Ta 104
Wose Mawu ƒe Gbe Zi Etɔ̃lia
ESIME wonɔ gbedoxɔa me la, Yesu tsi dzi ɖe ku si wòadze ŋgɔe eteƒe madidi o la ŋu vevie. Nusi ŋu wòtsi dzi ɖo koŋ ye nye alesi nusia awɔ dɔ ɖe Fofoa ƒe ŋkɔ nyui la dzie, eyata edo gbe ɖa be: “Fofo, kɔ wò ŋkɔ ŋuti.”
Esi wògblɔ ema la, gbe gã aɖe ɖi tso dziƒo heɖe gbe ƒã be: “Mekɔ eŋuti xoxo, eye magakɔ eŋuti.”
Ameha si nɔ afima la tɔtɔ. Wo dometɔ aɖewo dze gbɔgblɔ gɔme be: “Mawudɔla aɖee ƒo nu kplii.” Ame bubuwo gblɔ be dzie ɖe gbe. Gake le nyateƒe me la, Yehowa Mawu ye ƒo nu! Gake menye esiae nye zi gbãtɔ si Mawu ƒo nu ku ɖe Yesu ŋu wose kpɔ o. Le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ me, ƒe etɔ̃ kple afã do ŋgɔ la, Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la se Mawu wògblɔ le Yesu ŋu be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” Emegbe ɣeyiɣi aɖe le Ŋutitotoŋkekenyuie si do ŋgɔ dzi, esime Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le Yakobo, Yohanes, kple Petro ŋkume la, wose Mawu gblɔ be: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye, miɖo to eyama!” Eye fifia le Nisan 10 lia dzi si nye ŋkeke ene do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, amewo gase Mawu ƒe gbe ake. Gake azɔ Yehowa ƒo nu be amehawo nase!
Yesu ɖe eme be: “Menye tanyee gbe sia ɖi ɖo o, ke boŋ mia tae.” Enye kpeɖodzi be Yesu nye Mawu ƒe Vi kple Mesia si ŋugbe wodo la nyateƒe. Yesu yi edzi be: “Azɔ xexe sia me ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖo; fifi ko woatsɔ xexe sia me fia la aƒu gbe.” Yesu ƒe nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ nye kpeɖodzi be Satana Abosam, xexeamefia la, dze na ‘tsɔtsɔ ƒu gbe’ ɖe tsɔtsrɔ̃ me.
Le asi fiafia nusiwo ado tso eƒe ku si tu aƒe me me la, Yesu gblɔ be: “Eye nye la, ne woakɔm ɖe dzi tso anyigba dzi la, mahe amewo katã ava nye ŋutɔ gbɔnye.” Eƒe ku la mefia le mɔ aɖeke nu be woɖu edzi o, elabena ato edzi ahe ame bubuwo va eɖokui gbɔe bene woakpɔ agbe mavɔ.
Gake amehawo tsi tre ɖe eŋu be: “Míawo la, míese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, woakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?”
Togbɔ be ɖaseɖiɖiawo katã dze eye wose Mawu ŋutɔ ƒe gbe hã kpe ɖe eŋu hã la, ame akpa gãtɔ mexɔ edzi se be Yesu ye nye Amegbetɔvi vavãtɔ si nye Mesia si ŋugbe wodo la o. Gake abe alesi Yesu wɔe le Avɔgbadɔmeŋkekenyuiea dzi ɣleti ade do ŋgɔ ene la, Yesu gaƒo nu tso eɖokui ŋu be yenye “kekeli” la eye wòde dzi ƒo na eƒe nyaselawo be: “Esi kekeli la le mia gbɔ la, mixɔ kekeli la dzi se, bena miazu kekeli ƒe viwo.” Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, edzo yi ɖaɣla eɖokui, le esi wòdze ƒã be eƒe agbe ɖo afɔku me ta.
Alesi Yudatɔwo mexɔ Yesu dzi se o la na Yesaya ƒe nya siwo nye be ‘ameawo ƒe ŋku gbã eye woƒe dzi ku atri ale be womatrɔ dzime be woada gbe le wo ŋu o’ la va eme. Yesaya kpɔ Yehowa ƒe dziƒoʋɔnu la, si me Yesu hã nɔ le eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me esime wònɔ ŋutikɔkɔe me kple Yehowa, le ŋutega me. Ke hã le nusi Yesaya ŋlɔ ɖi la me vava nu la, Yudatɔwo tsɔ dzimesesẽ gbe ɖaseɖiɖi si li be Amesiae nye Ðela si ƒe ŋugbe wodo la.
Gake le go bubu me la, ame geɖe siwo dome dziɖulawo gɔ̃ hã nɔ (edze ƒã be wonye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nye Sanhedrin la me tɔwo) la xɔ Yesu dzi se ŋutɔŋutɔ. Nikodemo kple Yosef si tso Arimatia nye dziɖula siawo dometɔ eve. Gake dziɖulawo do kpo woƒe xɔse gbɔgblɔ, fifia ya teti, le esi wonɔ vɔvɔ̃m be woava nyã yewo le nɔƒe si yewole le ƒuƒoƒea me la ta. Nu gbogbo kae nye si le ame mawo ŋu tom!
Yesu yi edzi gblɔ be: “Amesi xɔa dzinye sena la, menye dzinye [ko] xɔm wòle le sesem o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la [hã] dzie. Eye amesi le kpɔyem la, ele amesi dɔm ɖa la kpɔm. . . . [Gake] ne ame aɖe sea nye nyawo, eye medzra wo ɖo o la, nyemedrɔ̃a ʋɔnui o; elabena nyemeva, be madrɔ̃ ʋɔnu xexeame o, ke boŋ bena maɖe xexeame. . . . Nya, si megblɔ la, eya ke ladrɔ̃ ʋɔnui le nuwuwuŋkeke la dzi.”
Yehowa ƒe ameƒomea lɔlɔ̃ ʋãe be wòdɔ Yesu ɖa be amesiwo xɔa edzi sena la nakpɔ ɖeɖe. Amewo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe wɔwɔ ɖe nusiwo Mawu gblɔ na Yesu be wòagblɔ la dzi. Ʋɔnudɔdrɔ̃a ava eme “le nuwuwuŋkeke” la dzi, le Kristo ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me.
Yesu ƒo eta gblɔ be: “Nye la nyemeƒo nu le ɖokuinye si o; ke Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem. Eye menya bena, eƒe se la enye agbe mavɔ. Eyaŋuti nusiwo ƒe nu meƒona, abe alesi Fofo la gblɔ nam ene la, nenema meƒoa nui.” Yohanes 12:28-50; 19:38, 39; Mateo 3:17; 17:5; Yesaya 6:1, 8-10.
▪ Nudzɔdzɔ etɔ̃ kawo mee wose Mawu ƒe gbe wògblɔ nya si ku ɖe Yesu ŋu le?
▪ Aleke nyagblɔɖila Yesaya kpɔ Yesu ƒe ŋutikɔkɔee?
▪ Amekawoe nye dziɖula siwo xɔ Yesu dzi se, gake nukatae womeʋu eme le dutoƒo o?
▪ Nukae nye “nuwuwuŋkeke” la, eye nuka dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo ɣemaɣi?