Ta Gbãtɔ
Blemanyagblɔɖila si ƒe Nyawo Sɔ na Egbeŋkekea
1, 2. (a) Nɔnɔme wɔnublanui ka teƒee míekpɔna le xexeame egbea? (b) Aleke United States sewɔha me tɔ aɖe ɖe eƒe dzitsitsi ɖe hadomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ ŋu gblɔe?
AMEKAE medi be yeavo tso kuxi siwo dze ŋgɔ ameƒomea egbea me o? Ke hã aleke gbegbe míaƒe didiawo doa kpo emevavae enye si! Ŋutifafa dzroa mí, gake aʋawɔwɔe ɖe kpe na mí. Míekpɔa ŋudzedze ɖe se kple ɖoɖo ŋu, gake míete ŋu léa adzodada, amewo gbɔ dɔdɔ sesẽe, kple amewuwu siwo le dzidzim ɖe edzi la nu o. Míedi be míaka ɖe mía haviwo dzi, gake ele be míado míaƒe ʋɔtruwo be míanɔ dedie. Míelɔ̃ mía viwo eye míedzea agbagba be míaƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe wo me, gake zi geɖe la, míenyana alesi míawɔ o ne wo hatiwo le ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe wo dzi.
2 Ðewohĩ míawɔ ɖeka kple Hiob, amesi gblɔ be amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ kpui la ‘yɔ fũ kple fuɖenamenuwo.’ (Hiob 14:1) Edze abe alea koŋue wòle egbea ene, elabena hadomegbenɔnɔ le gbegblẽm ɖe edzi fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. United States sewɔha me tɔ aɖe gblɔ be: “Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia wu enu azɔ ya, gake ewɔ nublanui ŋutɔ be xexeame ƒe nɔnɔme va sɔ fifia na hlɔ̃biabia kple adãnuwɔwɔ nyuie le gbevovodolawo, towo, kple subɔsubɔhawo dome wu tsã. . . . Míetɔ tsi míaƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ale gbegbe be míaƒe sɔhɛ geɖe tɔtɔ, dzi ɖe wo ƒo eye woɖo xaxa gã aɖe me. Míele nusiwo do tso dzilawo ƒe ɖekematsɔleme, srɔ̃gbegbe, ŋlɔmiwɔwɔ le ɖeviwo ŋu, ƒewuiviwo ƒe fufɔfɔ, sukudede ase mɔ dzi, atikevɔ̃ɖizazã, kple ablɔ siwo dzi ŋutasẽnuwɔwɔ yɔ fũ la teƒe kpɔm. Ele abe ɖe baba le míaƒe aƒe si te ŋu nɔ te ɖe anyigbaʋuʋu gã si míeyɔna be Dukɔwo Dome Nyaʋiʋlia nu la ɖum fifia ene.”
3. Biblia-gbalẽ ka koŋue naa etsɔme mɔkpɔkpɔ sua ame si?
3 Gake womegblẽ mí ɖi mɔkpɔkpɔmanɔsitɔe o. Anɔ ƒe 2,700 enye si va yi la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã ŋutsu aɖe le Titina Ɣedzeƒe wògblɔ nya vovovo siwo ŋu gɔmesese tɔxɛ le na mí egbea la ɖi. Woŋlɔ gbedasi siawo ɖe Biblia-gbalẽ si wotsɔ nyagblɔɖila ma ƒe ŋkɔ na me—eyae nye Yesaya. Amekae nye Yesaya, eye nukata míate ŋu agblɔ be eƒe nyagblɔɖi si wòŋlɔ ƒe akpe etɔ̃ kloe enye sia la nye kekeli na ameƒomea katã egbea?
Ame Dzɔdzɔe si Nɔ Xaxaɣi Me
4. Amekae nye Yesaya, eye ɣekaɣie wònye Yehowa ƒe nyagblɔɖila?
4 Yesaya ƒo nu tso eɖokui ŋu le eƒe agbalẽa ƒe kpukpui gbãtɔ me be yenye “Amoz vi,”a eye egblɔ na mí be Mawu ƒe nyagblɔɖilae yenye “le Yuda kple Yerusalem ŋu le Yuda-fiawo Uziya, Yotam, Axaz kple Xizkiya ŋɔli.” (Yesaya 1:1) Esia afia be Yesaya nye Mawu ƒe nyagblɔɖila na Yuda-dukɔa ƒe 46 ya teti, eye anye be edze egɔme le Uziya ƒe fiaɖuɣi—anye le ƒe 778 D.M.Ŋ. me.
5, 6. Aleke Yesaya ƒe ƒomegbenɔnɔ anya nɔ, eye nukatae?
5 Nu sue aɖe ko míenya le Yesaya ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu ne míetsɔe sɔ kple nusi míenya le nyagblɔɖila bubu aɖewo ŋu. Míenya be srɔ̃tɔe wònye eye be eyɔ srɔ̃a be “nyɔnu nyagblɔɖila.” (Yesaya 8:3) McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature gblɔ be dzesideŋkɔ sia fia be “menye ɖeko” Yesaya ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ “sɔ na eƒe dɔa ko o, ke edo ƒome kplii ŋutɔŋutɔ hã.” Ðewohĩ anye be wode nyagblɔɖidɔ bubu asi na Yesaya srɔ̃, abe alesi wònɔ le nyɔnu mawuvɔ̃la bubu aɖewo gome ene le blema Israel.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:4; Fiawo II, 22:14.
6 Ŋutsuvi eve ya teti nɔ Yesaya kple srɔ̃a si, eye ŋkɔ si wotsɔ na wo dometɔ ɖesiaɖe nye nyagblɔɖi. Sear-Yasub si nye woƒe ŋgɔgbevi la nɔ Yesaya ŋu esi wògblɔ Mawu ƒe gbedasiwo na Fia vɔ̃ɖi Axaz. (Yesaya 7:3) Edze ƒã be Yesaya kple srɔ̃a na ƒomea katã subɔ Mawu—kpɔɖeŋu nyui aɖee wonye na srɔ̃tɔwo egbea!
7. Ƒo nu tso nɔnɔme si nɔ Yuda le Yesaya ƒe ŋkekea me ŋu.
7 Yesaya kple eƒe ƒomea nɔ agbe le xaxaɣi aɖe me le Yuda-dukɔa ƒe ŋutinya me. Dunyahehe ƒe tɔtɔ bɔ, zãnuxɔxɔ gblẽ ʋɔnudrɔ̃ƒewo, eye alakpanuwɔwɔ gblẽ mawusubɔsubɔ si dzi wotu hadomegbenɔnɔ ɖo la me. Togbɛwo tame yɔ fũ kple vɔsamlekpui siwo woɖi na alakpamawuwo. Fiawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã do dutamawuwo subɔsubɔ ɖe ŋgɔ. Le kpɔɖeŋu me, menye ɖeko Axaz ɖe mɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu na eteviwo ko o ke eya ŋutɔ hã kpɔ gome le eme, eye wòna eya ŋutɔ viawo “to dzo me” tsɔ sa vɔe na Kanaantɔwo ƒe mawu Molex.b (Fiawo II, 16:3, 4; Kronika II, 28:3, 4) Eye nusiawo katã yi edzi le dukɔ si bla nu kple Yehowa la me!—Mose II, 19:5-8.
8. (a) Kpɔɖeŋu kae Fia Uziya kple Yotam ɖo ɖi, eye ɖe dukɔa wɔ ɖe woƒe mɔfiame dzia? (b) Aleke Yesaya ɖe dzinɔameƒo fiae le dukɔ dzeaglã la dome?
8 Gake Yesaya ŋɔlimetɔ aɖewo—kple fia ʋɛ aɖewo gɔ̃ hã—dze agbagba be yewoado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ eye esia dze na kafukafu. Wo dometɔ ɖekae nye Fia Uziya, amesi ‘wɔ nusi dze Yehowa ŋu.’ Ke hã le eƒe fiaɖuɣi la, amewo “gasa vɔ hedo dzudzɔ le nuxeƒewo.” (Fiawo II, 15:3, 4) Fia Yotam hã ‘wɔ nusi dze Yehowa ŋu.’ Gake “dukɔ la gale nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa ko.” (Kronika II, 27:2) Ẽ, Yuda-fiaɖuƒea nɔ nɔnɔme wɔnublanui aɖe me le gbɔgbɔ me kple le agbenyuinɔnɔ gome le Yesaya ƒe nyagblɔɖidɔa wɔɣi ƒe akpa gã aɖe. Dukɔ bliboa ŋe aɖaba ƒu nɔnɔme nyui ɖesiaɖe si woƒe fiawo ɖe fia la dzi. Eme kɔ be Mawu ƒe gbedasiwo gbɔgblɔ na dukɔ si ƒe to tri alea manye dɔ feŋui o. Ke hã esi Yehowa bia nya sia be, “Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí?” la, Yesaya mehe ɖe megbe o. Egblɔ sesĩe be: “Nyee nye esi, dɔm!”—Yesaya 6:8.
Xɔxɔgbedasi
9. Yesaya ƒe ŋkɔa gɔme ɖe, eye aleke esia do ƒome kple eƒe agbalẽa ƒe tanyae?
9 Yesaya ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Yehowa ƒe Xɔname,” eye míate ŋu agblɔ hã be esiae nye eƒe gbedasia ƒe tanya. Enye nyateƒe be Yesaya ƒe nyagblɔɖi aɖewo ku ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu ya. Ke hã xɔname nyatia dze le wo me nyuie. Enuenu la, Yesaya ƒoa nu tso alesi Yehowa aɖe Israel-viwo tso aboyo me le Babilon eye wòana woƒe ame susɔeawo natrɔ ayi Zion agbugbɔ atsyɔ̃ si nɔ anyigba ma ŋu tsã la aɖo nɛ la ŋu. Ðikeke mele eme o be nyagblɔɖi siwo ku ɖe wo dedu lɔlɔ̃a Yerusalem ŋu gbɔgblɔ kple eŋɔŋlɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa do dzidzɔ nɛ ŋutɔ!
10, 11. (a) Nukata Yesaya ƒe agbalẽa ka mí egbea? (b) Aleke Yesaya ƒe agbalẽa he susu yi Mesia la dzii?
10 Gake aleke ʋɔnudɔdrɔ̃ kple xɔxɔ gbedasi siawo ka míi? Dzidzɔtɔe la, menye Yuda-to eve fiaɖuƒea koe Yesaya gblɔ nya ɖi na o. Ke boŋ gɔmesese tɔxɛ aɖe le eƒe gbedasiawo ŋu na mí egbea. Yesaya ƒo nu tso alesi eteƒe madidi o Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe yayra wɔnukuwo va míaƒe anyigbaa dzii ŋu wònya se ŋutɔ. Esia ta Yesaya ƒe agbalẽa ƒe teƒe geɖe ku ɖe Mesia si ŋugbe wodo, amesi anye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia si aɖu dzi la ŋu. (Daniel 9:25; Yohanes 12:41) Kakaɖedzitɔe la, menye nudogoɖenunue wònye be ŋkɔ siwo nye Yesu kple Yesaya ƒe gɔmeɖeɖe ɖi wo nɔewo o, elabena Yesu ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔnametɔ.”
11 Ele eme be anɔ ƒe alafa adre le Yesaya ƒe ŋkekeawo megbe hafi wova dzi Yesu ya. Ke hã Yesaya ƒe agbalẽa me nyagblɔɖiwo ƒo nu tso Mesia la ŋu tsitotsito eye wode pɛpɛpɛ ale gbegbe be ɖeko wole abe Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ teƒekpɔla ƒe nuŋlɔɖi ene. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be le susu sia ta la, woyɔa Yesaya ƒe agbalẽa ɣeaɖewoɣi be “Nyanyuigbalẽ Atɔ̃lia.” Eyata mewɔ nuku kura o be Yesaya ƒe agbalẽa mee Yesu kple eƒe apostolowo yɔ nya tsoe enuenu wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe tsɔ ɖe amesi Mesia la nye fia wòdze ƒã.
12. Nukata míedi vevie be míasrɔ̃ Yesaya ƒe agbalẽa?
12 Yesaya ƒo nu tso “dziƒo yeye kple anyigba yeye” siwo me “fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu” eye amegãwo aɖu dzi ɖe ʋɔnudzɔdzɔedɔdrɔ̃ nu ŋu wònya se ŋutɔ. (Yesaya 32:1, 2; 65:17, 18; Petro II, 3:13) Eyata Yesaya ƒe agbalẽa he susu yi Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Mesia Yesu Kristo si woɖo Fiae te la ƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamea dzi. Dzideƒo ka gbegbee nye si wònye na mí be míatsɔ dzidzɔ anɔ mɔ kpɔm na ‘Yehowa ƒe xɔname’ la gbesiagbe! (Yesaya 25:9; 40:28-31) Eyata mina míatsɔ didi vevie adzro gbedasi xɔasi siwo le Yesaya ƒe agbalẽa me la me. Esia wɔwɔ ana míagaka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi geɖe wu. Akpe ɖe mía ŋu hã be kakaɖedzi si le mía si be Yehowae nye míaƒe xɔname ƒe Mawu la nu nagasẽ ɖe edzi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Menye Yesaya fofo Amoz la ke enye Amos si gblɔ nya ɖi le Uziya ƒe fiaɖuɣi ƒe gɔmedzedze eye wòŋlɔ Biblia-gbalẽ si wotsɔ eƒe ŋkɔ na la o.
b Ame aɖewo gblɔ be “to dzo me” ate ŋu afia ameŋukɔkɔ kɔnu aɖe ko. Gake edze le afisia be anye vɔsasa ŋutɔŋutɔe wowɔnɛ. Ðikeke aɖeke mele eme o be Kanaantɔwo kple Israel-vi xɔsegbelawo tsɔ ɖeviwo sa vɔe.—Mose V, 12:31; Psalmo 106:37, 38.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 7]
Amekae Nye Yesaya?
EƑE ŊKƆA GƆMEÐEÐE: “Yehowa ƒe Xɔname”
ƑOME: Srɔ̃tɔ si si viŋutsu eve ya teti nɔ
AFISI WÒNƆ: Yerusalem
ƑE SIWO WÒTSƆ SUBƆ: Ade ƒe 46 ya teti, tso ƒe 778 D.M.Ŋ. lɔƒo vaseɖe ɣeyiɣi aɖe le ƒe 732 D.M.Ŋ. megbe
EŊƆLI ME YUDA-FIAWO: Uziya, Yotam, Axaz, Xizkiya
EŊƆLI ME NYAGBLƆÐILAWO: Mixa, Hosea, Oded
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Yesaya kple srɔ̃a na tadedeagu na Mawu zu woƒe ƒome bliboa ƒe nuwɔna