo’ si Kristo na mí lɔlɔ̃tɔe be woakpe ɖe mí katã ŋu be míade “dzixɔse . . . ƒe ɖekanyenye la gbɔ” ŋuti la afia.—Ef. 4:8, 11-16.
11. (a) Dɔ vevi kawoe nyɔnuwo wɔna le teokrasi ƒe ɖoɖoa me? (b) Ɣekaɣie wòhiã be woatsyɔ nu ta, eye nukata?
11 Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ŋutsuwo nanɔ dzikpɔkpɔ ƒe nɔƒe siwo le hamea me la. Esia meda nyɔnuwo ɖe anyi le mɔ aɖeke nu o elabena wo dometɔ geɖe le dziƒofiaɖuƒea ƒe domenyilawo dome. To nyɔnu Kristotɔwo ƒe ɖokuibɔbɔ kple agbe ɖɔʋu nɔnɔ kpakple be léle na woƒe ƒomewo kutrikukutɔe dzi la, woawo hã kpea asi ɖe ŋkɔ nyui si le hamea si la ŋu. (Tito 2:3-5) Zi geɖe la wowɔa ɖetsɔlemetɔ yeyewo didi kple wo kpɔkplɔ va habɔbɔa mee ƒe dɔa ƒe akpa gã aɖe. (Ps. 68:12) Gake ŋutsu siwo wotia lae fiaa nu le hamea me. (Tim. I, 2:12, 13) Ke ne ŋutsu siwo dze la dometɔ aɖeke mele kpekpe si hamea ɖo me o la, ekema nyɔnu si akpɔ kpekpea dzi alo ado gbe ɖa la natsyɔ nu ta.a Awɔ alea atsɔ ade bubu Mawu ƒe ɖoɖo ŋue abe alesi Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖie na amesiwo katã bɔbɔa wo ɖokui na Fofoa ene.—Kor. I, 11:3-16; Yoh. 8:28, 29.
12. (a) Nukpɔsusu kae Biblia la ƒo ɖe hamemegãwo nu be wòanɔ wo si ɖe woƒe nɔƒe ŋuti? (b) Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kae ate ŋu asu mí katã si?
12 Le xexeame la wobua amesi le nɔƒe kɔkɔ la ame vevie, gake le Mawu ƒe habɔbɔa me la se lae nye be: “Amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.’ (Luka 9:46-48; 22:24-26) Eyata Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na hamemegãwo be woakpɔ nyuie be woagaɖu aƒetɔ ɖe Mawu ƒe domenyinu dzi o, ke boŋ woanye kpɔɖeŋu na alẽha la. (Pet. I, 5:2, 3) Menye Yehowa Ðasefo tiatia ʋee aɖewo ko sie mɔnukpɔkpɔ xɔasi la le be woanye xexeame katã ƒe fiagã la teƒenɔlawo anɔ nu ƒom le eƒe ŋkɔ me ɖokuibɔbɔtɔe ahanɔ eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya gblɔm na amewo le afisiafi o, ke boŋ Yehowa Ðasefowo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaae.
13. Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la dzro nyabiabia siwo woŋlɔ ɖe memamã sia ƒe nuwuwu la mee.
13 Anyo be míabia mía ɖokui be: “Ðe míekpɔa ŋudzedze ɖe alesi Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔ si wokpɔna la ŋu vavã? Ðe míaƒe nɔnɔme, nuƒo kple nuwɔnawo ɖena ema fiana?” Ŋugble dede le nya siwo gbɔna ŋu ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be wòawɔ numedzodzro ma:
Ne míebɔbɔ mía ɖokui na Kristo abe hamea ƒe ta ene vavã la, ekema abe alesi wòdze le ŋɔŋlɔ siwo gbɔna mee ene la, nukae míanɔ wɔwɔm? (Mat. 24:14; 28:19, 20; Luka 21:34-36; Yoh. 13:34, 35)
Le Kristotɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoatse ku me la, aleke gbegbe wòle be amesiwo katã le habɔbɔa me la nase le wo ɖokui mee be yewohiã na Mawu kple Kristo? (Yoh. 15:5; Kor. I, 3:5-7)
Ne hamemegãwo dze agbagba be yewoaɖɔ amewo ƒe susu ɖo be woƒe nukpɔsusuwo nawɔ ɖeka kple habɔbɔa me tɔ mamleawo tɔ la, ameka ƒe dɔmenyo ƒe ɖetsɔlemee wòle be míadze sii le esia me? (Ef. 4:7, 8, 11-13; Kor. II, 13:11)
Ne míetsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ wɔ ɖe gbɔgbɔmeɖoɖo siwo vana tso “dɔla” habɔbɔa kple eƒe Dziɖuha gbɔ dzi la, ameka ŋue míele bubu demee? Ke ne míegblɔ gbɔɖinya ɖe nusiawo ŋu ya ɖe? (Luka 10:16; tsɔe sɔ kple Yoh. III, 9, 10.)
Nukata mele be míanɔ ɖeklemi ɖem hamemegã tiatiawo vevie o? (Dɔw. 20:28; Rom. 12:10)
14. (a) Nukae míaƒe nɔnɔme ɖe teokrasi habɔbɔa ŋuti la aɖe afia? (b) Le go sia me la, mɔnukpɔkpɔ kawoe li na mí be míafia be Abosam nye aʋatsokala eye míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi?
14 Yehowa to eƒe habɔbɔ si wokpɔna si le Kristo si wòtia wònye ta te la dzi le nu wɔm kpli mí egbea. Eyata míaƒe nɔnɔme ɖe habɔbɔ sia ŋue ɖena akpa si dzi míele ŋutɔŋutɔ le dziɖulanyenye ƒe nya la me la fiana. (Heb. 13:17) Satana ɖea ɖeklemi be ɖokuitɔdidi ƒe dzodzroe ʋãna mí katã, eye be mía ɖokui mee míetsɔ ɖe le vevie. Gake ne míetsɔ mía ɖokui na faa dzidzɔtɔe be míasubɔ le mɔ sia mɔ si hiã la nu hetsri nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siwo ahe susu madzemadze va mía ɖokui dzie la, míeɖoa kpe edzi be Satana nye aʋatsokala. Ne míetsɔa lɔlɔ̃ kple bubu na amesiwo ‘xɔa ŋgɔ’ le mía dome, míesrɔ̃a woƒe xɔse gake míegbena amesi ‘kafua amewo le wo ŋku me le viɖe ta’ zuzu la, míedoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Heb. 13:7; Yuda 16) Ne míetsɔ bubu vavã na Yehowa ƒe habɔbɔa eye míetsɔ dzi blibo le dɔ si wòle mɔ fiamee wɔm la, míele eɖem fia be Yehowa nye mía Mawu vavã eye be míewɔ ɖeka le eƒe tadedeagu me.—Kor. I, 15:58.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Gake esi wònye enye Kristotɔwo katã ƒe agbanɔamedzi be woaɖe gbe ƒã nyanyuiea ta la, ne ele gbe ƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme la mehiã be wòatsyɔ nu ta o. Ke ne nɔnɔmewo bia be wòakpɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ dzi le srɔ̃ŋutsua (eƒe ta, ne menye Kristotɔ o gɔ̃ hã) gbɔ la, ele be wòatsyɔ nu ta. Azɔ hã nenye be le nɔnɔme tɔxɛ aɖe me wòakpɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ la dzi eye hamea me tɔ ŋutsu ɖeadzɔgbe aɖe le eteƒe la, ele be wòatsyɔ nu ta, gake ŋutsua nado gbea ɖa.
Numetoto
● Nukae nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna egbea? Nukae nye eƒe tameɖoɖo?
● Amekae wotia wònye hamea ƒe ta? Ðoɖo siwo wokpɔna kawo dzie wòtona nana lɔlɔ̃ ƒe mɔfiafia mí?
● Nɔnɔme nyui kawoe wòle be míatu ɖo ɖe agbanɔamedzi kple amesiwo le habɔbɔa me la ŋu?