Ta 50
Wo Dzadzra Ðo ɖe Yometiti Ŋu
ESI Yesu fia mɔ si dzi woato awɔ gbeƒãɖeɖedɔa eƒe apostoloawo vɔ la, exlɔ̃ nu wo ku ɖe tsitretsiɖeŋulawo ŋu. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye la mele mia dɔm abe alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome; . . . Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye.”
Togbɔ be Yesu yomedzelawo adze ŋgɔ yometiti sesẽ hã la, edo ŋugbe na wo kakaɖedzitɔe be: “Ne wode mi asi la, migaɖe fu na mia ɖokui be, aleke alo nuka gblɔ ge miala o; elabena le nenem gaƒoƒo ma me la woana nusi ke gblɔ ge miala la mi. Elabena menye miawoe nye amesiwo le nu ƒom o; ke boŋ mia Fofo ƒe gbɔgbɔ lae . . . le nu ƒom le mia me.”
Yesu yi edzi be: “Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawu.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti, ke amesi ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.”
Gbeƒãɖeɖe ƒe vevienyenye nye esi xɔ nɔƒe gbãtɔ. Le esia ta Yesu te gbe ɖe alesi wòhiã be woadze aɖaŋu ale be woate ŋu akpɔtɔ anɔ ablɔɖe me ayi dɔa dzi la dzi. Egblɔ be: “Ne woti mia yome le du sia me la, misi yi ɖe bubu aɖe me; elabena vavã mele egblɔm na mi bena: Miele Israel-duawo nu wu ge, hafi Amegbetɔvi la nava o.”
Enye nyateƒe be Yesu ƒe apostolo 12 lae wògblɔ mɔfiafia, nuxɔxlɔ̃ kple dzideƒonya siawo na, gake eku ɖe amesiwo akpɔ gome le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖea me le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe la hã ŋu. Esia dze le alesi wògblɔ be ‘amewo katã alé fu’ yeƒe nusrɔ̃lawo ke menye Israel-vi siwo gbɔ yedɔ apostoloawo ɖo be woaɖe gbe ƒã la ɖeɖekoe o la me. Hekpe ɖe eŋu la, edze ƒã be womekplɔ apostoloawo yi mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋkume esime Yesu dɔ wo ɖe woƒe gbeƒãɖeɖedɔ kpui la gbe o. Gawu la, ƒometɔwo metsɔ xɔsetɔwo de asi be woawu ɣemaɣi o.
Eyata esi Yesu nɔ gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃lawo mawu woƒe gbeƒãɖeɖedɔa aƒo xlã nu “hafi Amegbetɔvi la nava o” la, enɔ gbɔgblɔm na mí le nyagblɔɖi me be yeƒe nusrɔ̃lawo matsɔ gbeƒãɖeɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi la ŋu akpe anyigba bliboa katã ɖoe hafi Fia Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la nava abe Yehowa ƒe nutsrɔ̃la ene le Harmagedon me o.
Esi Yesu nɔ eƒe gbeƒãɖeɖe ŋuti mɔfiafiawo dzi yim la, egblɔ be: “Nusrɔ̃la mewua eƒe nufiala o, eye subɔla hã mewua eƒe aƒetɔ o.” Eyata ele be Yesu yomedzelawo nakpɔ mɔ be fu siwo wowɔ eyama kple yometiti si va edzi le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta la ke ava yewo hã dzi. Gake ede dzi ƒo na wo be: “Migavɔ̃ amesiwo le ŋutilã wum, eye womate ŋu awu luʋɔ o la o, ke boŋ mivɔ̃ amesi ate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ kple ŋutilã siaa le [Gehenna].”
Yesu aɖo kpɔɖeŋu ɖi le nya sia me. Ado dzi yi ɖe ku me vɔvɔ̃manɔmee tsɔ wu be wòana ta le eƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu, Amesi tɔe ŋusẽwo katã nye la me. Ẽ, Yehowa ye nye amesi ate ŋu atsrɔ̃ ame ƒe “luʋɔ” (si fia amea ƒe mɔkpɔkpɔ hena agbenɔnɔ le etsɔ me abe luʋɔ gbagbe ene le nya sia me) alo ɖe ema teƒe la, afɔ amea ɖe tsitre be wòase vivi le agbe mavɔ nɔnɔ me. Dziƒofofo si lɔ̃a ame kple nublanuikpɔla kae nye si Yehowa nye!
Yesu yi edzi tsɔ kpɔɖeŋu aɖe si te gbe ɖe alesi Yehowa léa be na wo lɔlɔ̃tɔe dzi la de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo. Ebia be: “Alo wometsɔa atsutsurɔe eve [dzrana] xɔa hotsui ewo oa? Eye ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o; ke miaƒe taɖawo katã hã woxlẽe! Eyaŋuti migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.”
Fiaɖuƒe gbedasi si Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbe ƒãe la amã ƒomewo me elabena ƒomea me tɔ aɖewo axɔe eye bubuwo agbee. Eɖe eme be: “Migabu xa bena, meva tomefafa na ge le anyigba dzi o, nyemeva tomefafa na ge o, negbe yi boŋ.” Eyata dzideƒo hiã hafi ƒomea me tɔ aɖe ate ŋu axɔ Biblia ƒe nyateƒea. Yesu gblɔ be: ‘Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o eye amesi ke lɔ̃a viŋutsu alo vinyɔnu wum la, eya medzem o.’
Le Yesu ƒe mɔfiamenyawo taƒoƒo me la, eɖe nu me be amesiwo axɔ yeƒe nusrɔ̃lawo la xɔ ye hã. “Amesi ke tsɔ tsi fafa kplu na ame tsɛ siawo dometɔ ɖeka le nusrɔ̃la ɖeɖe ƒe ŋkɔ dzi ko la, vavã mele egblɔm na mí bena: Eƒe fetu la mele eŋu tsi ge o.” Mateo 10:16-42.
▪ Nuxlɔ̃me kawoe Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo?
▪ Dzideƒo kple akɔfanya kawoe wògblɔ na wo?
▪ Nukatae Yesu ƒe mɔfiafiawo ku ɖe egbegbe Kristotɔwo hã ŋu?
▪ Mɔ ka nue Yesu ƒe nusrɔ̃la mewu eƒe nufiala le o?