Ta 31
Yehowa ƒe Dɔwɔwɔwo—Wonye Gã eye Wowɔ Nuku
Ŋutega 10—Nyaɖeɖefia 15:1–16:21
Nyati: Yehowa le eƒe gbedoxɔa me; wokɔ eƒe dɔmedzoekplu adreawo ɖe anyigba dzi
Emevaɣi: Ƒe 1919 vaseɖe Harmagedon
1, 2. (a) Dzesi etɔ̃lia ka ŋue Yohanes ka nya ta le? (b) Dɔ ka si mawudɔlawo wɔna ŋue Yehowa-subɔlawo nya nu le xoxoxo?
NYƆNU si le ŋutsuvi dzim! Ʋɔ driba gã aɖe si le didim be yeami ɖevi ma! Dziƒodzesi eve mawo siwo woɖe fia wo me kɔ nyuie le Nyaɖeɖefia ta 12 me la na míekpɔe dze sii be ɣeyiɣi didi aɖe ƒe nyaʋiʋli si le Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevia kple Satana kpakple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dzidzimevia dome la le eƒe yɔyrɔeanu ɖom. Le gbe tete ɖe kpɔɖeŋu siawo dzi me la, Yohanes gblɔ be: “Eye wokpɔ dzesi gã aɖe le dziƒo . . . Eye wokpɔ dzesi bubu aɖe le dziƒo.” (Nyaɖeɖefia 12:1, 3, 7-12) Azɔ Yohanes ka nya ta ku ɖe dzesi etɔ̃lia aɖe ŋu be: “Eye mekpɔ dzesi bubu le dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku: mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo ɖe asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.” (Nyaɖeɖefia 15:1) Gɔmesese vevi aɖe le dzesi etɔ̃lia sia hã ŋu na Yehowa ƒe subɔlawo.
2 De dzesi dɔ vevi si mawudɔlawo gale wɔwɔm le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me la. Yehowa ƒe subɔlawo nya nyateƒenya sia xoxoxo. Le gbɔgbɔa ƒe ameʋaʋã te la, blemahakpala la ƒo nu kple mawudɔla mawo gɔ̃ hã hede dzi ƒo na wo be: “Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe!” (Psalmo 103:20) Fifia le nukpɔkpɔ yeye sia me la, wode dɔ asi na mawudɔlawo be woakɔ fuwɔame adre mamleawo ɖi.
3. Nukawoe nye fuwɔame adreawo, eye nukae wo kɔkɔ ɖi fia?
3 Nukawoe nye fuwɔame siawo? Abe kpẽkuku adreawo ene la, wonye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nyagbɔgblɔ sesẽ siwo le gbe ƒã ɖem Yehowa ƒe nukpɔsusu ku ɖe xexeme sia ƒe akpa vovovowo ŋu hele nu xlɔ̃m ku ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe emetsonu mamlea ŋuti. (Nyaɖeɖefia 8:1–9:21) Wo kɔkɔ ɖi fia asi ʋɔnudɔdrɔ̃ mawo me vava, esime woatsrɔ̃ nusiwo ŋu Yehowa do dziku ɖo la le eƒe dɔmedzoe heliheli ƒe ŋkeke la dzi. (Yesaya 13:9-13; Nyaɖeɖefia 6:16) Eyata to wo dzi la “wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu.” Gake hafi Yohanes naƒo nu tso alesi wokɔ fuwɔameawo ɖie ŋu la, egblɔ amegbetɔ aɖewo siwo ŋu womagblẽ nu le o la ŋuti nya na mí. Esi nuteƒewɔla siawo gbe lã wɔadã la ƒe dzesia xɔxɔ ta la, wodzia kafukafuha na Yehowa esime wole gbe ƒã ɖem eƒe hlɔ̃biaŋkekea.—Nyaɖeɖefia 13:15-17.
Mose Kple Alẽvi la ƒe Ha La
4. Nukae Yohanes kpɔ azɔ?
4 Azɔ Yohanes kpɔ nukpɔkpɔ blibo wɔnuku aɖe: “Eye mekpɔ atsiaƒu wòle abe ahũhɔ̃e, si me biã hẽ abe dzo ene la ene; eye amesiwo ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi la, le tsitre ɖe atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la nu, eye Mawu ƒe saŋkuwo le wo si.”—Nyaɖeɖefia 15:2.
5. Nukae “atsiaƒu [si le] abe ahũhɔ̃e, si me biã hẽ abe dzo ene la ene” tsi tre ɖi na?
5 “Atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e” lae nye esi Yohanes kpɔ do ŋgɔ be ele Mawu ƒe fiazikpuia ŋgɔ la. (Nyaɖeɖefia 4:6) Eɖi Salomo ƒe gbedoxɔa me “gazɔ” (si me tsi nɔ) la, afisi nunɔlawo ku tsi le tsɔ kɔ wo ɖokui ŋue. (Fiawo I, 7:23) Eyata enye nusi tsi tre ɖi na “tsilele” si nye Mawu ƒe Nya si dzi Yesu tona kɔa Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame si nye nunɔlawo ŋu la nyuie. (Efesotɔwo 5:25, 26; Hebritɔwo 10:22) Atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e sia “biã hẽ abe dzo ene,” esi ɖee fia be wodoa amesiamina siawo kpɔ hekɔa wo ŋu esime wole wɔwɔm ɖe dzidzenu deŋgɔ si woɖo ɖi na wo dzi la. Hekpe ɖe eŋu la, eɖoa ŋku edzi na mí be ʋɔnu sesẽ siwo Mawu adrɔ̃ eƒe futɔwo la ŋuti nyagbɔgblɔwo hã le eƒe Nya la me. (Mose V, 9:3; Zefanya 3:8) Ʋɔnudɔdrɔ̃ sesẽ siawo dometɔ aɖewo dze le fuwɔame adre mamlea siwo kɔ ge woala ɖi la me.
6. (a) Amekawoe nye hadzila siwo tsi tre ɖe dziƒo ƒe atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la ŋgɔ, eye aleke míewɔ nya? (b) Aleke ‘woɖu dzie’?
6 Nyateƒe si wònye be nunɔlawoe zãna gazɔ si nɔ Salomo ƒe gbedoxɔa me la ɖee fia be hadzila siwo le tsitre ɖe dziƒo ƒe atsiaƒu ɖiahũhɔ̃e la ŋgɔ la nye nunɔlawo ƒe ha. “Mawu ƒe saŋkuwo” le wo si, eyata míekpɔ be woanye amegã xoxo 24 la kple ame 144,000 la, elabena ƒuƒoƒo siawo hã ƒoa saŋku hedzia ha ɖe eŋu. (Nyaɖeɖefia 5:8; 14:2) Hadzila siwo Yohanes kpɔ la “ɖu lã la kple eƒe legba kpakple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽme dzi.” Eyata ele be woanye ame 144,000 la me tɔ siwo le anyigba dzi le ŋkeke mamleawo me. Woɖua dzi vavã abe habɔbɔ ene. Anɔ abe ƒe 70 ene enye sia tso ƒe 1919 me la, wogbe be yewomaxɔ lã wɔadã la ƒe dzesi alo aɖo ŋu ɖe eƒe legba la ŋu abe ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia hena ŋutifafa ene o. Wo dometɔ geɖe do dzi anukwareɖiɖitɔe vaseɖe ku me xoxo, eye ɖikeke mele eme o be amesiawo siwo le dziƒo xoxo la tsɔa dzidzɔ tɔxɛ nɔa wo nɔvi siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la ƒe hadzidzia yome.—Nyaɖeɖefia 14:11-13.
7. Aleke wozã saŋkue le blema Israel, eye aleke wòle be Mawu ƒe saŋkuwo kpɔkpɔ le Yohanes ƒe ŋutega la me la nawɔ dɔ ɖe mía dzie?
7 Mawu ƒe saŋkuwo le aʋadziɖula nuteƒewɔla siawo si. Le esia me la, wole abe blemagbedoxɔ me Lewitɔ siwo tsɔ hadzidzi de ta agu na Yehowa esime wole saŋku ƒom la ene. Wo dometɔ aɖewo hã gblɔ nya ɖi esime wole saŋku ƒom. (Kronika I, 15:16; 25:1-3) Saŋku ƒe gbeɖiɖi viviawo na Israel ƒe dzidzɔhawo kpakple kafukafu kple akpedada ƒe gbedodoɖa siwo yi na Yehowa la vivi. (Kronika I, 13:8; Psalmo 33:2; 43:4; 57:8, 9) Le blanuiléle alo aboyomenɔnɔ ƒe ɣeyiɣiwo me la, womesea saŋku ŋkɔ o. (Psalmo 137:2) Ele be Mawu ƒe saŋku siwo wokpɔ le ŋutega sia me la nana míakpɔ mɔ na kafukafu kple akpedada ƒe dzidzɔ ƒe aʋadziɖuha si woadzi na mía Mawu la vevie.a
8. Ha ka dzimee wole, eye nya kawoe le eme?
8 Nya ma tae Yohanes ka be: “Eye wole Mose, Mawu ƒe dɔla, ƒe ha kple alẽvi la ƒe ha dzim hele gbɔgblɔm bena: Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ, gã kple nuku nye wò dɔwɔwɔwo; wò dukɔwo dzi fia la, dzɔdzɔe kple nyateƒe enye wò mɔwo! Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã? Elabena wò ɖeka hɔ̃ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.”—Nyaɖeɖefia 15:3, 4.
9. Nukatae woyɔ ha la be “Mose . . . ƒe ha” hã?
9 Aʋadziɖula siawo le “Mose . . . ƒe ha dzim,” si nye ha si ɖi esi Mose dzi le nɔnɔme mawo tɔgbe me la. Esi Israel-viwo kpɔ Egipte ƒe fuwɔame ewoawo kple Egiptetɔwo ƒe asrafowo tsɔtsrɔ̃ le Ƒu Dzĩa me teƒe megbe la, Mose nɔ ŋgɔ na wo le kafukafu ƒe aʋadziɖuha ma tɔgbe dzidzi na Yehowa me hegblɔ be: “Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.” (Mose II, 15:1-19) Aleke wòhesɔe nye si be esi hadzila siwo le Yohanes ƒe ŋutega me la ɖu lã wɔadã la dzi eye wokpɔ gome le gbeƒãɖeɖe fuwɔame adre mamleawo me la, woawo hã dzi ha na “fia mavɔmavɔtɔ” la!—Timoteo I, 1:17.
10. Ha bubu kae Mose kpa, eye aleke eƒe kpukpui mamlea ku ɖe ameha gã la ŋu egbeae?
10 Le ha bubu si amegã ɖeɖi Mose kpa esime Israel nɔ dzadzram ɖo be wòaɖu Kanaan dzi la me la, egblɔ na dukɔ ma be: “Mele Yehowa ƒe ŋkɔ kafu ge, mide bubu Yehowa, mía Mawu la ŋu!” Hadzidzi sia ƒe kpukpui mamlea de dzi ƒo na amesiwo menye Israel-viwo o hã, eye Mose ƒe nya siwo gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ la va ku ɖe ameha gã si li egbea la hã ŋu be: “Mi dukɔwo, mitso aseye ɖe eƒe dukɔ ŋu.” Eye nukatae wòle be woatso aseye? Elabena azɔ la Yehowa “[abia] hlɔ̃ ɖe eƒe dɔlawo ƒe ʋu nu; [abia] hlɔ̃ eƒe futɔwo.” Ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe hehe vɛ sia ana amesiwo katã ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la natso aseye.—Mose V, 32:3, 43; Romatɔwo 15:10-13; Nyaɖeɖefia 7:9.
11. Aleke hadzidzi si Yohanes se la yi edzi le eme vamee?
11 Aleke wòadzɔ dzi na Mose ŋutɔe nye si be wòanɔ Aƒetɔ ƒe ŋkekea me fifia ahadzi ha kple dziƒohadziha la be: “Dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me”! Ha deŋgɔ ma yi edzi le eme vam nukutɔe egbea esime míele “dukɔwo” me tɔ miliɔn geɖe siwo le zi ƒom dzidzɔtɔe ɖe Yehowa ƒe anyigba dzi habɔbɔa me fifia la kpɔm ŋutɔŋutɔ ke menye le ŋutega me ko o.
12. Nukatae wogayɔ aʋadziɖulawo ƒe hadzidzi la be “alẽvi la ƒe ha”?
12 Gake ha sia menye Mose ɖeɖeko tɔ o, ke boŋ enye “alẽvi la” hã tɔ. Alekee? Mose nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila na Israel, gake Mose ŋutɔ gblɔe ɖi be Yehowa ana nyagblɔɖila aɖe nava abe ye ene. Amesiae va nye Alẽvi Yesu Kristo. Esime Mose nye “Mawu ƒe dɔla” la, Yesu ya nye Mawu ƒe Vi si nye Mose Gãtɔ. (Mose V, 18:15-19; Dɔwɔwɔwo 3:22, 23; Hebritɔwo 3:5, 6) Eyata hadzilawo dzia “alẽvi la ƒe ha” hã.
13. (a) Togbɔ be Yesu de ŋgɔ wu Mose hã la, aleke wòle abe eyama ene? (b) Aleke míawɔ ɖeka kple hadzilawoe?
13 Abe Mose ene la, Yesu dzi ha kafu Mawu le dutoƒo eye wògblɔ Eƒe futɔwo katã dzi si wòaɖu la ɖi. (Mateo 24:21, 22; 26:30; Luka 19:41-44) Yesu hã kpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me dukɔwo akafu Yehowa, eye abe “Mawu ƒe alẽvi” si tsɔa eɖokui saa vɔe ene la, etsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe na be esia nava eme. (Yohanes 1:29; Nyaɖeɖefia 7:9; tsɔe sɔ kple Yesaya 2:2-4; Zaxarya 8:23.) Eye abe alesi Mose va kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ŋu eye wòkafu ŋkɔ mae ene la, nenema kee Yesu hã ɖe Mawu ƒe ŋkɔ fiae. (Mose II, 6:2, 3; Psalmo 90:1, 17; Yohanes 17:6) Esi Yehowa nye nuteƒewɔla ta la, eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋugbedodoawo ava eme godoo. Ekema kakaɖedzitɔe la, míewɔ ɖeka kple hadzila nuteƒewɔla siawo kpakple Alẽvi la kple Mose le ha la ƒe nyawo gbɔgblɔ me be: “Aƒetɔ [Yehowa], amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋkɔ la o mahã?”
Mawudɔla siwo Lé Kpluawo Ðe Asi
14. Amekawoe Yohanes kpɔ wole dodom tso gbedoxɔa me, eye nukae wotsɔ na wo?
14 Enye nusi sɔ be míase aʋadziɖula amesiamina siawo ƒe hadzidzi la. Nukatae? Elabena woɖe gbe ƒã ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo le kplu siwo Mawu ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ me la le anyigba dzi. Gake nusiwo le kplu siawo me la kɔkɔ ɖi lɔ ame bubuwo wu amegbetɔwo dzro ko ɖe eme, abe alesi Yohanes yi edzi ɖee fia ene be: “Eye esia megbe la mekpɔ, eye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ la ƒe gbedoxɔ le ʋuʋu le dziƒo; eye mawudɔla adre, siwo lé fuwɔame adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me, eye wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim kaŋkaŋ la, eye wotsɔ sikalidziblanu bla woƒe akɔtawo. Eye nu gbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikakplu adre, siwo Mawu, si le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me la, ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la, na mawudɔla adreawo.”—Nyaɖeɖefia 15:5-7.
15. Nukatae mewɔ nuku be mawudɔla adreawo do tso gbedoxɔa me o?
15 Le Israel-viwo ƒe gbedoxɔ si me dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋuwo nɔ gome la, nunɔlagã la koe te ŋu gena ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea si woyɔ le afisia be “gbedoxɔ” la. (Hebritɔwo 9:3, 7) Etsi tre ɖi na afisi Yehowa le le dziƒo. Gake le dziƒo ŋutɔŋutɔ la, menye Nunɔlagã Yesu Kristo ko sie mɔnukpɔkpɔ suna be wòdona ɖe Yehowa ŋkume o, ke boŋ mawudɔlawo hã yina. (Mateo 18:10; Hebritɔwo 9:24-26) Ekema mewɔ nuku o be wokpɔ mawudɔla adreawo be wole dodom tso kɔkɔeƒea le dziƒo. Yehowa Mawu ŋutɔ de dɔ asi na wo be: Woakɔ kplu siwo Mawu ƒe dɔmedzoe yɔ taŋtaŋ la ɖi.—Nyaɖeɖefia 16:1.
16. (a) Nukae ɖee fia be mawudɔla adreawo dze nyuie hena woƒe dɔa wɔwɔ? (b) Nukae ɖee fia be kpɔɖeŋukpluawo kɔkɔ ɖi ƒe dɔ gã la lɔ ame bubuwo hã ɖe eme?
16 Mawudɔla siawo dze nyuie hena dɔ sia wɔwɔ. Wodo aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ siwo le dzo sim kaŋkaŋ, esi ɖee fia be wole dzadzɛ hele kɔkɔe le gbɔgbɔ me, eye wonye ame dzɔdzɔewo le Yehowa ŋkume. Azɔ hã wotsɔ sikalidziblanuwo bla akɔtae. Zi geɖe la ne ame le akpa blam hena dɔ aɖe wɔwɔe wòblaa ali dzi. (Mose III, 8:7, 13; Samuel I, 2:18; Luka 12:37; Yohanes 13:4, 5) Eyata mawudɔlawo bla akpa hena dɔ aɖe wɔwɔ. Gawu la, woƒe alidziblanuawo nye sika tɔ. Le blemavɔgbadɔa me la, wotsɔ sika tsi tre ɖi na dziƒonuwo. (Hebritɔwo 9:4, 11, 12) Ema fia be Mawu de subɔsubɔdɔ xɔasi aɖe asi na mawudɔla siawo be woawɔ. Dɔdasi gã sia lɔ ame bubuwo hã ɖe eme. Nu gbagbe eneawo dometɔ ɖekae tsɔ kpluawo ŋutɔŋutɔ na wo. Ðikeke mele eme o be esiae nye nu gbagbe gbãtɔ si ɖi dzata la, esi tsi tre ɖi na dzideƒo kple kalẽwɔwɔ si dzi womete ŋu ɖuna o si hiã hena gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo.—Nyaɖeɖefia 4:7.
Yehowa le Eƒe Gbedoxɔ la Me
17. Nukae Yohanes gblɔ na mí ku ɖe gbedoxɔa ŋu, eye aleke ema ɖo ŋku blema Israel ƒe gbedoxɔa dzi na míe?
17 Mlɔeba la le ŋutega la ƒe akpa sia nu wuwu me la, Yohanes gblɔ na mí be: “Eye dzudzɔ, si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ la, yɔ gbedoxɔ la me taŋ, eye ame aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔ la me o, vaseɖe esime wowu mawudɔla adreawo ƒe fuwɔame adreawo nu.” (Nyaɖeɖefia 15:8) Ɣeyiɣi aɖewo va le Israel ƒe ŋutinya me esiwo me alilikpo yɔ gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ la me, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia sia xe mɔ na nunɔlawo be womete ŋu yi afima o. (Fiawo I, 8:10, 11; Kronika II, 5:13, 14; tsɔe sɔ kple Yesaya 6:4, 5.) Ɣeyiɣi siawo mee Yehowa kpɔ gome le nusiwo nɔ edzi yim le anyigba dzi la me tẽ.
18. Ɣekaɣie mawudɔla adreawo atrɔ agbɔ atsɔ nyatakaka vɛ na Yehowa?
18 Yehowa tsɔ ɖe le nusiwo le dzɔdzɔm le anyigba dzi fifia la hã me vevie. Edi be mawudɔla adreawo nawu woƒe dɔdasia nu. Enye ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe nuwuɣi, abe alesi wogblɔe le Psalmo 11:4-6 ene be: “Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna. Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la. Ana dzoka nadza ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi, eye dzo, aŋɔ kple ya xɔdzo anye woƒe kplu me nu.” Mawudɔla adreawo matrɔ ava Yehowa ƒe ŋkume le dziƒo o negbe ɖe wokɔ fuwɔame adre siawo ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi vɔ hafi.
19. (a) Gbe kae woɖe, eye amekae ɖe gbea? (b) Ɣekaɣie woanya dze kpɔɖeŋu ƒe kpluawo tɔtrɔ kɔ ɖi gɔme?
19 Gbeɖeɖe dziŋɔ la ɖi sesĩe: “Eye mese gbe gã aɖe tso gbedoxɔa me le gbɔgblɔm na mawudɔla adreawo bena: Miheyi, ne miatrɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo akɔ ɖe anyigba dzi.” (Nyaɖeɖefia 16:1) Amekae ɖe gbe sia? Anye Yehowa ŋutɔe, elabena eƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ ƒe keklẽ na ame bubu aɖeke mete ŋu ge ɖe gbedoxɔa me o. Yehowa va eƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔa me hena ʋɔnudɔdrɔ̃ le ƒe 1918 me. (Maleaxi 3:1-5) Ekema anye ɣeyiɣi ma megbe kpuie ye wòɖe gbe be woakɔ Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo ɖi. Le nyateƒe me la, wodze gbeƒãɖeɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo le kpɔɖeŋukpluawo me la gɔme kple ŋusẽ le ƒe 1922 me. Eye gbe ƒã si ɖem wole wo la le dzidzim ɖe edzi le eƒe sesẽaƒe ɖom egbea.
Kpluawo Kple Kpẽkukuawo
20. Nukae Yehowa ƒe dɔmedzoekpluawo ɖe fia eye nuka ŋue woxlɔ̃ nu le, eye aleke wokɔa wo ɖie?
20 Yehowa ƒe dɔmedzoekpluawo ɖea xexeame ƒe nɔnɔme vovovowo fiana le nukpɔsusu si le Yehowa si ɖe wo ŋu la nu eye woxlɔ̃a nu ku ɖe ʋɔnu siwo Yehowa adrɔ̃ la ŋu. Mawudɔlawo kɔa kpluawo ɖi to Kristotɔ amesiamina siwo le anyigba dzi la ƒe hamea, si le Mose ƒe ha la kple Alẽvi la ƒe ha la dzim la dzi. Esime wole gbe ƒã ɖem Fiaɖuƒea abe nya nyui ene la, Yohanes habɔbɔa tsɔ dzideƒo ɖe nusiwo le dɔmedzoekplu siawo me la fia. (Mateo 24:14; Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Eyata woƒe gbedasi eve ƒokpli la nye ŋutifafa tɔ le gbe ƒã ɖeɖe ablɔɖe na ameƒomea me gake wòganye aʋawɔwɔ tɔ le nuxɔxlɔ̃ tso “mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la” ŋu me.—Yesaya 61:1, 2.
21. Aleke nusiwo dzi wokɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu ene gbãtɔawo ɖo la sɔ kple kpẽkuku ene gbãtɔawo tɔwoe, eye nukawo mee woto vovo le?
21 Nusiwo dzi wokɔ Mawu ƒe dɔmedzoekplu ene gbãtɔwo ɖo la sɔ kple kpẽkuku ene gbãtɔawo tɔwo, esiwo nye anyigba, atsiaƒu, tɔsisiwo kple tsi dzidziwo, kpakple kekelitsoƒe siwo le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 8:1-12) Gake kpẽkukuawo ɖe gbe ƒã fuwɔame si ava “akpa etɔ̃lia” dzi la, ke Mawu ƒe dɔmedzoekpluawo kɔkɔ ɖi ya wɔa fu nu bliboa katã. Eyata togbɔ be Kristodukɔa si nye “akpa etɔ̃lia” la ŋue wotrɔ susu ɖo gbã le Aƒetɔ ƒe ŋkekea me hã la, womeɖe Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa aɖeke le Yehowa ƒe dɔmedzoe ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasiwo kple nuxaxa siwo wohena vɛ la ƒe fuwɔame me o.
22. Aleke kpẽkuku etɔ̃ mamleawo to vovoe, eye aleke woku ɖe Yehowa ƒe dɔmedzoekplu etɔ̃ mamleawo ŋue?
22 Kpẽkuku etɔ̃ mamleawo to vovo elabena woyɔ wo be vɔ̃wo. (Nyaɖeɖefia 8:13; 9:12) Esiawo dometɔ eve gbãtɔwo nye ʋetsuviwo kple sɔdolawo ƒe aʋakɔ la koŋ, eye etɔ̃lia ɖe Yehowa ƒe Fiaɖuƒea dzidzi fia. (Nyaɖeɖefia 9:1-21; 11:15-19) Abe alesi míava kpɔe ene la, eƒe dɔmedzoekplu etɔ̃ mamleawo hã lɔ nusiawo ƒe akpa aɖewo ɖe eme, gake woto vovo tso vɔ̃ etɔ̃awo gbɔ le mɔ aɖe nu. Azɔ mina míalé ŋku ɖe nu ɖedzesi siwo woɖe fia be wotso Yehowa ƒe dɔmedzoekpluawo kɔkɔ ɖi me la ŋu vevie.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Enye nusi ɖe dzesi be le ƒe 1921 me la, Yohanes habɔbɔa ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽ si nye The Harp of God ɖe go; womã miliɔn atɔ̃ kple edzivɔ le gbegbɔgblɔ siwo wu 20 me. Ena kpekpeɖeŋu le hadzila amesiamina bubuwo kpɔkpɔ me.