Dzilawo ƒe Wɔƒe
Ðikeke mele eme o be ɖeviwo hehe be woatsi azu ame ɖɔʋuwo le xexeame egbea menye dɔ vi kura o.
UNITED STATES Dukɔa ƒe Tagbɔdɔdaƒe ŋlɔ nusi ŋu woke ɖo le numekuku si wowɔ le dzila siwo wobu be wokpɔ dzidzedze—esiwo ƒe viwo xɔ wu ƒe 21, eye “wo katã nye ame tsitsi ɖɔʋu siwo edze abe wole tɔtrɔm ɖe míaƒe hadomenɔnɔmewo ŋu nyuie ene,” ŋu la ɖi. Wobia dzila siawo be: ‘Le mia ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔ nu la, aɖaŋu kae nye nyuitɔ kekeake si miaɖo na dzila bubuwo?’ Ŋuɖoɖo siwo ame akpa gãtɔ na enye: ‘Milɔ̃ wo vevie,’ ‘mina hehe wo le mɔ si akpe ɖe wo ŋu nu,’ ‘mife kpli wo ɖekae,’ ‘mifia nu mia viwo ne woade vovo nyui kple vɔ̃ dome,’ ‘mide bubu mía nɔewo ŋu,’ ‘miɖo to wo nyuie,’ ‘mina mɔfiame wo tsɔ wu be mianɔ mo kam na wo,’ kple ‘migabia nusi wu woƒe ŋutete la tso wo si o.’
Nufialawo wɔa akpa vevi aɖe le ɖeviwo hehe me be woatsi azu ame ɖɔʋuwo
Gake menye dzilawo ɖeɖeko ŋkumee ɖeviwo hehe be woava zu ame tsitsi ɖɔʋuwo la kpɔ o. Nufialawo hã wɔa akpa vevi aɖe le esia me. Sukuɖaŋuɖola kpɔnuteƒe aɖe de dzesii be: “Sukudede ƒe taɖodzinu vevitɔe nye be wòakpe ɖe dzilawo ŋu woahe ɖeviwo woatsi azu ame ɖoŋuɖeŋuwo, siwo atsi le susu, ŋutilã, kple seselelãme gome nyuie.”
Eyata taɖodzinu ɖekae le dzilawo kple nufialawo siaa si—be woahe ɖeviwo woatsi azu ame ɖɔʋu siwo ase vivi le agbe me eye woate ŋu anɔ hadome.
Hadɔwɔlawo Wonye, Ke Menye Ðikelawo O
Gake kuxiwo doa mo ɖa ne dzilawo mekpe asi ɖe nufialawo ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, dzila aɖewo metsɔa ɖeke le wo viwo ƒe sukudede me kura o; bubuwo hã dina be yewo kple nufialawo yewoake ɖi. Franse-nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe gblɔ le nɔnɔme sia ŋu be: “Meganye nufiala ɖeka koe nye ʋuakula o. Esi dzilawo tsia dzi ɖe wo viwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu fũ ta la, wodzroa sukugbalẽwo me tsitotsito, wotsoa nya me le nufiafiamɔnuwo ƒe nyonyo ŋu heɖea ɖeklemi wo, eye wodoa dziku enumake zi gbãtɔ si wo vi mexɔ dzeside nyui o.” Nuwɔna mawo tɔgbe ate ŋu axɔ nufialawo ƒe gome le wo si.
Yehowa Ðasefowo bui be ne dzilawo kpe asi ɖe nufialawo ŋu, ne wotsɔ ɖe le wo viwo ƒe sukudede me vevie hekpe ɖe wo ŋu la, ade ɖeviawo dzi wu
Yehowa Ðasefowo bui be ne dzilawo kpe asi ɖe nufialawo ŋu, ne wotsɔ ɖe le wo viwo ƒe sukudede me vevie hekpe ɖe wo ŋu la, ade ɖeviawo dzi wu. Woxɔe se be asikpekpeɖeŋu ma le vevie ŋutɔ elabena wò nufiafiadɔ va le sesẽm ɖe edzi wu tsã.
Kuxi Siwo Le Sukuwo me Egbea
Esi amewo ƒe nuwɔna ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖoa sukuwo me ta la, kuxi siwo le amewo katã dzi megbea gege ɖe wo me o. Hadomekuxiwo va sẽ ɖe edzi kabakaba le ƒeawo me. Esi The New York Times nɔ nu ƒom tso nɔnɔme siwo le suku aɖe me le United States ŋu la, egblɔ be: “Sukuviawo dɔa alɔ̃ le sukuxɔ me, woŋlɔa nu ɖe xɔdomemɔwo dzi tsɔ doa ŋɔdzii na wo nɔewo, woɖia gbɔ sukuvi nyuiwo. . . . Sukuviawo katã kloe doa go kuxiwo abe vidzikpɔkpɔ, dzila siwo wode gaxɔ me ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ, kple sisi le nuvlowɔhawo nu ene. Sukuviawo ƒe akpa atɔ̃lia ƒe ɖeka kloe tsia aƒe gbesiagbe.”
Esi gavɔ̃ɖi wue nye alesi sukunuvlowɔwɔ le fievo dom le xexeame katã. Tudada kple hɛtɔtɔ ame atraɖii va xɔ ɖe dzrewɔwɔ siwo me wotea kame le ɣeaɖewoɣi teƒe. Lãnuwo va bɔ, amedzidzedze va do gã ɖe edzi, eye ɖeviwo va le ŋutasẽnu wɔm kabakaba, eye womegatsina kura hafi dzea egɔme o.
Nyateƒee, menye dukɔwo katãe dze ŋgɔ nɔnɔme dziŋɔ mawo o. Gake nufiala geɖe dze ŋgɔ nɔnɔme si woyɔ ɖe Franseawo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ Le Point me le xexeame katã: “Womegabua nufiala o; ŋusẽ megale esi o.”
Dzila siwo hea vi dzidzedzetɔe la kpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu
Bubumademade ŋusẽ ŋu sia de ɖeviwo katã afɔku gã aɖe me. Eyata Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoaƒã toɖoɖo kple bubudede ŋusẽ ŋu, siwo nye nɔnɔme siwo megale sukuwo me egbea o, ɖe yewo viwo me.