Ta 106
Weingble me Kpɔɖeŋuwo Klo Nu le Wo Ŋu
YESU le gbedoxɔa me. Ðeko wòna subɔsubɔhakplɔla siwo biae se be wòagblɔ amesi ƒe ŋusẽ wòtsɔ nɔ nuwo wɔmee na yewo la tɔtɔ vɔ tetie nye sia. Hafi woƒe ŋkume nakɔ tso woƒe tɔtɔa me la, Yesu bia wo be: “Nuka miesusuna?” Eye to kpɔɖeŋu aɖe dzi la, Yesu ɖe amesiwo ƒomevi wonye ŋutɔŋutɔ la fia wo.
Yesu gblɔ be: “Vi eve le ame aɖe si, eye wòva gbãtɔ gbɔ gblɔ bena: Vinye, heyi nawɔ dɔ le weinbɔ la me egbe. Ke eɖo eŋu gblɔ bena: Megbe! Ke emegbe la evee, eye wòyi. Eye esi wòva evelia gbɔ la, egagblɔe nɛ nenema ke. Eya ɖo eŋu gblɔ bena: Aƒetɔ, mayi! Ke meyi o.” Yesu bia be: “Ame eve siawo dometɔ kae wɔ fofoa ƒe lɔlɔ̃nu mahã?”
Eƒe futɔwo ɖo eŋu be: “Gbãtɔ lae.”
Eyata Yesu ɖe eme be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo tre mawufiaɖuƒe la me yiyi na mi.” To woƒe nuwɔna dzi la, nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo ɖee fia be yewogbe Mawu subɔsubɔ. Gake abe vi evelia la ene la, wotrɔ dzime eye wosubɔe. Le go bubu me la, subɔsubɔhakplɔlawo, abe vi gbãtɔ la ene la, gblɔ be yewosubɔa Mawu, gake abe alesi Yesu gblɔe ene la: “Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela la] va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.”
Yesu yi edzi ɖee fia be subɔsubɔhakplɔla mawo ƒe kpododonu la menye gbegbe be womasubɔ Mawu ɖeɖeko o. Ao, ke boŋ wonye ŋutasẽla vɔ̃ɖivɔ̃ɖiwo ŋutɔŋutɔ. Yesu gblɔ be: “Aƒetɔ aɖe de weingble, eye wòtɔ kpɔ ɖe eŋu godoo, eye wòwɔ weinfiãnu ɖe eme, eye wòtu mɔ̃ ɖe eme, eye wòtsɔe de asi na weingbledelawo, eye wòyi nugbe. Eye esi kutseɣi ɖo la, edɔ eƒe dɔlawo ɖo ɖe agbledelawo gbɔ, bena woaxɔ eƒe kutsetsewo vɛ. Ke agbledelawo lé eƒe dɔlawo, woƒo ame ɖeka, wowu ame ɖeka, eye woƒu kpe ame ɖeka. Egadɔ dɔla bubu geɖewo sɔ gbɔ wu gbãtɔwo, eye wowɔ woawo hã nenema ke.”
“Dɔlawo” ye nye nyagblɔɖila siwo Yehowa Mawu si nye “aƒetɔ” la ɖo ɖe eƒe “weingbledelawo” gbɔ. Weingbledela siawoe nye Israel-dukɔa si Biblia yɔ be Mawu ƒe “wiengble” la ƒe teƒenɔla siwo nye ŋgɔnɔlawo.
Esi “agbledelawo” wɔ funyafunya “dɔlawo” eye wowu wo ta la, Yesu ɖe eme be: “Ke emegbe la [weingbletɔ la dɔ] via ɖo ɖe wo gbɔ gblɔ bena: Woasi vinye ƒe ŋku me mahĩ. Ke esi agbledelawo kpɔ via la, wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Domenyila enye esi; miva, ne míawui, ne míaxɔ eƒe domenyinyi. Tete wolée hetu asi ʋume nɛ do go tso weingble la me, eye wowui.”
Azɔ le nu ƒoƒo na subɔsubɔhakplɔlawo me la, Yesu bia be: “Azɔ ne weingbleatɔ ava la, nuka wòawɔ na agbledela mawo mahã?”
Subɔsubɔhakplɔlawo ɖo eŋu be: “Atsrɔ̃ ame vlo siawo ŋɔdzitɔe, eye wòatsɔ weingble la ade asi na agbledela bubu, siwo atsɔ kutsetsewo nɛ ɖe woƒe ɣeyiɣi nyuiwo dzi.”
Woƒe esia gbɔgblɔ na wodrɔ̃ fɔbubuʋɔnu wo ɖokui esi woa ŋutɔwo menya o, elabena wole Israel-vi siwo nye “agbledela,” siwo le Israel-dukɔa, si nye Yehowa ƒe “weingble” la dem, la dome. Kutsetse si Yehowa le didim tso agbledela mawo sie nye Via si nye Mesia vavãtɔ la dzixɔxɔse. Esi wodo kpo ku ma tsetse ta la, Yesu xlɔ̃ nu wo be: “Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me [le Psalmo 118:22, 23] kpɔ bena: ‘Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe, [Yehowa] gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me’ o mahã? Eyakeŋuti mele egblɔm na mi bena: Woaxɔ mawufiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ, si atse ku la. Eye amesi ke ladze kpe sia dzi la, aŋe gudugudu; eye amesi ke dzi wòadze la, atui memie.”
Agbalẽfialawo kple nunɔlagãwo dze sii azɔ be yewo ŋu nya gblɔm Yesu le, eye wodi be yewoawu eya si nye “domenyila” si dze la. Eyata woaxɔ dziɖulanyenye le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me ƒe mɔnukpɔkpɔ la le wo si abe dukɔ ene, eye woaɖo “weingbledelawo” ƒe dukɔ yeye si atse ku siwo sɔ la anyi.
Esi subɔsubɔhakplɔlawo vɔ̃ ameha siwo bu Yesu be enye nyagblɔɖila ta la, womedze agbagba be yewoawui le ɣeyiɣi sia me o. Mateo 21:28-46; Marko 12:1-12; Luka 20:9-19; Yesaya 5:1-7.
▪ Amekawoe vi eve siwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋu gbãtɔa me la tsi tre ɖi na?
▪ Le kpɔɖeŋu evelia me la, amekawoe “aƒetɔ” la, “weingble” la, “agbledelawo,” “dɔlawo,” kple “domenyila” la tsi tre ɖi na?
▪ Nukae adzɔ ɖe “weingbledelawo” dzi, eye amekawoe axɔ ɖe wo teƒe?