INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jt axa 27-31
  • Nya Siwo Ðetsɔlemetɔwo Biana Zi Geɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Siwo Ðetsɔlemetɔwo Biana Zi Geɖe
  • Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
    “Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye”
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tɔtrɔ Va Mawu Vavã la Gbɔ
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
    Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
Kpɔ Bubuwo
Yehowa Ðasefowo—Amekawoe Wonye? Nukae Nye Woƒe Dzixɔse?
jt axa 27-31

Nya Siwo Ðetsɔlemetɔwo Biana Zi Geɖe

Ne Mawu nye lɔlɔ̃ la, ke nukata wòɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li?

MAWU ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu, eye ame miliɔn geɖe siwo le anyigba dzi tsɔe ɖo dɔe. Le kpɔɖeŋu me, wokpea aʋa, wodaa bɔmb ɖe ɖeviwo dome, wogblẽa anyigba la, eye wonaa nuɖuɖu vena. Ame miliɔn geɖe noa atama eye wokpɔa dzitodzito me kansa, wowɔa ahasi eye woxɔa nulɔdɔwo, wonoa aha wògbɔa eme eye wògblẽa nu le woƒe aklã ŋu, kple bubuwo. Amesiawo tɔgbe medi ŋutɔŋutɔ be woatsi vɔ̃ɖinyenye katã nu o. Emetsonuawo koe wodi be woaɖe ɖa. Ne woŋe nusi woƒã la, wogblɔna be, “Nukata wònye dzinyee wòdzɔ ɖo?” Eye wobua fɔ Mawu, abe alesi Lododowo 19:3 gblɔe ene be: “Amegbetɔ ƒe bometsitsie nana eƒe mɔ glɔ̃na; ke eƒe dzi nyrãna ɖe Yehowa ŋu.” (Lododowo 19:3) Eye ne ɖe Mawu ɖo asi woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ dzi hã la, woagblɔ be nukata woxɔ ewɔwɔ ƒe ablɔɖe le yewo si hã!

Susu vevitɔ si ta Yehowa ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋue nye be wòatsɔ aɖo Satana ƒe gbetɔame ŋui. Satana Abosam gblɔ be Mawu mate ŋu akpɔ amegbetɔwo le anyigba dzi siwo awɔ nuteƒe na Eyama le dodokpɔ me o. (Hiob 1:6-12; 2:1-10) Yehowa ɖe mɔ Satana li be wòakpɔ mɔnu aɖo kpe eƒe gbetɔamea dzi. (Mose II, 9:16) Satana yi edzi le xaxawo hem vɛ fifia be wòana amewo natsi tre ɖe Mawu ŋu, le esi wòle agbagba dzem be yeaɖo kpe yeƒe gbetɔamea dzi ta. (Nyaɖeɖefia 12:12) Gake Hiob yi edzi wɔ nuteƒe. Nenemae Yesu wɔ. Fifia Kristotɔ vavãwo hã wɔnɛ nenema.—Hiob 27:5; 31:6; Mateo 4:1-11; Petro I, 1:6, 7.

Madi be maxɔe se be paradisonyigba si dzi amewo anɔ agbe tegbee le ava, gake ɖe nu nyui ma gbegbe ate ŋu ava emea?

Biblia ɖo kpe nya sia dzi. Edze abe nya sia mate ŋu anye nyateƒe o ene le esi vɔ̃ɖinyenye le ameƒomea dome ƒe alafa geɖe enye sia ta. Yehowa wɔ anyigba eye wògblɔ na ameƒomea be woatsɔ ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo ayɔ edzii, amesiwo alé be na edzi numiemie kple lãwo ahayi edzi alé be nɛ wòanya kpɔ ke menye be woagblẽe o. (Kpɔ axa 12 kple 17.) Le esi teƒe be míabu be Paradiso ma si ŋugbe wodo la nyo akpa ta mate ŋu ava eme o la, ele be míabui be nɔnɔme wɔnublanui siwo li fifia boŋ nue wòle be woatsi le esi wogblẽ akpa ta. Paradiso ava xɔ ɖe eteƒe.

Aleke maɖo nya ŋu na amesiwo ɖua fewu gblɔna be Biblia nye nyakpakpa eye mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o?

Ŋugbedodo siawo dzi xɔxɔ se mefia be wole nusi mate ŋu ava eme o dzi xɔm le sesem o. ‘Nya si wose mee xɔse tsona.’ Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ naa nunya si le eme la dzena eye wònaa xɔse tsina ɖe edzi.—Romatɔwo 10:17; Hebritɔwo 11:1.

Biblia me nyawo ŋuti tomenukuku ɖo kpe Biblia me ŋutinya geɖe dzi be wode pɛpɛpɛ. Dzɔdzɔmeŋutinunya akuaku wɔa ɖeka kple Biblia. Nya siwo gbɔna la le Biblia me xoxoxo hafi xexemegbalẽnyalawo va de dzesi wo: nɔnɔme siwo me anyigba to le ewɔwɔ me la ƒe ɖoɖo nu nɔnɔ, alesi anyigba le nogoo, alesi womekui ɖe nanake ŋu le yame o, kple be xeviwo ʋuna yia teƒe bubuwo.—Mose I, ta 1; Yesaya 40:22; Hiob 26:7; Yeremya 8:7.

Nyagblɔɖi siwo va eme ɖo kpe edzi be Biblia me nyawo tso gbɔgbɔ me. Daniel gblɔ xexemefiaɖuƒewo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kple woƒe mumu, kpakple ɣeyiɣi si me Mesia la ava eye woawui la ɖi do ŋgɔ. (Daniel, ta 2, 8; 9:24-27) Nyagblɔɖi bubuwo gale eme vam egbea, siwo de dzesii be míele “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1-5; Mateo, ta 24) Nunyanyadoŋgɔ alea mele amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o. (Yesaya 41:23) Àte ŋu akpɔ kpeɖodzi bubuwo le agbalẽ siwo nye The Bible—God’s Word or Man’s? kple Is There a Creator Who Cares About You?, si Watchtower Bible and Tract Society ta me.

Aleke mawɔ anya alesi maɖo biabia siwo ku ɖe Biblia ŋu la ŋuti?

Ele be nàsrɔ̃ Biblia ahade ŋugble le eŋu, eye nànɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ biam le ɣeyiɣi ma ke me be wòafia mɔ wò. (Lododowo 15:28; Luka 11:9-13) Biblia gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.” (Yakobo 1:5) Azɔ hã Biblia-srɔ̃gbalẽwo li si anyo be nàsrɔ̃. Zi geɖe la, ehiã be ame bubuwo nakpe ɖe ŋuwò, abe alesi Filipo srɔ̃ nu kple Etiopiatɔ la ene. (Dɔwɔwɔwo 8:26-35) Yehowa Ðasefowo wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃wo kple ɖetsɔlemetɔwo le woƒe aƒewo me femaxee. Bia kpekpeɖeŋu sia wo faa.

Nukata ame geɖe tsia tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu eye wogblɔna nam be magasrɔ̃ nu kpli wo o?

Amewo tsi tre ɖe Yesu ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu eye egblɔ be woatsi tre ɖe ye yomedzelawo hã ŋu. Esime Yesu ƒe nufiafia wɔ dɔ ɖe ame aɖewo dzi la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo tsi tre ɖe eŋu gblɔ be: “Alo ɖe wòflu miawo hã mahã? Ðe amegãwo alo farisitɔwo dometɔ aɖe xɔ edzi se mahã?” (Yohanes 7:46-48; 15:20) Ame geɖe siwo gblɔna na wò be mègasrɔ̃ nu kple Ðasefowo o la menya nu geɖe tso wo ŋu o alo wobua nazã ɖe wo ŋu. Srɔ̃ nu kple Ðasefowo eye wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa be wò Biblia gɔmesese adzi ɖe dzi loo alo madzi ɖe edzi o hã.—Mateo 7:17-20.

Nukata Ðasefowo yia amesiwo le subɔsubɔha aɖe me xoxo gbɔ?

Wosrɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu le esia wɔwɔ me. Eyi Yudatɔwo gbɔ. Subɔsubɔha nɔ Yudatɔwo si, gake mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la o le mɔ geɖe nu. (Mateo 15:1-9) Subɔsubɔha ƒomevi aɖewo le dukɔ ɖesiaɖe si, eɖanye esi woyɔna be Kristotɔwo tɔ loo alo esi menye Kristotɔwo tɔ o. Ehiã vevie ŋutɔ be dzixɔse siwo wɔ ɖeka kple Mawu ŋutɔ ƒe Nya nanɔ amewo si, eye agbagba siwo Ðasefowo dzena be yewoakpe ɖe wo ŋu le esia wɔwɔ me la fia havilɔlɔ̃.

Ðe Ðasefowo xɔe se be yewoƒe subɔsubɔha koe nye nyuitɔa?

Ele be amesiame si ɖoa movevi ɖe eƒe subɔsubɔha ŋu nabu be eyae nye nyuitɔ. Ne mebunɛ nenema o la, ke nukata wòle eme ɖo? Woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Ele be ame naka ɖe edzi be yeate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo aɖo kpe yeƒe dzixɔsewo dzi, elabena xɔse vavãtɔ ɖeka koe li. Efesotɔwo 4:5 ɖo kpe esia dzi, eyɔ ‘Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka.’ Yesu melɔ̃ ɖe mɔɖeɖenuŋu ƒe susu si bɔ egbea si nye be mɔ geɖe, si nye subɔsubɔha geɖe, la katã ɖo ta xɔxɔ gbɔ dzi o. Nya si wògblɔ boŋue nye be: “Agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.” Yehowa Ðasefowo xɔe se be yewoke ɖe mɔ ma ŋu. Ne mele alea o la, anye ne woadi subɔsubɔha bubu.—Mateo 7:14.

Ðe woxɔe se be yewo koe akpɔ ɖeɖea?

Ao. Ame miliɔn geɖe siwo nɔ agbe le ƒe alafa siwo va yi me siwo menye Yehowa Ðasefowo o afɔ to tsitretsitsi me eye agbenɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ asu wo si. Ame geɖe siwo le agbe fifia ate ŋu ava nɔ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye ƒe akpa dzi hafi “xaxa gã” la nava, ale be woakpɔ ɖeɖe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ be mele be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m mía nɔewo o. Nusi dzena le gota gomee míekpɔna; Mawu ya kpɔa dzime. Ekpɔa nusianu nyuie eye wòdrɔ̃a ʋɔnu nublanuikpɔkpɔtɔe. Yesu si mee wòtsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ de, ke menye mía si mee o.—Mateo 7:1-5; 24:21; 25:31.

Gadzɔdzɔ kawoe wokpɔa mɔ na tso amesiwo dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo si?

Le gadzɔdzɔ gome la, apostolo Paulo gblɔ be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Womedzɔa ga le amewo si gbeɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo kple takpexɔwo me o. Wodaa aɖakawo ɖe teƒe siwo sɔ ale be amesiame si di be yeadzɔ nu nate ŋu adzɔe. Ame aɖeke menyaa nusi ame bubuwo dzɔna alo be wodzɔ nu o. Ame aɖewo te ŋu dzɔa nu geɖe wu ame bubuwo; ɖewohĩ ame aɖewo mate ŋu adzɔ naneke o. Yesu ɖe nukpɔsusu nyuitɔ fia esime wòƒo nu tso nudzɔɖaka si nɔ Yerusalem-gbedoxɔa me kple amesiwo nɔ nu dzɔm ŋu: Ŋutete si le ame si be wòana nu kple nunana ƒe gbɔgbɔe nye nu vevitɔ, ke menye ga home si wodzɔ ye o.—Luka 21:1-4.

Ne meva zu Yehowa Ðasefo la, ɖe woadi tso asinye be maɖe gbeƒã abe alesi wowɔnɛ enea?

Ne Paradiso si ŋugbe wodo le Kristo ƒe Fiaɖuƒea te ŋuti sidzedze geɖe su ame si la, edina be yeagblɔe na ame bubuwo. Wò hã àdii. Nyanyui wònye!—Dɔwɔwɔwo 5:41, 42.

Esia wɔwɔ nye mɔ vevi aɖe si dzi nàɖee afia le be yenye Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la. Woyɔ Yesu le Biblia me be enye “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ.” Esime wònɔ anyigba dzi la, eɖe gbeƒã be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ,” eye edɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ nenema ke. (Nyaɖeɖefia 3:14; Mateo 4:17; 10:7) Emegbe Yesu de se na eyomedzelawo be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, eye miafia nu wo.’ Egblɔe ɖi hã be hafi nuwuwua nava la, “woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.”—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Mɔ geɖe li siwo dzi míato agblɔ nyanyui sia. Zi geɖe la, dzeɖoɖo kple xɔlɔ̃wo kple ame nyanyɛwo ʋua mɔ ɖi na egbɔgblɔ. Amewo wɔnɛ to lɛtaŋɔŋlɔ alo telefon zazã me. Ame bubuwo ɖoa agbalẽ siwo wobu be emenyawo ado dzidzɔ na ame nyanyɛ aɖe ŋutɔ la ɖe wo to posu me. Esi Ðasefowo medi be yewoagblẽ ame aɖeke ɖi o ta la, wogblɔa woƒe gbedasia tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu.

Amekpekpe dodzidzɔname sia le Biblia me be: “Gbɔgbɔ la kple ŋugbetɔ la le gbɔgblɔm bena: Va! Eye amesi le esem la, negblɔ be: Va! Eye amesi tsikɔ le ewum la, neva; amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa.” (Nyaɖeɖefia 22:17) Ele be ame nalɔ̃ faa be yeaƒo nu tso Paradisonyigba kple yayra siwo anɔ edzi ŋu na ame bubuwo, eye wòatso dzi si yɔ fũ kple didi be woagblɔ nyanyui sia me.

Míeka ɖe edzi be biabia bubuwo anɔ asiwò le Yehowa Ðasefowo kple woƒe dzixɔsewo ŋu. Ðewohĩ nya aɖewo nye esiwo ŋu amewo ʋlia nya le. Míadi be míaɖo wò biabiawo ŋu. Wo katã mate ŋu ayi agbalẽ gbadza sia me o, eyata míekpe wò be nàbia Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me. Àte ŋu abia nya wo le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me alo ne wova gbɔwò le aƒewò me. Alo àte ŋu azã adrɛs si sɔ le ete aɖo wò biabiawo ɖe Jehovah’s Witnesses.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe