INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 77
  • Domenyinyi ƒe Nya La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Domenyinyi ƒe Nya La
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Xlɔ̃ Nu Tso Kesinɔnuwo Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • “Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mawunya si Xɔ Ŋkɔ Wu Ðesiaɖe si Wogblɔ Kpɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ðe Nènye ‘Kesinɔtɔ Le Mawu Gomea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 77

Ta 77

Domenyinyi ƒe Nya La

EDZE ƒã be amewo nya be Yesu le nu ɖum le Farisitɔa ƒe aƒe me. Eyata wo ame akpe geɖe ƒo ƒu ɖe gota eye wole lalam esime Yesu do go. Le nɔnɔme si to vovo tso Farisitɔ siwo tsi tre ɖe Yesu ŋu eye wole agbagba dzem be wòagblɔ nya si mesɔ o ale be yewoalée la tɔ gbɔ me la, ameawo tsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo toe vevie.

Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu gbã hegblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le farisitɔwo ƒe amɔwɔ ʋaʋã, si nye alakpadada la, ŋuti.” Abe alesi wòɖee fia le nua ɖuɣi ene la, Farisitɔwo ƒe subɔsubɔ ƒe nuɖoanyi bliboa katã yɔ kple alakpanuwɔwɔ. Gake togbɔ be Farisitɔwo atsɔ kɔkɔenyenye ƒe gota gome nuwɔnawo atsyɔ nu woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi hã la, mlɔeba la woaɖee ɖe go. Yesu gblɔ be: “Wometsyɔ nu naneke dzi, si womele ɖeɖe ge ɖe go o, eye naneke mele ɣaɣla, si womele nyanya ge o.”

Yesu yi edzi gagblɔ dzideƒonya si wògblɔ na ame 12 la esime wòdɔ wo be woaɖaɖe gbe ƒã le Galilea la ake. Egblɔ bena: “Migavɔ̃ amesiwo wua ŋutilã, eye esia megbe la naneke megale wo si wu bena, woawɔ o la o.” Esi wònye Mawu meŋlɔa atsutsre ɖeka gɔ̃ hã be o ta la, Yesu ka ɖe edzi na eyomedzelawo be Mawu maŋlɔ wo be o. Egblɔ be: “Ne wokplɔ mi yi ɖe ƒuƒoƒewo kple dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo ƒe ŋku me la, . . . gbɔgbɔ kɔkɔe la afia nusi miagblɔ la mi le gaƒoƒo ma dzi.”

Ŋutsu aɖe si le ameha la dome la ƒo nu sesĩe. Eƒo koko bena: “Nufiala, gblɔ na nɔvinye be, wòamã domenyinyi la me kplim.” Mose ƒe Se la gblɔ be woatsɔ domenyinua ƒe akpa eve na ŋgɔgbevia, eyata gɔmesese mele ŋu be nyaʋiʋli nanɔ anyi o. Gake edze ƒã be ŋutsua le domenyinua ƒe akpa si sɔ gbɔ wu etɔ le se nu la dim.

Yesu gbe eɖokui ƒoƒo ɖe eme wòsɔ. Ebia be: “Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?” Azɔ eɖo aɖaŋu vevi sia na ameha la bena: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” Ẽ, eɖanye nukawo gbegbee va le ame si o, ekuna hegblẽa wo katã ɖi. Be Yesu nate gbe ɖe nyateƒenya sia dzi eye wòaɖe bometsitsi si wònye be womawɔ ŋkɔ na ame ɖokui le Mawu gbɔ o la afia la, egblɔ kpɔɖeŋu aɖe. Eɖe eme be:

“Ŋutsu kesinɔtɔ aɖe ƒe anyigba wɔ nu geɖe; eye wòbu le eɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nyemekpɔ afisi maƒo nye kutsetsewo nu ƒu ɖo o. Eye wògblɔ bena: Esia mawɔ; mamu nye avawo, eye matu gãtɔwo, eye afima maƒo nye nukuwo kple nye nu nyuiwo nu ƒu ɖo. Eye magblɔ na nye luʋɔ bena: Luʋɔ, èkpɔ nu nyui geɖe, siwo nèdzra ɖo hena ƒe geɖewo; gbɔ ɖe me, ɖu nu, no nu, na dzi nadzɔ wò. Ke Mawu gblɔ nɛ bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?”

Le nyataƒoƒo me la, Yesu gblɔ be: “Ale amesi le nu nyuiwo dzram ɖo na eɖokui, eye kesinɔnuwo mele esi le Mawu gome o la, le enye si.” Togbɔ be ɖewohĩ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu ɖi bometsitsitɔe ƒe mɔ̃a maɖe nusrɔ̃lawo o hã la, gbesiagbegbenɔnɔ ƒe kuxiwo ate ŋu aɖe woƒe susu ɖa le luʋɔ blibo ƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu ŋu bɔbɔe. Eyata Yesu wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ tsɔ gblɔ aɖaŋu nyui si wòɖo le Todzimawunya la me anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene do ŋgɔ la ake. Etrɔ ɖe nusrɔ̃lawo ŋu hegblɔ bena:

“Le esia ta mele egblɔm na mi bena: Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti nusi miaɖu o, alo le miaƒe ŋutilã ŋuti nusi miado o. . . . Mibu akpaviãwo ŋu bena, womeƒãa nu, alo ŋea nu o, eye nudzraɖoƒe alo ava mele wo si o, ke Mawu nyia wo; . . . Mibu dzogbenyãwo ŋu, alesi wowɔnae: Wometrea ɖeti, alo lɔ̃a avɔ o; ke mele egblɔm na mi bena: Salomo gɔ̃ hã le eƒe ŋutikɔkɔe katã me meɖo atsyɔ̃ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o. . . .

“Miawo la, migadi nusi miaɖu alo nusi miano o, eye miaƒe tamesusu naganyama mi o. Elabena nusiawo katã yome xexeame dukɔwo dina; ke mia Fofo nya bena, nusiawo hiã mi. Ke boŋ midi eƒe fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”

Vevietɔ ɣeyiɣi siwo me ganyawo le sesẽm mee wòle be míade ŋugble le Yesu ƒe nyawo ŋu nyuie. Le nyateƒe me la, amesi tsi dzi akpa ɖe eƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu eye wòva le gbɔdzɔgbɔdzɔm le gbɔgbɔ me nuwo gome la le eɖem fia be yemexɔ Mawu ƒe ŋutete si le esi be wòakpɔ Eƒe subɔlawo dzi la dzi se o. Luka 12:1-31; Mose V, 21:17.

▪ Ðewohĩ nukatae ŋutsua bia nya tso domenyinyi ŋu, eye aɖaŋu kae Yesu ɖo?

▪ Kpɔɖeŋu kae Yesu gblɔ, eye nuka fiam wòle?

▪ Aɖaŋu kae Yesu gaɖo ake, eye nukatae wòsɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe