Ta 105
Ŋkeke Vevi aɖe ƒe Gɔmedzedze
ESI Yesu dzo le Yerusalem le Dzoɖa fiẽ me la, etrɔ yi Betania si le Amitoa ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Ewu eƒe subɔsubɔdɔ mamlea le Yerusalem ƒe ŋkeke eve nu. Ðikekemanɔmee la, Yesu gatsi exɔlɔ̃ Lazaro gbɔ dɔ. Tso esime wòdzo le Yerixo la, esiae nye zã enelia si wòtsi Betania dɔ.
Fifia le Braɖa ŋdikanya si nye Nisan 11 lia dzi la, wo kple eƒe nusrɔ̃lawo gadze mɔ ake. Ŋkeke sia nye ŋkeke tɔxɛ aɖe le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me, vaseɖe fifia la, eyae nye esi dzi wòxaxa le wu. Esiae nye ŋkeke mamlea si wòyi ɖe gbedoxɔa me. Eye esiae nye ŋkeke mamletɔ hã si wòwɔ eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa hafi wodrɔ̃ ʋɔnui hewui.
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo to mɔ ma ke si to Amitoa dzi ɖo ta Yerusalem la. Esi wonɔ mɔa dzi tso Betania yina la, Petro kpɔ ati si Yesu ƒo fi de le ŋkeke si va yi ƒe ŋdi me la. Edo ɣli be: “Rabi, gboti, si nèƒo fi dee la yrɔ.”
Gake nukatae Yesu wu atia? Egblɔ nusitae esi wòyi edzi gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia [Amitoa si dzi wotɔ ɖo] hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me. Eye nusianu, si ke miabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.”
Eyata Yesu to alesi wòna gbotia yrɔ dzi wɔ kpɔɖeŋu si woakpɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe alesi wòhiã be woaxɔ Mawu dzi ase la ŋu. Abe alesi wògblɔe ene la: “Nusianu, si ke miabia le gbedodoɖa me kple xɔse la, miaxɔe.” Nufiame vevi kae nye si si wòle be woasrɔ̃, vevietɔ le tetekpɔ dziŋɔ siwo gbɔna kpuie la ta! Gake ƒomedodo bubu hã le gbotia ƒe yɔyrɔ sũ kpakple xɔse ƒe amesinɔnɔ dome.
Israel-dukɔa ɖi gboti sia si ƒe dzedzeme flua ame la. Togbɔ be dukɔa le nubabla ƒe ƒomedodo me kple Mawu eye adze le gota gome abe ɖe wòle eƒe sewo dzi wɔm ene hã la, eɖee fia be xɔse mele ye si o eye yemetsea ku nyui aɖeke o. Wole Mawu ŋutɔ ƒe Vi hã gbem le xɔsemanɔamesi ta! Eyata esi Yesu na gboti matseku sia yrɔ la, ele nusi anye emetsonu na dukɔ matseku, xɔsemanɔsitɔ sia la ɖem le fiafiam ŋutɔŋutɔ be woakpɔ.
Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe Yerusalem, eye abe alesi wòwɔna ɖaa ene la, woyi ɖe gbedoxɔa me, afisi Yesu de asi nufiafia me le. Esi nusi Yesu wɔ gagbalawo le ŋkeke si do ŋgɔ dzi la le susu me na nunɔlagãwo kple dukɔa ƒe ame tsitsiwo ta la, wobiae se be: “Ŋusẽ ka nètsɔ wɔ esiawoe, eye amekae tsɔ nenem ŋusẽ sia na wò mahã?”
Le eŋu ɖoɖo me la, Yesu gblɔ be: “Nye hã mabia nya ɖeka mi, eye ne miegblɔe nam la, ekema nye hã magblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawo la, na mi: Yohanes ƒe [amenyɔnyrɔ̃ɖetsime] la ɖe, afika wòtso? Tso dziƒo loo, alo tso amewo gbɔ?”
Nunɔlawo kple dumegãwo dze aɖaŋu dede gɔme tso alesi woaɖo eŋui la ŋu. “Ne míegblɔ bena, dziƒo wòtso la, agblɔ na mí bena: Ekema nukaŋuti miexɔ edzi se o? Ke ne míegblɔ bena, amewo gbɔ wòtso la, ekema míevɔ̃ ameha la; elabena wo katã wobu Yohanes abe nyagblɔɖila ene.”
Kplɔlawo menya alesi woaɖo eŋui o. Eyata wogblɔ na Yesu be: “Míenyɛ o.”
Yesu hã gblɔ na wo be: “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ, si metsɔ wɔ esiawoe la, na mi o.” Mateo 21:19-27; Marko 11:19-33; Luka 20:1-8.
▪ Nukae nye nusi ɖe dzesi le Braɖa, Nisan 11 lia ŋu?
▪ Nufiame kawoe Yesu gblɔ esi wòna gbotia yrɔ?
▪ Aleke Yesu ɖo amesiwo bia nya tso ŋusẽ si wòtsɔ le nuwo wɔmee la ƒe biabia la ŋui?